Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIETƆ̃LIA

Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

Esrɔ̃ Nu Tso Eƒe Vodadawo Me

1, 2. (a) Kuxi kae Yona he va eya ŋutɔ kple tɔdziʋu si me wòle la kulawo dzi? (b) Aleke Yona ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

YONA adi vevie be ne anya wɔ la, yeatsi ya ƒe hoowɔwɔ mawo nu. Ya dziŋɔ aɖe nɔ ƒoƒom to tɔdziʋua ƒe abalatiwo, abalaawo kple eŋukawo me hele ɖiɖim sesĩe; ƒutsotsoe gagã siwo hã kɔ ŋutɔ la va le gbagbãm ɖe tɔdziʋua ƒe axawo dzi sesĩe, si na be tɔdziʋu bliboa ƒe ʋuƒowo le ŋeŋem. Menye nu siawo koe le fu ɖem na Yona o, ke boŋ esi gavɔ̃ɖi wue nye ɣli si dom tɔdziʋukulawo kple woƒe ʋumefia le esime wole agbagba dzem be yewoana tɔdziʋua naganyrɔ o. Yona kpɔe be ŋutsu siawo katã le tsɔtsrɔ̃ ge kpuie le ye ta!

2 Aleke wòdzɔe be Yona va ɖo nɔnɔme sesẽ sia me? Edze agɔ gã aɖe le eƒe Mawu, Yehowa, dzi. Agɔ kae wòdze? Ðe esia gblẽ woa kple Mawu dome keŋkeŋua? Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe le nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo me. Le kpɔɖeŋu me, Yona ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si wòate ŋu adzɔe be ame siwo si xɔse vavã le gɔ̃ hã natra kple ale si woate ŋu awɔ ɖɔɖɔɖoe.

Nyagblɔɖila Aɖe Si Tso Galilea

3-5. (a) Ne Yona ƒe nu va susu me na amewo la, nu ka dzie woƒe susu yina zi geɖe? (b) Nu kae míenya tso Yona ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (d) Nu ka tae Yona ƒe nyagblɔɖidɔa menɔ bɔbɔe nɛ o?

3 Ne amewo ɖo ŋku Yona dzi la, zi geɖe la, edzena abe woƒe susu katã nɔa nɔnɔme manyoameŋu siwo wòɖe fia, abe esime meɖo to o alo esime wòdo kpo nublanuikpɔkpɔ la gɔ̃ hã dzi ene. Gake nu nyui geɖewo li míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ. Ðo ŋku edzi be Yehowa Mawu tia Yona be wòanye yeƒe nyagblɔɖila. Ne ame mawɔnuteƒe alo nu madzɔmadzɔ wɔla aɖee wònye la, anye ne Yehowa matiae be wòawɔ dɔ gã sia gbegbe o.

Nɔnɔme nyui geɖewo hã nɔ Yona si

4 Biblia gblɔ nya ʋɛ aɖewo na mí tso Yona ƒe dzidzime kple afi si wòtso ŋu. (Xlẽ 2 Fiawo 14:25.) Etso Gat-Xefer, si didi tso Nazaret gbɔ kilometa ene pɛ ko, eye Nazaret sia ye Yesu Kristo va nɔ tsi le ƒe alafa enyi aɖewo megbe. * Yona wɔ eƒe nyagblɔɖidɔa le Fia Yerobeam II, si nye Israel to ewo fiaɖuƒea ƒe fia, la ƒe dziɖuɣi. Eliya ku keke gbe aɖe gbe ke; Elisa, nyagblɔɖila si va ɖe eyome la hã ku le Yerobeam fofo ƒe dziɖuɣi. Togbɔ be Yehowa zã nyagblɔɖila mawo tsɔ ɖe Baal subɔsubɔ ɖa le Israel hã la, Israel viwo ɖoe koŋ gade megbe ake. Fia aɖe si wɔa ‘nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume’ ye va nɔ anyigba la dzi ɖum azɔ. (2 Fia. 14:24) Eya ta Yona ƒe nyagblɔɖidɔa manya nɔ bɔbɔe nɛ kura o. Ke hã, ewɔ dɔ sia nuteƒewɔwɔtɔe.

5 Ke gbe ɖeka la, nyametsotso vevi aɖe dze ŋgɔ Yona. Yehowa de dɔ aɖe asi nɛ, gake Yona bui be dɔa sesẽ akpa. Dɔ kae Yehowa de esi?

“Tso, Nàyi Niniwe”

6. Dɔ kae Yehowa de asi na Yona, eye nu ka tae wòdze abe ɖe wòsesẽ ŋutɔ ene?

6 Yehowa gblɔ na Yona be: “Tso, nàyi Niniwe, du gã la me, eye nàgblɔ nya ɖi ɖe eŋu; elabena woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ va ŋkunyeme.” (Yona 1:2) Mesesẽ be míakpɔ nu si tae dɔ sia dze dɔ sesẽ ŋutɔ na Yona o. Niniwe le Galilea ƒe ɣedzeƒe gome hedidi tso egbɔ abe kilometa 800 ene, eye anɔ abe ɣleti ɖeka ƒe azɔli ene. Ke hã, edze abe nɔnɔme sesẽ siwo me wòato le eƒe mɔzɔzɔa mee nye eƒe dɔdeasia ƒe akpa si bɔbɔ wu ene. Le Niniwe la, ele na Yona be wòaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia na Asiriatɔ siwo wonya nyuie le woƒe ŋutasesẽ kple hlɔ̃dodo gɔ̃ hã ta. Ne Mawu ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ meɖo to Yona o la, ekema nu kae wòakpɔ mɔ be trɔ̃subɔla mawo nawɔ? Aleke Yehowa subɔla ɖeka pɛ ate ŋu akpɔ dzidzedze le Niniwe du gã ma, si wova yɔ emegbe be “hlɔ̃dodu,” la me?—Nah. 3:1, 7.

7, 8. (a) Aleke gbegbee Yona ɖoe kplikpaa be yeasi le dɔ si Yehowa de esi la nui? (b) Nu ka tae mele be míaƒo nya ta be vɔvɔ̃nɔtɔe Yona nye o?

7 Ðe Yona bu nya mawo ŋua? Míenya ya o. Gake nu si míenyae nye be Yona si le dɔa nu. Yehowa dɔ Yona ɖo ɖe ɣedzeƒe gome, gake eɖo ta ɣetoɖoƒe ʋĩi ke ale si wòate ŋui. Eyi Yopa si nye ƒutadu aɖe si tɔdziʋudzeƒe le, eye le afi ma la, eɖo tɔdziʋu aɖe si ɖo ta Tarsis. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be Spania ye Tarsis nɔ. Ne nenemae la, ke Yona ɖo ta du aɖe si didi tso Niniwe gbɔ kilometa 3,500 sɔŋ la me. Mɔ ma zɔzɔ yi ɖe keke Ƒu Gã la ƒe go kemɛ dzi axɔ ƒe ɖeka blibo. Alea gbegbee Yona ɖoe kplikpaa be yeasi le dɔ si Yehowa de esi la nui!—Xlẽ Yona 1:3.

8 Ðe esia fia be míate ŋu aƒo nya ta ko be vɔvɔ̃nɔtɔe Yona nyea? Mele be míaƒo nya ta kaba nenema o. Abe ale si míava kpɔe ene la, ewɔ nu dzinɔameƒotɔe wòɖe dzesi. Gake abe ale si ko wòle le mí katã gome ene la, ame madebliboe Yona hã nye, eye wònɔ avu wɔm kple gbɔdzɔgbɔdzɔ geɖewo. (Ps. 51:7) Mía dometɔ kae vɔvɔ̃ meɖo kpɔ o?

9. Aleke míate ŋu ase le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi tso dɔ aɖe si Yehowa de mía si ŋu, eye nyateƒenya ka dzie wòle be míaɖo ŋkui le ɣeyiɣi mawo me?

9 Ate ŋu awɔ na mí ɣeaɖewoɣi be nu si Mawu bia tso mía si la sesẽ ŋutɔ, alo be míate ŋu awɔe o gɔ̃ hã. Ate ŋu asesẽ na mí be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia abe ale si wobia tso Kristotɔwo si be woawɔe ene gɔ̃ hã. (Mat. 24:14) Ele bɔbɔe ŋutɔ be míaŋlɔ nyateƒenya vevi si Yesu gblɔ be, “Le Mawu ya gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu” la be. (Marko 10:27) Ne míeŋlɔa nyateƒenya sia be ɣeaɖewoɣi la, ke ɖewohĩ míate ŋu ase Yona ƒe kuxia gɔme. Ke hã, nu kae do tso Yona ƒe sisia me nɛ?

Yehowa He To Na Eƒe Nyagblɔɖila Dzego La

10, 11. (a) Nu kae Yona anya nɔ mɔ kpɔm na esime tɔdziʋua ho le ʋudzeƒea? (b) Afɔku kae dze ŋgɔ ʋu la kple ʋukulawo siaa?

10 Na míakpɔe le susu me ɖaa be, Yona ye nye ema ge ɖe tɔdziʋua me heyi ɖanɔ anyi bɔkɔɔ. Ðewohĩ Foiniketɔwo ƒe tɔdziʋu aɖee wòɖo. Enɔ ʋumefia kple tɔdziʋukulawo kpɔm woƒe ŋku biã esime wole dzadzram ɖo be yewoaho. Esi tɔdziʋua ho yina hele godzi ɖem ɖe megbe vivivi va se ɖe esime wòbu ɖe wo keŋkeŋ la, Yona anya bui be yesi le nu si yenɔ vɔvɔ̃m na vevie la nu azɔ. Gake yame ƒe nɔnɔme va trɔ kpata.

11 Ahom sesẽ aɖe tu le ƒua dzi, eye ƒua dze agbo ŋɔdzitɔe, ƒutsotsoeawo kɔ ale gbegbe be meli gã siwo li egbea gɔ̃ hã maɖi naneke le wo me o. Ƒu dzeagbo sia si ƒe tsotsoewo le dzi dem abe towo ene la le tɔdziʋua nyamam ale gbegbe be ɖeko wòdze abe ʋua le sue akpa eye ŋusẽ aɖeke mele eŋu o ene. Ɣeyiɣi didi kae wòanɔ te ɖe ƒu nyanyra sia nu ase ɖo? Ɣemaɣi la, ɖe Yona nya be Yehowae na ahom la nɔ tutum abe ale si eya ŋutɔ va ŋlɔe emegbe be, “Yehowa lɔ ya gã aɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi” enea? Míenya o. Ke hã ekpɔ tɔdziʋukulawo wonɔ ɣli dom henɔ woƒe mawu vovovoawo yɔm, eye enyae be mawu mawo mate ŋu akpe ɖe wo ŋu le mɔ aɖeke nu o. (3 Mose 19:4) Eƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ʋu la di be, yeagbã.” (Yona 1:4) Eye aleke Yona ate ŋu ado gbe ɖa na Mawu si nu wònɔ sisim le?

12. (a) Nu ka tae mele be míabu fɔ Yona le esi wòyi ɖamlɔ anyi esime ahom la nɔ tutum ta o? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Aleke Yehowa ɖe nu si tae ahom la nɔ tutum ɖo la fiae?

12 Esi Yona kpɔe be yemate ŋu ana kpekpeɖeŋu aɖeke wo o la, eyi ɖe tɔdziʋua gɔme ɖadi teƒe aɖe mlɔ, eye wòdɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. * Ʋumefia la va ke ɖe Yona ŋu, eye wònyɔe heƒoe ɖe enu be wòado gbe ɖa na eƒe mawu, abe ale si ko ʋumenɔla ɖe sia ɖe le ewɔm ene. Esi ʋukulawo ka ɖe edzi be menye ahom gbɔloe wònye le tutum o ta la, wodzidze nu bena yewoakpɔ ʋua me nɔla si tae vɔ̃ ma le yewo dzi vam ɖo. Ðikeke mele eme o be, Yona ƒe dzi lólo ɖe dɔme nɛ esime nudzidzea menɔ ame aɖeke dzi dzem o. Kasia, nyateƒea dze ƒãa. Yehowae na ahom la nɔ tutum, eye eya kee nɔ mɔ fiam nudzidzea hã be wòadze ame ɖeka hɔ̃, si nye Yona, dzi!—Xlẽ Yona 1:5-7.

13. (a) Aleke Yona ʋu nu si tae ahom la nɔ tutum ɖo la me na ʋukulaawo? (b) Nu kae Yona gblɔ na ʋukulaawo be woawɔ, eye nu ka tae?

13 Yona gblɔ nya sia nya na tɔdziʋukulaawo. Mawu ŋusẽkatãtɔ, Yehowa, ƒe subɔlae wònye. Mawu sia nue wònɔ sisim le, eye eya dzie wòdze agɔ le, si wɔe be wòtsɔ wo katã ƒe agbe de afɔku dziŋɔ sia me. Ŋɔdzi lé ameawo ale gbegbe, eye Yona kpɔ esia le mo na wo. Wobiae be nu kae wòle be yewoawɔ nɛ be tɔdziʋua naganyrɔ kpli yewo o mahã. Nya kae wògblɔ? Dzidzi anya ƒo Yona ne ekpɔ ale si wòanyrɔ ɖe atsiaƒu dzeagbo ma si fa miamiamia me la le susu me ɖaa. Gake aleke wòate ŋu azi kpi ame mawo katã naku evɔ wònya nyuie be yeate ŋu axɔ wo ɖe agbe hafi? Eya ta egblɔ na wo be: “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.”—Yona 1:12.

14, 15. (a) Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yona ƒe xɔse ɖedzesi la? (b) Esi Yona gblɔ na ʋukulawo be woakɔ ye aƒu gbe ɖe atsiaƒua me la, aleke wowɔ nui?

14 Menye vɔvɔ̃nɔtɔ ƒe nyawoe esiawo nye o ɖe, alo? Dzi anya dzɔ Yehowa ŋutɔ esi wòkpɔ Yona wòɖe dzinɔameƒo kpakple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ma fia le nɔnɔme sesẽ ma gbegbe me. Xɔse sẽŋu si nɔ Yona si la dze ƒãa le go sia me. Míate ŋu asrɔ̃ eƒe nɔnɔme nyui ma egbea to ame bubuwo ƒe nyonyo tsɔtsɔ ɖo ŋgɔ na mía tɔwo me. (Yoh. 13:34, 35) Ne míekpɔ ame aɖe si hiã na ŋutilã me, seselelãme, alo gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu la, ɖe míelɔ̃na faa kpena ɖe eŋua? Dzi dzɔa Yehowa ŋutɔ ne míewɔe nenema!

15 Ðewohĩ esia wɔ dɔ ɖe ʋukulawo hã dzi, elabena womelɔ̃ gbã be yewoakɔe aƒu gbe ɖe atsiaƒua me o! Ke boŋ wowɔ nu sia nu si woate ŋui be yewoaku ʋua ato ahom la me ado, gake medze edzi o. Ðeko ahom la ganyra ɖe edzi. Mlɔeba la, wova kpɔe be naneke meli yewoagawɔ o. Wodo ɣli na Yona ƒe Mawu, Yehowa, be wòakpɔ nublanui na yewo, eye wokɔ Yona ƒu gbe ɖe atsiaƒua me.—Yona 1:13-15.

Tɔdziʋukulawo kɔ Yona ƒu gbe ɖe atsiaƒua me abe ale si eya ŋutɔ bia tso wo si ene

Mawu Kpɔ Nublanui Na Yona Eye Wòɖee

16, 17. Gblɔ nu si dzɔ ɖe Yona dzi esi wokɔe ƒu gbe ɖe atsiaƒua me. (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

16 Yona ge dze atsiaƒu dzeagboa me doo! Ðewohĩ enɔ ʋiʋlim le tsia me be yeagayi to o, eye wòkpɔ tɔdziʋua to futukpɔ kple tsitsotsoewo me yina ɖaa. Gake ƒutsotsoe sẽŋuawo ŋe ɖe edzi hezii ɖe tsia me. To ko yim wònɔ, ale wòkpɔe be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na ye o.

17 Emegbe la, Yona gblɔ ale si wòse le eɖokui me esime wònɔ tsia me. Ɣemaɣi la, eƒe susu yi nu geɖewo dzi. Esusui nublanuitɔe be yemagakpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ dzeani si nɔ Yerusalem la gbeɖe o. Ekpɔe be yele to yim yina ɖe atsiaƒua ƒe gogloƒe ke, le towo ƒe agunu, afi si avawo alo ƒumegbewo xatsa ɖe eŋu le. Ewɔ nɛ be afi siae azu yeƒe yɔdo.—Xlẽ Yona 2:3-7.

18, 19. Nu kae dzɔ ɖe Yona dzi esi wònɔ atsiaƒua ƒe gogloeƒe, lã ka ƒomevie mii, eye ame kae dɔe ɖa? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

18 Gake tɔ gbɔ! Nane gbɔna egbɔ—nu gbagbe yibɔ gã nyadri aɖee! Enɔ tetem ɖe eŋu, eye wòlũ ɖe edzi. Nu gbagbe la ke nu baa hemii ɖe dɔ me gbla!

Yehowa “dɔ ƒumelã gã aɖe, be wòaɖami Yona”

19 Yona anya susui be evɔ na ye. Gake ede dzesi nu wɔnuku aɖe. Ekpɔe be yegakpɔtɔ le agbe! Ekpɔe be nu vevi mewɔ ye o, lã gã la ƒe dɔgbo metu ye o, eye gbɔgbɔtsixe metsi ye ƒo gɔ̃ hã o. Agbegbɔgbɔ gakpɔtɔ nɔ eme, togbɔ be afi si wòle be wòanye eƒe yɔdo hafi lae nye ema wònɔ hã. Nɔnɔme si me Yona kpɔ eɖokui le la na eƒe nu ku. Ðikekemanɔmee la, eƒe Mawu, Yehowa, ye “dɔ ƒumelã gã aɖe, be [wòaɖamii].” *Yona 2:1.

20. Nu kae gbe si Yona do ɖa le ƒumelã gã la ƒe dɔ me la ɖe fia tso eyama ŋu?

20 Aɖabaƒoƒo geɖewo va yi, eye gaƒoƒowo va yi. Le viviti tsiɖitsiɖi ma si tɔgbi Yona mekpɔ kpɔ o me la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ de ŋugble, eye wòdo gbe ɖa na Yehowa Mawu. Gbe si wòdo ɖa le ƒumelãa ƒe dɔ me la katã dze le Yona ta evelia me, eye eɖe nu geɖe fia tso eya amea ŋu. Gbedodoɖa sia ɖee fia be Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze geɖe su Yona si, elabena eyɔ nya tso Psalmowo me zi geɖe. Egaɖe nɔnɔme lédziname aɖe hã fia le Yona ŋu: enye akpedala. Yona ƒo nya ta be: “Ke nye la matsɔ akpedagbe asa vɔ na wò, eye mawɔ adzɔgbe, si meɖe la dzi. Xɔname enye Yehowa tɔ!”—Yona 2:10.

21. Nu kae Yona srɔ̃ tso ŋutete si le Yehowa si be wòaxɔ na ame la ŋu, eye nya vevi ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

21 Esime Yona nɔ keke atsiaƒua gɔme ʋĩi, le “lã la ƒe dɔ me” ke la, ekpɔe dze sii be Yehowa ate ŋu axɔ na ame ɖe sia ɖe le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me kple afi sia afi. Le afi ma gɔ̃ hã la, Yehowa kpɔ esubɔla si ɖo xaxa me la, eye wòxɔ nɛ. (Yona 2:1) Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana ame nanɔ agbe ahanɔ dedie ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ le ƒumelã gã aɖe ƒe dɔ me. Egbea la, anyo be míaɖo ŋku edzi be, Yehowae nye ‘Mawu, si si me míaƒe agbe le.’ (Dan. 5:23) Eya gbɔe míaƒe agbe dzɔ tso, eye eyae na míeli. Ðe míedaa akpe ɖe esia ta? Ekema ɖe medze be míaɖo to Yehowa oa?

22, 23. (a) Aleke wova do Yona ƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖenuŋu kpɔe? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yona gbɔ ne míeda vo?

22 Ke Yona ya ɖe? Ðe wòɖo to Yehowa tsɔ ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòwɔ na ye la ŋua? Ɛ̃. Le ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ megbe la, ƒumelã la tsɔ Yona va keke ƒua nu ke, eye ‘wòdzɔe ɖe gota.’ (Yona 2:11) Bu eŋu kpɔ ko, le esiawo katã megbe hã la, mehiã be Yona naƒu tsi hafi aɖo gota gɔ̃ hã o! Ke hã, ehiã be wòadi dua me mɔ. Gake eteƒe medidi o, wodo eƒe ŋudzedzekpɔkpɔɖenuŋu kpɔ. Yona 3:1, 2 gblɔ be: “Tete Yehowa ƒe gbe va na Yona zi evelia bena: ‘Tso, nàyi Niniwe, du gã la me, eye nàɖe gbeƒã nya, si gblɔ ge mala na wò la nɛ.’” Nu kae Yona awɔ?

23 Yona mehe ɖe megbe kura o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete Yona tso yi Niniwe ɖe Yehowa ƒe nya la nu.” (Yona 3:3) Ɛ̃, eɖo to. Edze ƒãa be esrɔ̃ nu tso eƒe vodadawo me. Ele be míasrɔ̃ Yona ƒe xɔse le go sia hã me. Mí katã míewɔa nu vɔ̃; mí katã míedaa vo. (Rom. 3:23) Gake ne edzɔ alea la, ɖe míenaa ta, alo ɖe míesrɔ̃a nu tso míaƒe vodadawo me, trɔa dzi me hesubɔa Mawu toɖoɖotɔea?

24, 25. (a) Teƒeɖoɖo kae Yona kpɔ le eƒe agbenɔɣi? (b) Teƒeɖoɖo kawoe wòakpɔ le etsɔme?

24 Ðe Yehowa ɖo Yona ƒe toɖoɖoa teƒe nɛa? Ɛ̃, eɖo eteƒe nɛ. Le kpɔɖeŋu me, edze abe Yona va see emegbe be tɔdziʋukulaawo tsi agbe ene. Ahom la nu fa enumake le Yona ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nuwɔna la megbe. Tete tɔdziʋukula mawo “vɔ̃ Yehowa ŋutɔ,” eye wosa vɔ nɛ, ke menye na woƒe alakpamawuwo o.—Yona 1:15, 16.

25 Egakpɔ teƒeɖoɖo si lolo wu gɔ̃ hã emegbe. Yesu zã ŋkeke siwo Yona tsɔ nɔ ƒumelã gã la ƒe dɔ me tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na ŋkeke siwo eya ŋutɔ atsɔ anɔ yɔdo me. (Xlẽ Mateo 12:38-40.) Aleke gbegbe dzi adzɔ Yona ye nye esi ne eva se nu tso yayra ma ŋu ne wofɔe ɖe tsitre ɖe anyigba dzi! (Yoh. 5:28, 29) Yehowa di be yeayra wò hã. Ðe wò hã àsrɔ̃ nu tso wò vodadawo me ahaɖe toɖoɖo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia abe ale si Yona wɔe enea?

^ mm. 4 Nyateƒe si wònye be Galileatɔe Yona nye la ɖe dzesi ŋutɔ, elabena esi Farisitɔwo nɔ susu hem yi Yesu dzi la, wogblɔ dadatɔe be: “Dzro eme, ekema àkpɔe be nyagblɔɖila aɖeke matso Galilea o.” (Yoh. 7:52) Gbegɔmeɖela kple numekula geɖe gblɔna be ɖeko Farisitɔwo nɔ nya la gblɔm gbadza ko be, nyagblɔɖila aɖeke metso Galilea kpɔ o, eye ɖeke hã matso du tsɛ ma me gbeɖe o. Ne nenemae la, ekema Farisitɔwo nɔ aɖaba ŋem ƒu ŋutinya kple nyagblɔɖiwo siaa dzi.—Yes. 8:23; 9:1.

^ mm. 12 Biblia gɔmeɖeɖe si woyɔna be Septuagint (Septante) te gbe ɖe ale si gbegbe Yona dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la dzi esi wògblɔ kpee be, enɔ ƒã nom. Le esi míaƒo nya ta be ɖe Yona metsɔ ɖeke le nu si nɔ dzɔdzɔm la me o tae wòyi ɖamlɔ anyi ɖo teƒe la, anyo be míaɖo ŋku edzi be ɣeaɖewoɣi la, alɔ̃ tsɔa ame siwo dzi nu te ɖo vevie. Esime Yesu nɔ nu xam vevie le Getsemane bɔa me la, Petro, Yakobo kple Yohanes nɔ “alɔ̃ dɔm le nuxaxa ta.”—Luka 22:45.

^ mm. 19 Woɖe Hebrigbe me nya si wozã na “ƒumelã” la gɔme ɖe Helagbe me be “ƒumelã klitsu,” alo “lã gã nyadri.” Togbɔ be míate ŋu ato mɔ aɖeke dzi anya lã si ƒomevi tututu ƒumelã gã ma nye o hã la, wogblɔ be agblolui aɖewo le Mediterranea Ƒua me siwo lolo ale gbegbe be woate ŋu ami ame blibo. Agblolui siwo lolo sãsãsã wu emawo la le teƒe bubuwo; eye wo dometɔ siwo woyɔna be whale shark (requin-baleine) la ƒe didime ate ŋu ade meta 15, alo awu nenema kura gɔ̃ hã!