Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIATƆ̃LIA

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

Eʋli Mawu Ƒe Amewo Ta

1-3. (a) Nu ka tae Ester anya nɔ vɔvɔ̃m be yeayi ye srɔ̃ gbɔ? (b) Nyabiase kawo mee míadzro ku ɖe Ester ŋu?

ESTER le agbagba dzem be yealé dzi ɖe ƒo esime wòle tetem ɖe Susa fiasã la ƒe xɔxɔnu. Menɔ bɔbɔe nɛ o. Wotrɔ asi le fiasã la ƒe akpa sia akpa ŋu be wòana ame sia ame si age ɖe eme la nakpɔ ŋusẽ si gbegbe le ame si gbɔ Ester yina, si yɔa eɖokui be “fia gã la” si. Wotsɔ nyitsu toaʋalawo kple aŋutrɔdalawo ƒe kpetata siwo le amadede vovovowo me kple gli zɔzrɔ̃e siwo ŋu woɖe dzata ƒe nɔnɔmewɔwɔewo ɖo la ɖo atsyɔ̃ na fiasãa. Eƒe sɔtiwo le atsyɔ̃ɖoɖo tɔxɛ me, eye ale si wotui ɖe gɔmeɖoanyi nyadriwo dzi eye wòte ɖe Zagros To siwo ta me sno le ŋu le Choaspes tɔsisi si me kɔ la kasa hã wɔa dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Fia si gbɔ yim Ester le la ganye srɔ̃a hã.

2 Ɛ̃, srɔ̃ae wònye! Aleke gbegbe Axasweros to vovo na ŋutsu si Yuda ɖetugbui wɔnuteƒe ɖe sia ɖe adi be yeaɖe lae nye esi! * Ame sia menya naneke tso kpɔɖeŋu nyui si amewo abe Abraham, ame si wɔ Mawu ƒe gbe dzi ɖokuibɔbɔtɔe heɖo to srɔ̃a Sara ene, ɖo ɖi la ŋu o. (1 Mose 21:12) Fia la menya nu gobii aɖeke tso Ester ƒe Mawu, Yehowa, alo Eƒe Sewo ŋu o. Ke hã Axasweros nya Persiatɔwo ƒe sewo, eye wònya se si tsi tre ɖe nu si tututu Ester di be yeawɔ la hã ŋu. Eyae nye nu ka? Sea gblɔ be ame sia ame si ava do ɖe Persia fia la ŋkume evɔ womeyɔe hafi o la dze na ku. Womeyɔ Ester o, gake eyae nye ema yina fia la gbɔ. Esi wòte ɖe xɔxɔnu emetɔa ŋu, afi si fia la ate ŋu akpɔe tso eƒe fiazikpuia dzi le la, anya se le eɖokui me be evɔ na ye.—Xlẽ Ester 4:11; 5:1.

3 Nu ka tae wòde eƒe agbe afɔku me alea? Eye aleke míate ŋu asrɔ̃ nyɔnu ɖedzesi sia ƒe xɔse? Gbã la, na míakpɔ ale si wòdzɔe be ɖoƒe tɔxɛ sia va su Ester si be wòzu Persia fianyɔnui ɖa.

Ester Ŋuti Nya

4. Nu kae míenya tso Ester ŋu, eye aleke wòdzɔe be etɔgã ƒe vi Mardoxai va xɔe nyi?

4 Tsyɔ̃evie Ester nye. Míenya nu boo aɖeke tso edzilawo, siwo tsɔ ŋkɔ nɛ be Hadasa la, ŋu o. Le Hebrigbe me la, ŋkɔ siae woyɔna na gbe aɖe (myrtle) si ƒoa se ɣi dzeaniwo. Esi Ester dzilawo ku la, eƒe ƒometɔ dɔmenyola aɖe si ŋkɔe nye Mardoxai kpɔ eƒe nublanui hexɔe nyi. Mardoxai kple Ester wonye tɔgãtɔɖiviwo, ke Mardoxai tsi wui sãsãsã. Ena Ester va nɔ egbɔ le eƒe me, eye wòlé be nɛ abe vianyɔnu ene.—Ester 2:5-7, 15.

Susu nyuiwo li siwo ta Mardoxai aƒo adegbe le nyɔnuvi si wòxɔ nyi la ŋuti

5, 6. (a) Hehe ka ƒomevie Mardoxai na Ester? (b) Aleke agbea nɔ na Ester kple Mardoxai le Susa?

5 Mardoxai kple Ester nɔ Yudatɔ aboyome siwo nɔ Persia ƒe fiadua me la dome, eye anɔ eme be wodoa vlo wo le woƒe mawusubɔsubɔ kple Mawu ƒe Se si dzi wodzea agbagba be yewoawɔ ɖo la ta. Gake ɖikeke mele eme o be wo ame evea dome nɔ kplikplikpli le esi Mardoxai fiaa nui tso Yehowa, Mawu nublanuikpɔla si ɖe Eƒe amewo tso xaxa geɖe me va yi eye wògale wo ɖe ge ake la ŋu ta. (3 Mose 26:44, 45) Edze ƒãa be lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ ƒe kadodo nɔ Ester kple Mardoxai dome.

6 Edze abe Mardoxai nye subɔla le Susa fiasã me ene, eye woa kple fia la ƒe subɔla bubuwo nɔa fiasãa ƒe agbo nu zi geɖe. (Ester 2:19, 21; 3:3) Míenya nu si Ester nɔa wɔwɔm esime wònɔ tsitsim ya o, gake ɖewohĩ míate ŋu agblɔ be enɔ Mardoxai subɔm eye wòléa be na eƒe aƒemedɔwo wɔna nyuie. Woƒe aƒea anya nɔ nuto si me ame dahewo nɔ la me le tɔsisia ƒe go kemɛ dzi tso fiasã la gbɔ. Ðewohĩ elɔ̃a Susa ƒe asia me yiyi, afi si sikanutulawo, klosalonutulawo kple asitsala bubuwo tsɔa woƒe adzɔnuwo ɖoa asi ɖo la. Ester menya kura be ɣeyiɣi aɖe gbɔna si yeava nɔ nu mawo kpɔm gbe sia gbe o; menya ale si nuwo ava nɔ na ye le etsɔme o.

‘Edze Tugbe’

7. Nu ka tae woxɔ fianyɔnunyenyea le Wasti si, eye nu kae dzɔ le esia yome?

7 Gbe ɖeka, wobewobewo nɔ ɖiɖim le Susa ku ɖe tɔtɔ aɖe si ɖo fia ƒeme ŋu. Axasweros ɖo kplɔ̃ gã aɖe na eƒe amegãwo hetsɔ nuɖuɖu damiwo kple wain ɖo wo kɔ me, eye wòdɔ be woaɖakplɔ fiasrɔ̃ dzetugbe Wasti, si nɔ nu ɖum kple nyɔnuawo ɖe vovo la vɛ. Ke Wasti gbe vava. Ŋu kpe fia la, eye dzi kui, eya ta ebia eƒe aɖaŋuɖolawo be to kae woahe na Wasti hã. Aleke wotso nya mee? Woxɔ fianyɔnunyenyea le esi. Eyome fia ƒe dɔlawo te ɖetugbui leaƒe dzetugbewo didi le fiaɖuƒe bliboa me, bena fia la natia fianyɔnu yeye le wo dome.—Ester 1:1–2:4.

8. (a) Nu ka tae Mardoxai anya tsi dzi ɖe Ester ŋu vie esime wònɔ tsitsim? (b) Aleke nèsusu be míate ŋu awɔ nu wòawɔ ɖeka kple ale si Biblia ƒoa nu tso tugbedzedze ŋu? (Kpɔ Lododowo 31:30 hã.)

8 Míate ŋu akpɔ ale si wòanye dzidzɔ na Mardoxai ne ekpɔ Ester wòle tsitsim la ɖaa le susu me. Anye dada nɛ be ezu nyɔnu dzetugbe nyui aɖe, gake atsi dzi vie ɖe ale si etsɔme ava nɔ nɛ ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nyɔnuvi la nyo, eye wòdze tugbe.” (Ester 2:7) Biblia da sɔ le ale si wòƒoa nu tso tugbedzedze ŋui la me—tugbedzedze nyoa ame ŋu, gake ele be nunya kple ɖokuibɔbɔ hã nakpe ɖe eŋu. Esiawo manɔmee la, ameɖokuikpɔkpɔ, dada kple nɔnɔme gbegblẽ bubuwoe kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi. (Xlẽ Lododowo 11:22.) Wò hã ède dzesii be nya sia nye nyateƒea? Ðe Ester ƒe tugbedzedzea ava ɖe vi nɛ loo alo ana wòado eɖokui ɖe dzi? Míava kpɔe ɖa.

9. (a) Nu kae fia ƒe dɔlawo wɔ esi wode dzesii be Ester dze tugbe, eye nu ka tae wòanya te ɖe edzi be wòadzo le Mardoxai gbɔ? (b) Nu ka tae Mardoxai ɖe mɔ Ester ɖe dzimaxɔsetɔ trɔ̃subɔla? (Kpɔ aɖakaa hã.)

9 Fia ƒe dɔlawo de dzesii be Ester dze tugbe. Eya ta wokplɔe dzoe le Mardoxai gbɔ yi ɖe fiasã gã la me, le tɔsisia ƒe go kemɛ dzi tsɔ kpe ɖe ɖetugbui bubu siwo ŋu woke ɖo la ŋu. (Ester 2:8) Kaklã sia anya te ɖe wo ame evea siaa dzi ŋutɔ, elabena wonɔ abe vi kple tɔ ene. Mardoxai madi be nyɔnuvi si yexɔ nyi la naɖe dzimaxɔsetɔ aɖeke o, ne fiae wònye gɔ̃ hã. Gake naneke meli wòawɔ o. * Hafi woakplɔ Ester adzoe la, anya lé to ɖe Mardoxai ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu nyuie ŋutɔ! Anɔ nya geɖewo biam eɖokui esime wokplɔe yina Susa fiasãa me. Aleke agbea ava nɔ nɛ le afi ma?

Eƒe “Nu Nyo Ame Siwo Katã Kpɔe La Ŋu”

10, 11. (a) Mɔ ka nue nɔnɔme si me Ester va kpɔ eɖokui le la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi bɔbɔe le? (b) Aleke Mardoxai ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na Ester?

10 Ester va kpɔ eɖokui le nɔnɔme siwo to vovo kura na esi me wònɔ tsã la me. Eva le ‘nyɔnuvi geɖe’ siwo wokplɔ tso Persia Fiaɖuƒe gã la ƒe nuto vovovowo me la dome. Woƒe dekɔnuwo, gbegbɔgblɔwo kple nɔnɔmewo anya to vovo ŋutɔ. Le fia ƒe dɔla Hegai ƒe dzikpɔkpɔ te la, ele be woanɔ asi trɔm le ɖetugbuiawo ŋu etɔxɛe be woagadze tugbe ɖe edzi, eye esia bia be woanɔ ami ʋeʋĩwo sim na wo ƒe ɖeka blibo. (Ester 2:8, 12) Le nɔnɔme sia me la, anɔ bɔbɔe ŋutɔ be ɖetugbuiawo nava tsi dzi fũu akpa ɖe woƒe dzedzeme ŋu, eye ameɖokuikpɔkpɔ kple hoʋiʋli naɖo wo dome. Aleke Ester wɔ nui?

11 Ame bubu aɖeke mele anyigba dzi si atsi dzi ɖe Ester ŋu wu Mardoxai o. Nuŋlɔɖia gblɔ be gbe sia gbe la, edzea agbagba tena ɖe nyɔnuwo ƒe aƒe la ŋu ale si wòate ŋui, be yeanya Ester ƒe fɔfɔme. (Ester 2:11) Ne exɔ nyatakakawo tso Ester ŋu, ɖewohĩ to aƒea me subɔviwo dzi la, aƒo adegbe le eŋuti abe vifofo ene godoo. Nu ka tae?

12, 13. (a) Aleke Ester ƒe nu wɔ dɔ ɖe ame siwo dome wònɔ la dzi? (b) Nu ka tae dzi anya dzɔ Mardoxai be wòasee be Ester megblɔe na ame aɖeke be Yudatɔe yenye o?

12 Ester ƒe nu dze Hegai ŋu ale gbegbe be eve enu ŋutɔ. Ena dɔlanyɔnuvi adre Ester, eye wòna teƒe nyuitɔe le nyɔnuawo ƒe aƒea me. Nuŋlɔɖia gblɔ gɔ̃ hã be: “Ester [ƒe] nu nyo ame siwo katã kpɔe la ŋu.” (Ester 2:9, 15) Eƒe tugbedzedze ta koe eƒe nu nyo ame sia ame ŋu nenema? Ao, nu bubuwo gaɖe dzesi le Ester ŋu wu ema.

Ester nya be ɖokuibɔbɔ kple nunya xɔ asi sãsãsã wu tugbedzedze

13 Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ester meyɔ eƒe dukɔ kple wo de o, elabena Mardoxai de se nɛ be, megagblɔe o.” (Ester 2:10) Mardoxai de se nɛ be megagblɔ na ame aɖeke be Yudatɔe yenye o, le esi wòanya de dzesii be Persia fiaƒemetɔwo bua nazã ɖe yewo detɔwo ŋu ta. Aleke gbegbe dzi anya dzɔe enye esi esi wòva nya be Ester gakpɔtɔ le yeƒe gbe dzi wɔm hele nu wɔm le nunya me togbɔ be mele ye kpɔm o hã!

14. Aleke sɔhɛwo ate ŋu asrɔ̃ Ester ƒe kpɔɖeŋua egbea?

14 Sɔhɛwo ate ŋu ado dzidzɔ na wo dzilawo kple ame siwo gbɔ wole la ƒe dzi le mɔ ma ke nu egbea. Ne wo dzilawo mele wo kpɔm o gɔ̃ hã la, woate ŋu aƒo asa na nu gbegblẽ wɔwɔ ahalé nu nyui wɔwɔ me ɖe asi nenye be ame siwo dome wole la metsɔa ɖeke le naneke me o, wonɔa agbe gbegblẽ, alo wonye ame wɔadãwo gɔ̃ hã. Ne wowɔe alea la, woado dzidzɔ na wo Fofo si le dziƒo la ƒe dzi, abe ale si Ester wɔe ene.—Xlẽ Lododowo 27:11.

15, 16. (a) Aleke wòdzɔe be Ester ƒe nu lé dzi na fia la? (b) Nu ka tae wòanya sesẽ na Ester be wòatrɔ ɖe eƒe nɔnɔme yeyea ŋu?

15 Esi ɣeyiɣia de be woakplɔ Ester ayi fia ŋkume la, woɖe mɔ nɛ be wòabia nu sia nu si wòsusu be ahiã ye, ɖewohĩ be wòatsɔ awɔ leke na eɖokui geɖe wu. Ke hã ebɔbɔ eɖokui, mebia nu bubu aɖeke tsɔ wu nu si Hegai ɖo nɛ la o. (Ester 2:15) Anya de dzesii be tugbedzedze ɖeɖe dzaa mana yeƒe nu nanyo fia la ŋu o; enyae be ɖokuibɔbɔ kple tamebɔbɔɖeanyi nye nɔnɔme nyoameŋu siwo mele ame geɖe si le fiasã ma me o. Nyateƒeea?

16 Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Fia la lɔ̃ Ester wu nyɔnuwo katã, eƒe nu nyo eŋu, eye wòve enu wu ɖetugbuiawo katã, etsɔ fiakuku la ɖɔ nɛ, eye wòtsɔe ɖo fiasrɔ̃e ɖe Wasti teƒe.’ (Ester 2:17) Ester zu fianyɔnu yeyea azɔ, ezu fia si kpɔ ŋusẽ wu le anyigba katã dzi ɣemaɣi la srɔ̃! Tɔtrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu anya sesẽ na Yuda ɖetugbui tsɛ sia ŋutɔ. Ðe ɖoƒe yeye sia na wòdo eɖokui ɖe dzi heva zu dadala? Kura o!

17. (a) Mɔ kawo nue Ester yi edzi ɖo to ame si xɔe nyi la le? (b) Nu ka tae kpɔɖeŋu si Ester ɖo ɖi la le vevie na mí egbea?

17 Ester yi edzi ɖo to Mardoxai, ame si xɔe nyi la. Megblɔe na ame aɖeke be Yudatɔe yenye o. Gawu la, esi Mardoxai se be ame aɖewo ɖo nugbe be yewoawu Axasweros eye wòka eta na Ester la, Ester ɖo toe heto nyaa na fia la, si wɔe be nugbeɖolawo ƒe tameɖoɖoa meva eme o. (Ester 2:20-23) Ester yi edzi ɖee fia be yexɔ yeƒe Mawu la dzi se to eɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo me. Kpɔɖeŋu si Ester ɖo ɖi la hiã egbea ŋutɔ, elabena ame geɖe mebua toɖoɖo be enye nɔnɔme nyui egbea o; tosesẽ kple aglãdzedze boŋue xɔ aƒe ɖi! Gake ame siwo si xɔse akuakua le ya kpɔe be toɖoɖo le vevie ŋutɔ, abe ale si wònɔ le Ester gome ene.

Wodo Ester Ƒe Xɔse Kpɔ

18. (a) Anye nu ka tae Mardoxai gbe be yemabɔbɔ ade ta agu na Haman o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Aleke ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo srɔ̃a Mardoxai ƒe kpɔɖeŋua egbea?

18 Ðoƒe kɔkɔ va su ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Haman si le Axasweros ƒe fiasã me. Fia la tsɔ Haman ɖo dɔnunɔlawo ƒe tatɔe, si wɔe be wòva zu eƒe aɖaŋuɖola vevitɔ kple gɔmenɔla le fiaɖuƒea me. Fia la de se gɔ̃ hã be ame sia ame si kpɔ amegã sia la nabɔbɔ ade ta agu nɛ. (Ester 3:1-4) Gake sedede sia zu taɖui na Mardoxai, elabena enya be ele be yeaɖo to fia la, gake madi be yeaxa ɖe ema ta agbe toɖoɖo Mawu o. Nya lae nye be Agagitɔe Haman nye. Eya ta anɔ eme be Agag, Amalekitɔwo ƒe fia, si Mawu ƒe nyagblɔɖila Samuel wu la, ƒe dzidzimevie wònye. (1 Sam. 15:33) Amalekitɔwo vɔ̃ɖi ale gbegbe be wova zu futɔ na Yehowa kpakple Israel viwo. Le Mawu gbɔ la, Amalekitɔwo dze na tsɔtsrɔ̃. * (5 Mose 25:19) Aleke Yudatɔ wɔnuteƒe abɔbɔ ade ta agu na Amalekitɔ? Esia manya wɔ na Mardoxai o, eya ta egbe gbidii. Ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔlawo le gɔmeɖose si nye, “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo” la dzi wɔm va de asi na egbe, togbɔ be esia nana woƒe agbe ɖoa afɔku me hã.—Dɔw. 5:29.

19. Nu kae Haman ɖo be yeawɔ, eye aleke wòƒo nya ɖe fia la nui?

19 Dzi ku Haman vevie. Gake Mardoxai ɖeɖe ko wuwu mesu nɛ o. Eya ta eɖoe be yeawu Mardoxai detɔwo katã! Haman ƒo nu gbegblẽ tso Yudatɔwo ŋu na fia la tsɔ ƒo nya ɖe enu. Megblɔ be Yudatɔwoe yewɔnɛ o, gake eƒo nu tso wo ŋu abe ame siwo meɖi naneke o ene esi wògblɔ be ‘wokaka, eye woma ɖe dukɔwo dome.’ Gawu la, egblɔ be womewɔa fia ƒe sewo dzi o, si fia be wonye aglãdzela vɔ̃ɖiwo. Edo ŋugbe be yeatsɔ ga gbogbo aɖe ade fia ƒe nu xɔasiwo dzraɖoƒe be woatsɔe axe fe na ame siwo awu Yudatɔ siwo katã le fiaɖuƒea me. * Axasweros ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋkɔsigɛ na Haman be wòatsɔe atre se si wòɖo be yeade la nu.—Ester 3:5-10.

20, 21. (a) Aleke gbeƒã si Haman na woɖe la na Mardoxai kple Yudatɔ siwo katã le Persia Fiaɖuƒea me la se le wo ɖokui me? (b) Nu kae Mardoxai ɖe kuku na Ester be wòawɔ?

20 Ema megbe kpuie la, duxɔlawo do sɔwo kple du ɖo ta fiaɖuƒe gã ma ƒe afi sia afi hele kufia si wotso na Yudatɔwo la ŋuti gbeƒã ɖem na wo. Yudatɔ siwo trɔ tso aboyo me le Babilon yi Yerusalem la nɔ agbagba dzem be yewoagbugbɔ dua, si ŋu gli mele akpɔ eta o la atso. Bu ale si gbegbe woase le wo ɖokui me ne wose gbeƒãɖeɖea le keke afi ma ke ŋu kpɔ. Ðewohĩ Mardoxai bu woawo kple exɔlɔ̃wo kpakple ƒometɔ siwo le Susa la ŋu esi wòse gbeƒãɖeɖe dziŋɔ ma. Etɔtɔ ale gbegbe, ale wòdze eƒe awuwo, eta akpanya hekɔ afi ɖe tame, eye wònɔ avi dzi kple ɣli le dua titina. Ke Haman ya bɔbɔ nɔ anyi kple fia la wole aha nom. Nuxaxa si gbegbe wòdo na Yudatɔ gbogbo mawo kple wo xɔlɔ̃ siwo le Susa ya metsɔ fu lãme nɛ kura o.—Xlẽ Ester 3:12–4:1.

21 Mardoxai nya be ele be yeaɖe afɔ. Gake nu ka wɔ ge wòala? Ester se nu tso Mardoxai ƒe nuxaxaa ŋu, eye wòɖo awuwo ɖee be wòado, ke egbe be woagafa akɔ na ye o. Ðewohĩ tso ɣeaɖeɣi ke la, ebua nu si tae eƒe Mawu, Yehowa, ɖe mɔ wokplɔ Ester, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, dzoe le egbɔ wòva zu fia si nye trɔ̃subɔla la srɔ̃ ŋu. Ke eva le egɔme sem azɔ. Mardoxai ɖo du ɖe fianyɔnu Ester heƒo koko nɛ be wòaɖe kuku na fia la ɖe “eƒe dukɔ la ta.”—Ester 4:4-8.

22. Nu ka tae Ester nɔ vɔvɔ̃m be yeado ɖe ye srɔ̃ si nye fia la ŋkume? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

22 Dzidzi anya ƒo Ester esi wòse nya ma. Esiae nye eƒe xɔse ƒe dodokpɔ gãtɔ. Vɔvɔ̃ ɖoe, eye esia dze kɔtɛ le ŋuɖoɖo si wòna Mardoxai la me. Eɖo ŋku fia la ƒe sededea dzi na Mardoxai. Eyae nye be ne womeyɔ ame aɖe hafi wòva fia ŋkume o la, woawui, negbe ɖe fia la do eƒe sikafiatikplɔ ɖe ame la ko hafi wòatsi agbe. Ne Ester bu nu si dzɔ ɖe Wasti dzi le esi wògbe fia la ŋkume vava esime wòyɔe ŋu la, ɖe susu aɖe li si ta wòasusu be woakpɔ nublanui na yea? Ester gblɔ na Mardoxai be ŋkeke 30 sɔŋue nye ema fia la meyɔ ye o! Esi ŋkeke geɖee nye ema womegayɔe kpɔ o ta la, etɔ dzɔ be wòasusui be ɖewohĩ yeƒe nu meganyo fia sia, si ƒe susu tea ŋu trɔna kpata la, ŋu o. *Ester 4:9-11.

23. (a) Nya kae Mardoxai gblɔ na Ester tsɔ do ŋusẽ eƒe xɔse? (b) Nu ka tae Mardoxai nye kpɔɖeŋu nyui aɖe si wòle be míasrɔ̃?

23 Mardoxai ɖo nya ŋu na Ester ŋkubiãtɔe tsɔ do ŋusẽ eƒe xɔse. Eka ɖe edzi nɛ be ne meɖe afɔ o la, ɖeɖe atso afi bubu ava na Yudatɔwo. Ke ɖe Ester ya akpɔ mɔ be yeado le eme ne yometitia va? Le afi sia la, Mardoxai ɖee fia be yexɔ Yehowa, ame si maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ yeƒe amewo ɖa ne yeƒe ŋugbedodowo nado kpo emevava o, la dzi se bliboe. (Yos. 23:14) Mardoxai gblɔ na Ester be: “Ðewohĩ ɣeyiɣi sia tae fianyenye la su asiwò ɖo.” (Ester 4:12-14) Ðe mele be míasrɔ̃ Mardoxai ƒe kpɔɖeŋua oa? Eka ɖe eƒe Mawu, Yehowa, dzi bliboe. Ke míawo ya ɖe?—Lod. 3:5, 6.

Xɔse Si Sẽ Wu Vɔvɔ̃ Na Ku

24. Aleke Ester ɖe xɔse kple dzinɔameƒo fiae?

24 Nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ Ester azɔ. Egblɔ na Mardoxai be wòana yewo detɔwo natsi nu adɔ kpli ye ŋkeke etɔ̃, eye eƒe nyataƒonya kpui si ɖe xɔse kple dzideƒo fia la zu nya nyanyɛ va de asi na egbe. Egblɔ be: “Ne meku la, ɖe meku!” (Ester 4:15-17) Anɔ eme be medo gbe ɖa vevie kpɔ abe ale si wòwɔe le ŋkeke etɔ̃ mawo me ene o. Mlɔeba ɣeyiɣia de be wòaɖe afɔ. Edo eƒe fiawu nyuitɔ hewɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeƒe nu nanyo fia la ŋu, eye wòyi.

Ester de eƒe agbe afɔku me be yeatsɔ akpɔ Mawu ƒe amewo ta

25. Ðɔ ale si nuwo va yii esime Ester do ɖe srɔ̃a ŋkume.

25 Abe ale si wòdze le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene la, Ester yi ɖe fiasãa me. Bu ale si wòatsi dzodzodzoe ahanɔ gbe dom ɖa vevie le dzi me ŋu kpɔ. Ege ɖe xɔxɔnua hekpɔ Axasweros wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi. Ðewohĩ elé ŋku ɖe fiaa ŋu be yeakpɔ be aleke wòɖo moe hã. Ale si wotrɔ asi le eƒe taɖa kple ge ŋu wòŋlɔ nyuie kple ale si wokpa eƒe ge ɖe nɔnɔme tɔxɛ me la na eƒe ŋkume ɖe dzesi. Ne ehiã be Ester nalala sẽe la, ke manɔ tsɔtsɔm nɛ kura o. Gake ema hã nu va yi, eye srɔ̃a kpɔe azɔ. Ester kpɔkpɔ awɔ mo yaa nɛ godoo, gake ekɔ ŋkume ɖee. Edo eƒe sikafiatikplɔ ɖe Ester!—Ester 5:1, 2.

26. Nu ka tae Kristotɔ vavãwo hiã dzideƒo abe Ester ene, eye nu ka tae míate ŋu agblɔ be dɔ geɖe ganɔ ŋgɔ na Ester wòawɔ?

26 Mɔnukpɔkpɔ su Ester si be wòatsɔ eƒe nyaa aɖo fia la ŋkume azɔ. Eɖo ŋu ɖe eƒe Mawu ŋu eye wòʋli wo detɔwo ta. Esia nye xɔseɖeɖefia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe na Mawu subɔlawo katã va de asi na egbea. Kristotɔ vavã siwo li egbea dea asixɔxɔ kpɔɖeŋu siawo ŋu ŋutɔ. Yesu gblɔ be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ aɖe dzesi le ye yomedzela vavãwo ŋu. (Xlẽ Yohanes 13:34, 35.) Ebia be dzi nanɔ ame ƒo abe Ester ene hafi wòate ŋu aɖe lɔlɔ̃ ma ƒomevi afia. Gake afɔ ma si Ester ɖe gbe ma gbe be yeatsɔ aʋli Mawu ƒe amewo ta la nye dɔ si gbegbe dze ŋgɔe la ƒe gɔmedzedze ko. Aleke wòawɔ ana fia la naxɔe ase be Haman, si nye eƒe aɖaŋuɖola vevitɔ la nye nugbeɖola vɔ̃ɖi? Nu kae wòate ŋu awɔ atsɔ axɔ na wo detɔwo? Míadzro biabia siawo me le ta si kplɔe ɖo me.

^ mm. 2 Agbalẽnyala geɖe xɔe se be Axasweros ye nye Xerxes I, ame si ɖu fia ɖe Persia Fiaɖuƒea dzi le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze.

^ mm. 9 Kpɔ aɖaka si nye “Nya Siwo Amewo Bia Tso Ester Ŋu,” si le Ta 16 lia me.

^ mm. 18 Ðewohĩ Haman le Amalekitɔ siwo tsi agbe la ƒe mamlɛtɔwo dome, elabena wotsrɔ̃ ‘woƒe susɔeawo’ le keke Fia Xizkiya ŋɔli ke.—1 Kron. 4:43.

^ mm. 19 Klosalo talento 10,000 ye Haman do ŋugbe be yeaxe. Home ma ade dɔlar miliɔn geɖe egbea. Ne Axasweros ye nye Xerxes I la, ke susu si Haman do ɖa la adze eŋu ŋutɔ. Xerxes hiã ga geɖe be yeatsɔ awɔ aʋa si wòɖo xoxoxo be yeawɔ kple Helatɔwo la, evɔ meva ɖu aʋaa dzi gɔ̃ hã o.

^ mm. 22 Xerxes I nye ame si wonya nyuie ɖe ale si eƒe susu tea ŋu trɔna kpata kple eƒe adãwɔwɔ ta. Esia ƒe kpɔɖeŋuwo dze le Hela ŋutinyaŋlɔla Herodotus ƒe nuŋlɔɖiwo me ku ɖe aʋa si Xerxes ho ɖe Hela ŋu la me. Fia la de se be woatsiã tɔdziʋuwo ɖe wo nɔewo nu ɖekae va se ɖe esime wòazu tɔdzisasrã si dzi woazɔ atso Hellespont tsimɔa. Esi ahom aɖe gblẽ tɔdzisasrãa la, Xerxes na wotso ta le eŋuti ɖaŋuwɔlawo nu, eye wòna eƒe amewo ɖe ati ɖe tsia dzi nɔ ƒoƒom esime wonɔ fiƒodenyawo xlẽm kple gbe sesĩ bene wòanye “tohehe” na tsia. Le aʋa ma ke me, esi ŋutsu kesinɔtɔ aɖe ɖe kuku be womegana ye viŋutsu naɖo asrafohaa me o la, Xerxes na wofe ɖevia ɖe eve hetsɔ eƒe kukua ɖo agbae be wòanye nuxlɔ̃ame na ame bubuwo.