Mika 5:1-15

  • Dziɖula la ƒe gãnyenye ade anyigba ƒe mlɔenu ke (1-6)

    • Dziɖula la atso Betlehem (2)

  • Ame mamlɛawo anɔ abe zãmu kple dzata ene (7-9)

  • Woakɔ anyigba la ŋu (10-15)

5  “Oo vinyɔnu si dzi futɔwo dze,Èle ɖokuiwò sim azɔ;Woɖe to ɖe mí.+ Wotsɔ ati ƒo tome na Israel ƒe ʋɔnudrɔ̃la la.+   Oo wò, Betlehem Efrata,+Wò, si le sue akpa be woabu ɖe Yuda ƒe duwo* dome la,Mewòe ame si anye dziɖula le Israel la ado tso nam,+Ame si dzɔɣi tso blemablema ke, tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke.   Eya ta Mawu atsɔ wo ade asiVa se ɖe esime nyɔnu si le ku lém la nadzi vi. Eye dziɖula la nɔvi mamlɛawo atrɔ agbɔ va Israel-viwo gbɔ.   Atso, eye wòakplɔ wo le Yehowa ƒe ŋusẽ+Kple eƒe Mawu Yehowa ƒe ŋkɔ ƒe gãnyenye me. Eye woanɔ anyi dedie,+Elabena eƒe gãnyenye ade anyigba ƒe mlɔenu ke.+   Ahe ŋutifafa vɛ.+ Ne Asiriatɔ la va míaƒe anyigba dzi, eye wòɖo afɔ míaƒe mɔ́ sesẽwo me la,+Míawo hã míadɔ lãkplɔvi adre, ɛ̃, amegã* enyi tso amegbetɔviwo dome ɖe eŋu.   Woatsɔ yi ɖe Asiria-nyigba la+Kple Nimrod ƒe anyigba+ la ŋu le eƒe agbowo nu. Eye ne Asiriatɔ+ la va míaƒe anyigba dzi,Eye wòɖo afɔ míaƒe nutoa me la, aɖe mí tso esi me.   Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔ geɖewo dome,Abe zãmu tso Yehowa gbɔKple tsidzadza ɖe gbe dzi,Si mekpɔa ame aɖeke sinu o,Eye melalaa amegbetɔviwo o la ene.   Yakob ƒe ame mamlɛawo anɔ dukɔwo dome,Woanɔ ameha geɖewo domeAbe dzata le gbemelãwo dome ene,Abe dzatatsui* si ne eto alẽhawo dome la,Wòdzea nu dzi hevuvua nu,Ke xɔnametɔ aɖeke menɔa anyi o la ene.   Woado wò alɔ ɖe dzi ɖe wò ketɔwo ŋu,Eye woatsrɔ̃ wò futɔwo katã.” 10  Yehowa be: “Gbe ma gbe la,Matsrɔ̃ wò sɔwo le dowòme, eye magblẽ wò tasiaɖamwo. 11  Matsrɔ̃ duwo le wò anyigba dzi,Eye magbã wò mɔ́ sesẽwo katã aƒu anyi. 12  Matɔ te wò dzosasa,*Eye akunyawɔla aɖeke maganɔ mewò o.+ 13  Matsrɔ̃ wò legbawo kple wò trɔ̃sɔtiwo le dowòme,Eye màgade ta agu na wò asinudɔwɔwɔwo azɔ o.+ 14  Maho wò Aserawo*+ ɖa le dowòme,Eye matsrɔ̃ wò duwo. 15  Mabia hlɔ̃ dukɔ siwo meɖo tom o laLe dɔmedzoe kple dziku me.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “hlɔ̃wo.”
Alo, “kplɔla.”
Alo, “dzatatsui tokɔdza.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Matsrɔ̃ dzosasa ɖa le asiwò me.”