Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA EWOLIA

Eʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

Eʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

1, 2. (a) Fu ka kpem Eliya ƒe dukɔmeviwo nɔ? (b) Ame kawoe tsi tsitre ɖe Eliya ŋu le Karmel Toa dzi?

ELIYA nɔ ameha la kpɔm esime wonɔ Karmel Toa liam kudɔkudɔe. Togbɔ be ŋu mekpɔ ke nyuie o hã la, ahedada kple hiãkame si nɔ fu wɔm wo ya dze le wo ŋu gaglãa. Ƒe etɔ̃ kple afã ƒe kuɖiɖia gblẽ nu le wo ŋu ŋutɔ.

2 Baal ƒe nyagblɔɖila dadala 450 siwo lé fu Eliya, si nye Yehowa ƒe nyagblɔɖila, kaɖikaɖi la hã nɔ wo dome. Fianyɔnu Izebel na wowu Yehowa subɔla geɖe, ke hã Eliya ya gakpɔtɔ tsi tsitre ɖe Baal subɔsubɔ ŋu vevie. Gake ɣeyiɣi didi kae wòle esia wɔ ge ase ɖo? Ðewohĩ nunɔla mawo susui be ame ɖeka mate ŋu akpe yewo katã dzi gbeɖe o. (1 Fia. 18:4, 19, 20) Fia Axab hã nɔ eƒe tasiaɖam me va. Eya hã melɔ̃ Eliya ƒe nya kura o.

3, 4. (a) Nu ka tae vɔvɔ̃ anya ɖo Eliya esime ŋkeke vevi la ɖo edzi? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?

3 Nyagblɔɖila sia le nane si teƒe mekpɔ le agbe me kpɔ o la kpɔ ge gbe ma gbe. Eliya ɖo ŋku anyi, eye wòkpɔe be ɣeyiɣia le dedem azɔ be nyui kple vɔ̃ dome hoʋiʋli sesẽ si tɔgbi xexea mekpɔ kpɔ o la nadze egɔme. Aleke wòse le eɖokui me esime ŋkekea ɖo edzi? Esi Eliya nye “amegbetɔ si ƒe seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo” ta la, vɔvɔ̃ anya ɖoe. (Xlẽ Yakobo 5:17.) Ke hã míate ŋu aka ɖe nu ɖeka aɖe ya dzi: Esi Eliya ɖeka nɔ xɔsemanɔsitɔ mawo, woƒe fia xɔsegbelaa kple nunɔla amewula mawo dome la, ase le eɖokui me godoo be yetsi akogo.—1 Fia. 18:22.

4 Gake nu kae kplɔ Israel de nɔnɔme sesẽ sia me? Eye aleke ŋutinya sia ka wòe? Na míadzro xɔse ƒe kpɔɖeŋu si Eliya ɖo ɖi la kple nu vevi si míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ egbea la me.

Ɣeyiɣi Didi Aɖe Ƒe Hoʋiʋli Ðo Eƒe Sesẽaƒe

5, 6. (a) Hoʋiʋli sesẽ kae nɔ edzi yim le Israel? (b) Aleke Fia Axab do dziku na Yehowa vevie?

5 Le Eliya ƒe agbenɔɣi ƒe akpa gãtɔ me la, ekpɔ eteƒe wogbe nu le tadedeagu vavãtɔ, si nye nu vevitɔ na eƒe amewo kple woƒe dukɔa la gbɔ kura, gake mete ŋu wɔ naneke tso eŋu o. Nya lae nye be, tiatia sesẽ aɖe wɔwɔ dze ŋgɔ Israel ɣeyiɣi didi aɖee nye ema ku ɖe tadedeagu dzadzɛtɔ kple alakpatɔ, Yehowa Mawu subɔsubɔ kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Ke le Eliya ƒe ŋkekea me la, trɔ̃subɔsubɔ gava do gã ɖe edzi.

6 Fia Axab do dziku na Yehowa vevie. Eɖe Izebel, si nye Zidon fia ƒe vinyɔnu. Izebel ɖoe kplikpaa be yeana Baal subɔsubɔ naxɔ aƒe ɖe Israel nyigba la katã dzi eye yeaɖe Yehowa subɔsubɔ ya ɖa kura. Eteƒe medidi o, eva kpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃a Axab dzi keŋkeŋ. Axab tu gbedoxɔ heɖi vɔsamlekpui aɖe na Baal, eye eya ŋutɔ xɔ ŋgɔ le tadedeagu na trɔ̃ sia me.—1 Fia. 16:30-33.

7. (a) Nu ka tae Baal subɔsubɔ nyɔ ŋu nenema gbegbe ɖo? (b) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Biblia metsi tsitre ɖe eɖokui ŋu le nya si wògblɔ ku ɖe ɣeyiɣi si Eliya ƒe ŋkekea me kuɖiɖia xɔ ŋu o? (Kpɔ aɖakaa hã.)

7 Nu kae na Baal subɔsubɔ nye ŋunyɔnu nenema gbegbe ɖo? Woto edzi ble Israel hena ame geɖe de megbe le Mawu vavã la ŋu. Enye subɔsubɔ si me nuwɔna nyɔŋuwo kple ŋutasẽnuwo bɔ ɖo. Gbedoxɔ me gbolowɔwɔ si me ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpɔa gome le, gbɔdɔnuwɔna ɖigbɔwo kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe gɔ̃ hã yia edzi le eme. Yehowa tso ɖe nɔnɔmea ŋu esi wòdɔ Eliya ɖe Axab gbɔ be wòana wòanya be ku aɖi le anyigbaa dzi va se ɖe esime Mawu ƒe nyagblɔɖila la gblɔ be enu natso. (1 Fia. 17:1) Ƒe geɖe va yi hafi Eliya gaɖe eɖokui fia Axab ake hegblɔ nɛ be wòaƒo dukɔ la kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo nu ƒu ɖe Karmel Toa tame. *

Le mɔ aɖe nu la, nu siwo ɖe dzesi le Baal subɔsubɔ me la gale edzi yim vevie egbea

8. Nusɔsrɔ̃ kae le Baal subɔsubɔ ƒe ŋutinyaa me na mí egbea?

8 Gake nusɔsrɔ̃ kae le hoʋiʋli ma me na mí egbea? Ame aɖewo asusui be Baal subɔsubɔ ŋuti nyaa meka mí egbea o, le esi Baal ƒe gbedoxɔwo kple vɔsamlekpuiwo megali egbea o ta. Gake menye blemaŋutinya dzro aɖe koe nuŋlɔɖi sia nye o. (Rom. 15:4) Ŋkɔnya “Baal” gɔmee nye “nutɔ” alo “aƒetɔ” le Hebrigbe me. Yehowa gblɔ na eƒe dukɔa be woatia ye yeanye woƒe “baal,” alo wo srɔ̃ŋutsu si tɔ wonye. (Yes. 54:5) Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be amewo gasubɔa aƒetɔ vovovowo kokoko le esi teƒe be woasubɔ Mawu Ŋusẽkatãtɔ la oa? Nya lae nye be, amewo ɖatsɔ woƒe agbe ɖo anyi ɖe ga, dɔwɔɖui, modzakaɖeɖe, gbɔdɔdɔ ƒe vivisese, alo mawu gbogbo manyaxlẽ siwo wosubɔna ɖe Yehowa teƒe ta o, aƒetɔ aɖee nye ema subɔm wole. (Mat. 6:24; xlẽ Romatɔwo 6:16.) Le mɔ aɖe nu la, nu siwo ɖe dzesi le Baal subɔsubɔ me la gale edzi yim vevie egbea. Ŋugbledede le hoʋiʋli ma si yi edzi le Yehowa kple Baal dome le blema la ƒe ŋutinyaa ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuitɔ le ame si míasubɔ gome.

Mɔ Ka Nue Israel Viwo Nɔ ‘Adzɔ Evee Ðum’ Le?

9. (a) Nu ka tae Karmel To la nye afi si sɔ nyuie be woaklo nu le Baal subɔsubɔ dzi le? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Nya kae Eliya gblɔ na dukɔ la?

9 Ne ame aɖe tɔ ɖe Karmel Toa dzi la, ate ŋu akpɔ nutoa me nyuie—tso Kison tɔʋua, si le toa gɔme ɖaa dzi yi Ƒu Gã La (Mediterranea Ƒua), si te ɖe afi ma ŋu dzi, va ɖo Libanon to siwo le dziehe gome ʋĩi la dzi. * Ke hã, esi ɣe dze le ŋkeke vevi ma dzi la, nutoa ƒe dzedzeme wɔ nublanui. Anyigba wɔnu sia si Yehowa tsɔ na Abraham ƒe dzidzimeviwo la va zu dzogbenyigba si ŋdɔ ɖu wòƒu kplakplakpla le esi Mawu ƒe amewo ŋutɔ to woƒe bometsitsi dzi gblẽe ta! Esi dukɔ la va ƒo ƒu ɖe afi ma la, Eliya te ɖe wo ŋu gblɔ na wo be: ‘Va se ɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo? Nenye Yehowae nye Mawu vavã la, midze eyome, eye nenye Baal ye la, midze eyome!’—1 Fia. 18:21.

10. Aleke Eliya ƒe dukɔmeviwo ‘nɔ adzɔ evee ɖum,’ eye nyateƒenya vevi kae woŋlɔ be?

10 Nya si Eliya bia be, ‘Va se ɖe ɣekaɣi miaɖu adzɔ evee ase ɖo?’ la gɔme ɖe? Nya lae nye be, ame mawo mekpɔe be ehiã be yewoawɔ tiatia le Yehowa subɔsubɔ kple Baal subɔsubɔ dome o. Wosusui be yewoate ŋu awɔ evea siaa—be yewoate ŋu ato yewoƒe kɔnu nyɔŋu mawo dzi ana Baal nave yewo nu aganɔ mɔ kpɔm hã be Yehowa Mawu nayra yewo. Ðewohĩ wosusui be Baal ayra yewoƒe agblemenuwo kple lãhawo, eye ‘aʋakɔwo ƒe Mawu, Yehowa,’ ya akpɔ yewo ta le aʋawɔwɔ me. (1 Sam. 17:45) Gake woŋlɔ nyateƒenya vevi aɖe si gale ɣaɣla ɖe ame gbogbo aɖewo egbea la be. Eyae nye be Yehowa medina be woasubɔ nu bubu aɖeke kpe ɖe ye ŋu o. Ebia ɖokuitsɔtsɔna blibo tso esubɔlawo si, eye edze nɛ hã. Mekpɔa ŋudzedze ɖe xɔsetsakatsaka ŋu o; enyɔa ŋu nɛ gɔ̃ hã!Xlẽ  2 Mose 20:5.

11. Aleke nèsusu be nya si Eliya gblɔ le Karmel Toa dzi la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagbugbɔ alé ŋku ɖe nu siwo le vevie na mí le agbe me kple ale si míele Mawu subɔmee ŋu?

11 Eya ta Israel vi mawo nɔ abe ame aɖe si le agbagba dzem be yeato mɔ eve dzi le ɣeyiɣi ɖeka me ene. Vodada ma tɔgbie ame geɖe wɔna egbea, eye woɖea mɔ “baal” alo “aƒetɔ” bubuwo va kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzi, si nana wotutua Mawu subɔsubɔ ya ɖe aga. Toɖoɖo nya si Eliya tsɔ ɖo Israel viwo ŋkume be woadzudzɔ adzɔ evee ɖuɖu la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagbugbɔ alé ŋku ɖe nu siwo le vevie na mí le agbe me kple ale si míele Mawu subɔmee ŋu.

Dodokpɔ Vevi Aɖe

12, 13. (a) Dodokpɔ kae Eliya gblɔ be yewoawɔ? (b) Aleke míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe Yehowa dzi abe ale si Eliya wɔe ene?

12 Azɔ Eliya doe ɖa be yewoawɔ dodokpɔ aɖe. Mesesẽ kura o. Ebia tso Baal ƒe nunɔlawo si be woaɖi vɔsamlekpui ahatsɔ vɔsanu aɖo edzi; emegbe woado gbe ɖa na woƒe mawua be wòatɔ dzo vɔsanua. Nenema kee Eliya hã awɔ. Egblɔ be: “Mawu, si atsɔ dzo atɔe la, eyae nye Mawu [vavã la].” Eliya ya nya ame si nye Mawu vavã la xoxo. Exɔ edzi se ale gbegbe be mevɔ̃ be yeana mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe yeƒe tsitretsiɖeŋulawo o. Eɖe mɔ na Baal ƒe nyagblɔɖilawo be woawɔe gbã. Eya ta woawo ŋutɔwo tia nyitsu si woatsɔ asa vɔ lae, eye woyɔ Baal ŋkɔ. *1 Fia. 18:24, 25.

13 Nukunu mawo megadzɔna le míaƒe ɣeyiɣia me ya o. Ke hã, Yehowa metrɔ o. Míate ŋu aka ɖe eyama dzi abe ale si ko Eliya ka ɖe edzii ene. Le kpɔɖeŋu me, ne amewo melɔ̃ ɖe Biblia ƒe nufiafia aɖe dzi o la, mele be míavɔ̃ be míaɖe mɔ na wo woagblɔ woƒe susu o. Abe Eliya ene la, míate ŋu akpɔ mɔ be Mawu vavã la akpɔ nyaa gbɔ. Míewɔa esia ne míeɖoa ŋu ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si kpena ɖe ame ŋu wòwɔa “ɖɔɖɔɖo,” la ŋu, ke menye ɖe mía ŋutɔ mía ɖokui ŋu o.—2 Tim. 3:16.

Eliya kpɔe kɔtɛ be alakpanuwɔwɔ ɖigbɔ aɖe koe Baal subɔsubɔ nye, eye wòdi be Mawu ƒe amewo ŋutɔ nakpɔe be ameflunue wònye vavã

14. Aleke Eliya ɖe alɔme le Baal ƒe nyagblɔɖilawo ŋui, eye nu ka tae?

14 Baal ƒe nyagblɔɖilawo dzra woƒe vɔsanua ɖo hede asi woƒe mawua yɔyɔ me. Wonɔ ɣlidodo dzi be: “Baal, tɔ na mí!” Wole edzi nenema gaƒoƒo geɖe wòglo. Biblia gblɔ be: “Ke gbe aɖeke meɖi o, eye ame aɖeke metɔ o.” Esi ɣe ɖo ta la, Eliya te fewuɖuɖu le wo ŋu henɔ gbɔgblɔm alɔmeɖeɖetɔe be, ɖewohĩ Baal mevo ne wòaɖo eŋu na wo o, alo be eyi nugodo, alo ele alɔ̃ dɔm eye ele be ame aɖe nayi aɖanyɔe. Eliya de dzi ƒo na alakpanuwɔla mawo be: “Mido ɣli sesĩe ko.” Ekpɔe kɔtɛ be alakpanuwɔwɔ ɖigbɔ aɖe koe Baal subɔsubɔ nye, eye wòdi be Mawu ƒe amewo ŋutɔ nakpɔe be ameflunue wònye vavã.—1 Fia. 18:26, 27.

15. Aleke nu si dzɔ ɖe Baal ƒe nunɔlawo dzi la ɖe ale si gbegbe wònye bometsitsi be woatia aƒetɔ bubu tsɔ wu Yehowa la fia?

15 Esia na dzo gaɖo Baal ƒe nunɔlawo me ɖe edzi, eye ‘wodo ɣli sesĩe, eye wotsɔ yi kple akplɔ de abi wo ɖokuiwo ŋu le woƒe kɔnu la nu, va se ɖe esime ʋu do le wo ŋu.’ Gake gbeɖegbeɖea koe! ‘Gbe aɖeke meɖi o, ame aɖeke metɔ o, eye ame aɖeke meɖo to o.’ (1 Fia. 18:28, 29) Nyateƒee, Baal meli ŋutɔ gɔ̃ hã o. Nane ko wònye Satana to vɛ be yeatsɔ ahe amewo ɖa le Yehowa ŋu. Nyateƒeae nye be aƒetɔ bubu tiatia tsɔ wu Yehowa nana ame ɖua ŋukpe.Xlẽ  Psalmo 25:3; 115:4-8.

Wokpɔ Ta Na Nya La

16. (a) Esi Eliya ɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpuia ɖo le Karmel Toa dzi la, nu ka dzie esia anya ɖo ŋkui na ameawo? (b) Mɔ ka nue Eliya gaɖee fia le be yeka ɖe yeƒe Mawua dzi?

16 Le ɣetrɔ me la, eɖo Eliya hã dzi be wòasa vɔ. Eɖɔ Yehowa ƒe vɔsamlekpui aɖe si anɔ eme godoo be ame siwo tsi tsitre ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu gbã la ɖo. Kpe 12 ye wòzã, eye ɖewohĩ ewɔ esia tsɔ ɖo ŋku edzi na Israel to 10 fiaɖuƒea me tɔwo be, Se si wotsɔ na to 12-awo katã la gakpɔtɔ bla wo kokoko. Azɔ etsɔ eƒe vɔsalãa ɖo vɔsamlekpuia dzi, eye wòna wokɔ tsi, si ɖewohĩ woku tso Mediterranea Ƒua, si te ɖe afi ma ŋu me la, ɖe nu sia nu dzi wòƒo tsi bekee. Ena woɖe ʋe ƒo xlã vɔsamlekpuia gɔ̃ hã, eye wokɔ tsi ɖe eme wòyɔ banaa. Ena mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe Baal ƒe nyagblɔɖilawo, gake mewɔe nenema na Yehowa ya o—elabena eka ɖe eƒe Mawu la dzi ale gbegbe.—1 Fia. 18:30-35.

Eliya ƒe gbedodoɖaa ɖee fia be egatsɔ ɖe le eme na eƒe amewo kokoko, elabena edi vevie be Yehowa natrɔ “woƒe dziwo” ɖe eɖokui ŋu

17. Aleke Eliya ƒe gbedodoɖaa ɖe nu siwo le vevie nɛ wu la fia, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ne míele gbe dom ɖa?

17 Esi nu sia nu sɔ gbe vɔ la, Eliya do gbe ɖa. Gbedodoɖa sia si me kɔ la ɖe nu siwo koŋ nɔ vevie na Eliya wu la fia wòdze ƒãa. Nu gbãtɔ si nɔ vevie nɛ ye nye be, edi be woanyae be Yehowae nye “Mawu le Israel,” ke menye Baal ye o. Evelia, edi be ame sia ame nanyae be Yehowa ƒe subɔlae yenye; eya ta ele be woatsɔ ŋutikɔkɔe kple kafukafu katã ana Mawu. Mlɔeba la, eɖee fia be yegatsɔ ɖe le eme na yeƒe amewo kokoko, elabena edi vevie be Yehowa natrɔ “woƒe dziwo” ɖe eɖokui ŋu. (1 Fia. 18:36, 37) Togbɔ be woawo ŋutɔwo ƒe xɔsemanɔamesie wɔe be fukpekpe gbogbo siawo va wo dzi hã la, Eliya galɔ̃ wo kokoko. Ne míele gbe dom ɖa na Mawu la, ɖe míawo hã míate ŋu aɖe ɖokuibɔbɔ afia, atsɔ ɖe le Mawu ƒe ŋkɔa me ahase veve ɖe ame siwo hiã kpekpeɖeŋu la nua?

18, 19. (a) Aleke Yehowa ɖo Eliya ƒe gbedodoɖaa ŋui? (b) Nu kae Eliya ɖe gbe na ameawo be woawɔ, eye nu ka tae Baal ƒe nunɔlawo medze na nublanuikpɔkpɔ aɖeke o?

18 Hafi Eliya nado gbea ɖa la, ɖewohĩ ameha si nɔ afi ma la nɔ wo ɖokuiwo biam be ɖe Yehowa hã ado kpo nu ahazu alakpatɔ, abe ale si wònɔ le Baal gome ene hã. Gake kasia wòawu gbedodoɖaa nu ko la, wokpɔ ŋuɖoɖo na biabia ma. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete dzo tso Yehowa gbɔ va fiã vɔsalã la, nakeawo, kpeawo kple anyigba, eye wòɖuɖɔ tsi, si le ʋea me hã keŋkeŋ.” (1 Fia. 18:38) Gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖo wɔdɔɖeamedzi kae nye esi! Aleke ameawo wɔ nui?

“Tete dzo tso Yehowa gbɔ va”

19 Wo katã wodo ɣli gblɔ be: “Yehowae nye Mawu [vavã la], Yehowae nye Mawu [vavã la]!” (1 Fia. 18:39) Wova kpɔ Mawu vavã la dze sii mlɔeba. Ke hã, womekpɔ ɖe xɔse vavã aɖeke fia haɖe o. Le nyateƒe me la, be ame nakpɔ dzo wòage tso dziƒo wòanye gbedodoɖa aɖe ŋu ɖoɖo hafi alɔ̃ ɖe edzi be Yehowae nye Mawu vavã la menye xɔseɖeɖefia si de edeƒe o. Eya ta Eliya bia be woawɔ nu si de ŋgɔ wu ema. Ebia tso wo si be woawɔ nu si wòle na wo be woawɔ ƒe gbogbo aɖewoe nye ema hafi la azɔ, si nye be woawɔ Yehowa ƒe Sea dzi. Mawu ƒe Sea bia be woawu aʋatsonyagblɔɖilawo kple trɔ̃subɔlawo. (5 Mose 13:5-9) Baal ƒe nunɔla siawo lé fu Yehowa Mawu kaɖikaɖi, eye woɖonɛ koŋ wɔa nu si tsi tsitre ɖe eƒe tameɖoɖowo ŋu. Ðe wòle be woakpɔ nublanui na woa? Ðe woawo ya wokpɔ nublanui na ɖevi maɖifɔ mawo katã siwo wotɔa dzoe agbagbee na Baal la? (Xlẽ Lododowo 21:13; Yer. 19:5) Ame mawo medze na nublanuikpɔkpɔ aɖeke o! Eya ta Eliya ɖe gbe be woawu wo, eye wowu wo hã vavã.—1 Fia. 18:40.

20. Nu ka tae nya si ɖikelawo gblɔna egbea ku ɖe ale si Eliya wu Baal ƒe nunɔlawoe ŋu la mele eteƒe o?

20 Ðewohĩ ɖikelawo aʋli nya egbea be ale si Karmel Toa dzi nudzɔdzɔa va wu enui la menyo o. Ame aɖewo atsi dzimaɖi be subɔsubɔ me zazɛ̃nyahelawo atsɔ ŋutinya ma aʋli ŋutasẽnu siwo wowɔna le mawusubɔsubɔ ƒe ŋkɔ me la ta. Eye ewɔ nublanui be subɔsubɔ me zazɛ̃nyahela sẽŋuta geɖewo li egbea. Gake menye zazɛ̃nyahelae Eliya ya nye o. Yehowae tso afia dzɔdzɔe be Baal ƒe nyagblɔɖilawo dze ku, ke Eliya ya la, Yehowa teƒenɔla koe wònye. Gawu la, Kristotɔ vavãwo nyae be yewomate ŋu atsɔ yi ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu abe ale si Eliya wɔe ene o. Le Mesia ƒe vava megbe la, dzidzenu si kplɔa Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã lae nye nya si Kristo gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe, elabena ame siwo katã tsɔa yi la, yi nue woatsi.” (Mat. 26:52) Yehowa ana Via nadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe amewo le etsɔme.

21. Aleke Eliya ƒe kpɔɖeŋua sɔ na Kristotɔ vavãwo egbea?

21 Nu si wobia tso Kristotɔ vavãwo sie nye be woanɔ agbe le xɔse me. (Yoh. 3:16) Míewɔa esia ne míesrɔ̃a nuteƒewɔlawo abe Eliya ene ƒe kpɔɖeŋu. Esubɔ Yehowa ɖeka ko, eye wòde dzi ƒo na ame bubuwo be woawo hã woawɔe nenema. Eɖee fia dzinɔameƒotɔe be subɔsubɔ si zãm Satana nɔ tsɔ nɔ amewo hem ɖa le Yehowa ŋu la nye ameflunu. Eye eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ nyawo gbɔ tsɔ wu be wòaɖo dzi ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutetewo ŋu ahawɔ ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu. Eliya ʋli tadedeagu dzadzɛa ta. Mina mí katã míasrɔ̃ eƒe xɔse!

^ mm. 9 Zi geɖe la, gbewo daa ama ɖe Karmel Toa dzi, elabena ya si ƒona yia toa dzi la lɔa tsi tso atsiaƒua dzi, si wɔnɛ be tsi kple zãmu dzana le toa dzi edziedzi. Esi wònye wosusuna be Baal ye nana tsi dzana ta la, edze ƒãa be to sia nye teƒe vevi aɖe na Baal subɔlawo. Eya ta esɔ nyuie ŋutɔ be wotia Karmel To sia si dzi ƒu kplakplakpla la be woaklo nu le Baal subɔsubɔ dzi le afi ma be enye ameflunu.

^ mm. 12 Enyo be míade dzesii be, Eliya gblɔ na wo be: “Migaɖe dzo de ete o.” Biblia ŋuti nunyala aɖewo gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, trɔ̃subɔla mawo zãa vɔsamlekpui siwo gɔme woɖea do ɖo, si ame aɖeke menyana o, si wɔnɛ be wòdzena na amewo be ɖe dzoa lé nukutɔe.