Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ADELIA

Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa

Eɖe Eƒe Dzimenyawo Gblɔ Na Yehowa

1, 2. (a) Esime Xana nɔ dzadzram ɖo ɖe mɔzɔzɔ ŋu la, nu ka tae dzi menɔ edzɔm o? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Xana ƒe ŋutinyaa me?

XANA ƒe ŋku biã wòle dzadzram ɖo ɖe mɔzɔzɔ ŋu hele agbagba dzem be yeaɖe susu ɖa le yeƒe kuxiwo ŋu. Dzidzɔɣie wòle be wòanye hafi; srɔ̃a Elkana kplɔa ƒome bliboa yia Silo ƒe sia ƒe woɖadea ta agu le avɔgbadɔa me. Ðe Yehowa ɖoe be ɣeyiɣi mawo nanye dzidzɔɣiwo. (Xlẽ 5 Mose 16:15.) Eye ɖikeke mele eme o be, Xana kpɔa dzidzɔ ɖe ŋkekenyui mawo ɖuɖu ŋu tso eƒe ɖevime ke. Gake nuwo megale nenema nɛ le ƒe ʋɛ siwo va yi me o.

2 Mawu yrae wòkpɔ srɔ̃ŋutsu nyui aɖe si melɔ̃a nu le egbɔ o; eŋkɔe nye Elkana. Gake srɔ̃ bubu le Elkana si. Eŋkɔe nye Penina, eye edze ƒãa be nyɔnu sia ɖoe kplikpaa be yeado nuxaxa na Xana ɣesiaɣi. Penina dzea agbagba be yeado nuxaxa na Xana vevie le azã mawo gɔ̃ hã ɖuƒe. Nu kae wòwɔna? Vevietɔ wu la, aleke ale si Xana xɔ Yehowa dzi se la kpe ɖe eŋu wòte ŋu nɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ sia, si ŋu wòdze abe mate ŋu awɔ naneke le o ene la nu? Ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom le agbe me, si wɔe be mègale dzidzɔ kpɔm o la, ekema Xana ƒe ŋutinyaa ade dzi ƒo na wò godoo.

‘Nu Ka Ŋuti Wò Dzi Le Nu Xam?’

3, 4. Kuxi gã eve kawoe dze ŋgɔ Xana, eye nu ka tae wo dometɔ ɖe sia ɖe sesẽ nɛ?

3 Biblia ƒo nu tso kuxi sesẽ eve siwo me Xana to le agbe me la ŋu. Mate ŋu awɔ nu boo aɖeke tso gbãtɔa ŋu o, eye mate ŋu awɔ naneke kura tso evelia hã ŋu o. Gbãtɔe nye be wo ame evee woɖe, eye etsusia lé fui. Eveliae nye be etsi ko. Nɔnɔme ma tena ɖe nyɔnu ɖe sia ɖe si di vevie be yeadzi vi la dzi godoo; gake Xana ya tɔ gavloe wu, elabena ɣemaɣi le wo de la, ne nyɔnu aɖe medzi vi o la, enyea nuxaxa gã aɖe nɛ. Ƒome ɖe sia ɖe kpɔa mɔ be yewoadzi vi atsɔ alé ƒomea ƒe ŋkɔ ɖe te. Edze abe kotsitsi nyea vlododo kple ŋukpe gã aɖe na nyɔnuwo ene.

4 Ne menye Penina ƒe dzivedoname ye o la, anye ne agbaa anya tsɔ na Xana hafi. Le nyateƒe me la, kuxiwo megbea srɔ̃ geɖe ɖeɖe me nɔnɔ o. Fuléle, dzrewɔwɔ kple dzivenyawo sɔŋ koe nu sia wɔwɔ hena vanɛ. Menye nenemae Mawu ɖoe le Eden bɔa me be nuwo nanɔ kura o; srɔ̃ ɖeka koe wòɖo be ŋutsu naɖe. (1 Mose 2:24) Eya tae Biblia meƒo nu nyui aɖeke tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu o, eye nu siwo dona tso eme la ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye dzigbagbã si xɔ anyinɔ ɖe Elkana ƒe ƒomea me.

5. Nu ka tae Penina ɖoe be yeado nuxaxa na Xana, eye aleke wòdo nuxaxa nɛ?

5 Ènyaa, Xana ye Elkana lɔ̃ wu. Yudatɔwo tu xo be Xana ye wòɖe gbã hafi va ɖe Penina le ƒe aɖewo megbe. Aleke kee wòɖale o, Penina ʋã ŋu Xana vevie, eye wòto mɔ vovovowo dzi do nuxaxa na etsusia. Esi Penina dzi vi, gake Xana ya medzi vi o ta la, enye dada nɛ. Penina dzi vi geɖe, eye ɣesiaɣi si wògadzi vi bubu la, egadzea eɖokui ŋu ɖe edzi. Le esi teƒe be Penina nase veve ɖe Xana nu ahafa akɔ nɛ la, ɖe wòdzua eƒe kotsitsia nɛ boŋ ne wòaxa nu. Biblia gblɔ be Penina “tsɔ dzikunyawo gbã dzi” na Xana. (1 Sam. 1:6) Ðe Penina ɖoe koŋ nɔ ewɔm. Eɖoe be yeado nuxaxa na Xana, eye wòdo naxaxa nɛ hã.

Ete ɖe Xana dzi vevie be yetsi ko, eye Penina hã wɔ ɖe sia ɖe be yeagagbã dzi nɛ ɖe edzi

6, 7. (a) Togbɔ be Elkana dze agbagba be yeafa akɔ na Xana hã la, anye nu ka tae Xana madi be yeagblɔ nya bliboa nɛ o? (b) Ðe Xana ƒe kotsitsia fia be Yehowa mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu oa? Ðe eme. (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

6 Edze abe ne woyina ƒe sia ƒe zãwo ɖuƒe le Silo koŋ ye Penina kpɔa mɔnu le Xana ŋu ene. Ɣesiaɣi si Elkana sa vɔ na Yehowa la, enaa vɔsalãa Penina ƒe vi gbogboawo, “viaŋutsuwo kpakple vianyɔnuwo” katã. Gake esi vi mele Xana si o ta la, etɔ ɖuɖua ko wòxɔna. Ale Penina doa eɖokui ɖe dzi ɖe Xana ŋu heɖua fewu le eŋu le eƒe kotsitsia ta ale gbegbe be, ɖeko wòtsɔnɛ na avi hedoa kpo nuɖuɖu. Elkana dea dzesii be nu te ɖe ye srɔ̃ lɔlɔ̃a, Xana, dzi eye wògbea nuɖuɖu, eya ta edzea agbagba be yeafa akɔ nɛ. Elkana bianɛ be: “Xana, nu ka le wɔwòm nèle avi fam, eye nu ka ŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò dzi le nu xam? Ðe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?”—1 Sam. 1:4-8.

7 Elkana wɔe nyuie be wòde dzesii be Xana ƒe kotsitsia tae wòle nu xam ɖo. Eye ɖikeke mele eme o be, ale si wòka ɖe edzi na Xana be yelɔ̃e vevie la dea dzi gbɔ nɛ. * Gake Elkana meƒo nu tso Penina ƒe nuwɔnaa ŋu o; Biblia hã megblɔ be Xana ƒo nu tso eŋu nɛ o. Ðewohĩ esusu be ɖeko goʋuʋu nu si wɔm Penina nɔ la agagblẽ nyaa ɖe edzi. Ðe Elkana ate ŋu ana nuwo natrɔ le aƒea mea? Ðe esia mana Penina nagalé fu Xana ɖe edzi eye nyɔnu adekeretɔ ma ƒe viwo kple eƒe subɔviwo hã nava kpe ɖe eŋu oa? Ðeko Xana ava se le eɖokui me be yemegale nemi me gɔ̃ hã le ye ŋutɔ ye ƒe me o.

Ne dzigbãnyawo na Xana le nu xam le aƒe me la, edoa gbe ɖa na Yehowa be wòafa akɔ na ye

8. Ne ame aɖe ɖiaa nuwò alo wɔa nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò la, nu ka tae ŋkuɖoɖo edzi be Yehowa nye Mawu dzɔdzɔetɔ la afa akɔ na wò?

8 Elkana ɖanya nu tso ayemenu siwo katã Penina wɔna tsɔ ɖia gbɔ Xana ŋu loo alo menyae o, Yehowa Mawu ya nyae. Eƒe Nya la na míenya be ekpɔ nu siwo katã nɔ edzi yim, eye esia nye nuxlɔ̃ame vevi aɖe na ame siwo katã wɔa amenuɖianu suesuewo ɖe ame bubuwo ŋu le ŋuʋaʋã kple fuléle ta. Gake nyanya be Mawu dzɔdzɔetɔ la kpɔa nya sia nya gbɔ le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi kple ale si wòdii nu la ate ŋu afa akɔ na ame maɖifɔ kple ŋutifafame siwo le abe Xana ene. (Xlẽ 5 Mose 32:4.) Ðewohĩ Xana hã nyae nenema, elabena Yehowa ŋue wòtrɔ ɖo be wòakpe ɖe ye ŋu.

“Megaɖo Nublanuimo Azɔ O”

9. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Xana lɔ̃ faa zɔ mɔ yi Silo togbɔ be enya nu si tu ge etsusia le kplii gɔ̃ hã la me?

9 Amewo ƒe ŋku biã le aƒea me ŋdi ma. Ame sia ame le dzadzram ɖo ɖe mɔzɔzɔa ŋu, ɖeviwo ke hã. Ƒome gã sia azɔ kilometa 30 kple edzivɔ ato Efrayim tonutoa me hafi aɖo Silo. * Ne afɔ to gee woala la, ekema axɔ ŋkeke ɖeka alo eve hafi woaɖo. Xana nya nu si tu ge etsusia gale kplii. Gake Xana metsi aƒe ɖe ema ta o. Esia nye kpɔɖeŋu nyui aɖe wòɖo ɖi na Mawu subɔlawo va de asi na egbea. Mele be míaɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔnawo nado kplamatsɛ míaƒe Mawu subɔsubɔ o. Ne míeɖe mɔ esia dzɔ la, ekema yayra siwo míakpɔ ale be ŋusẽ nagaɖo mía ŋu míado dzi la ato mía ŋu.

10, 11. (a) Susu ka tae Xana ɖo ta avɔgbadɔa gbɔ esime mɔnukpɔkpɔa nya ʋu ɖi ko? (b) Aleke Xana ɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na Fofoa si le dziƒo la le gbedodoɖa me?

10 Esi ƒomea zɔ todzimɔ gɔdɔ̃gɔdɔ̃ ma ŋkeke ɖeka sɔŋ megbe la, wogogo Silo azɔ. Duae nye ema le togbɛ aɖe dzi ɖaa le togbɛ bubu geɖe siwo kɔ wui la dome. Esi wole tetem ɖe dua ŋu la, Xana anya nɔ nu siwo ŋu wòado gbe ɖa na Yehowa le la ŋu bum vevie. Esi wova ɖo la, ƒomea ɖu nu. Esi woɖu nua vɔ eye mɔnukpɔkpɔa nya ʋu ɖi ko la, Xana do le wo dome ɖo ta Yehowa ƒe avɔgbadɔa gbɔ. Nunɔlagã Eli nɔ afi ma, enɔ anyi ɖe ʋɔtrua nu. Gake Xana ƒe susu katã ku ɖe eƒe Mawu la ŋu. Esi wòge ɖe avɔgbadɔa me la, eka ɖe edzi bliboe be Mawu aɖo to ye. Ne ame aɖeke mate ŋu ase nɔnɔme sesẽ si me tom wònɔ la gɔme bliboe o hã la, enya be ye Fofo si le dziƒo ya ase egɔme na ye. Vevesesea wu tsɔtsɔ nɛ ale gbegbe be wòte avifafa.

11 Xana le avi fam hehehe le gbe dom ɖa na Yehowa le dzi me. Eƒe nuyiwo le ʋaʋãm butubutu esi wòle nu siwo te ɖe edzi la gblɔm. Edo gbe ɖa ɣeyiɣi didi aɖe hele eƒe dzimenyawo gblɔm na Fofoa. Gake menye eƒe didi vevi si nye be Mawu nana yeadzi vi la ko ŋue wòdo gbe ɖa le o. Menye ɖeko Xana di vevie be Mawu nayra ye o, ke egblɔ nu si eya ŋutɔ hã ate ŋu ana Mawu hã nɛ. Eya ta eɖe adzɔgbe be, ne yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe ana Yehowa wòasubɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me.—1 Sam. 1:9-11.

12. Abe ale si Xana ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia ene la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe gbedodoɖa ŋu?

12 Xana ɖo gbedodoɖa ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Mawu subɔlawo katã. Yehowa ʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na eƒe amewo be woagblɔ woƒe dzimenyawo na ye eye woaɖe woƒe dzimaɖitsitsiwo agblɔ na ye faa, abe ale si ko vi si ka ɖe dzilaa dzi wɔnɛ ene. (Xlẽ Psalmo 62:9; 1 Tesalonikatɔwo 5:17.) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wògblɔ akɔfanya sia si dea dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa na Yehowa esi wògblɔ be: ‘Midro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi, elabena eléa be na mi.’—1 Pet. 5:7.

13, 14. (a) Aleke Eli ƒo nya ta vodadatɔe tso Xana ŋu? (b) Aleke ale si Xana ɖo nya ŋu na Eli la nye xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe wòɖo ɖi?

13 Gake amegbetɔwo mesea nu gɔme na ame hesea veve ɖe ame nu abe Yehowa ene o. Esi Xana le avi fam hele gbea dom ɖa la, ese gbe aɖe, si na wòɖi vo. Nunɔlagã Eli si nɔ ŋku lém ɖe eŋu la ƒe gbee. Egblɔ nɛ be: “Ɣekaɣi nàmu aha ase ɖo? Na wain la nakɔ le mo na wò!” Eli kpɔ ale si Xana ƒe nuyiwo nɔ ʋaʋãm, ale si wònɔ avi fam kple ale si nu te ɖe edzii. Le esi teƒe be wòabia gbee ahanya nu si le ewɔm la, ɖe wòƒo nya ta enumake be ahae wòmu.—1 Sam. 1:12-14.

14 Aleke gbegbe fɔbuamenya sia si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o, si ame si ŋu Xana dea bubui ŋutɔ la gblɔ ɖe eŋu esime wòle nu xam vevie la agbã dzi nɛ enye esi! Ke hã egaɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le go sia hã me. Mena amegbetɔ ƒe blibomademadewo na wòdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Eɖo nya ŋu na Eli bubutɔe esi wògblɔ eƒe kuxia nɛ. Esi Eli kpɔe be yemewɔ nu ɖe eŋu nyuie o la, anya ɖo nya ŋu nɛ kple gbe bɔbɔe azɔ esi wògblɔ nɛ be: “Yi le ŋutifafa me, Israel ƒe Mawu la awɔ nu si nèbiae la na wò!”—1 Sam. 1:15-17.

15, 16. (a) Esi Xana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa hede ta agu nɛ le avɔgbadɔa me la, aleke wòɖe vi nɛ? (b) Ne nu te ɖe mía dzi vevie la, aleke míate ŋu asrɔ̃ Xana ƒe kpɔɖeŋuae?

15 Esi Xana gblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa hede ta agu nɛ le avɔgbadɔa me la, aleke wòɖe vi nɛ? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nyɔnu la lé eƒe mɔ, eye wòɖu nu, eye megato mo azɔ o.” (1 Sam. 1:18) Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be: “Megaɖo nublanuimo azɔ o.” (The Jerusalem Bible) Xana ƒe dzi dze eme azɔ. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, edro eƒe dzimaɖitsitsi siwo wu tsɔtsɔ nɛ la da ɖe Fofoa si le dziƒo, si ate ŋu atsɔ agba si le ekpem nɛ la, ƒe abɔta. (Xlẽ Psalmo 55:23.) Ðe kuxi aɖe li si sesẽ wuia? Ao—ɖeke mesesẽ nɛ kpɔ o, ɖeke mesesẽ nɛ fifia hã o, eye ɖeke masesẽ nɛ gbeɖe o!

16 Ne nu te ɖe mía dzi, alo agba wu tsɔtsɔ na mí, alo míelé blanui vevie la, anyo be míasrɔ̃ Xana ƒe kpɔɖeŋua ahaɖe míaƒe dzimenyawo agblɔ na Ame si Biblia yɔ be ‘Gbedodoɖasela’ la. (Ps. 65:3) Ne míewɔ esia le xɔse me la, míawo hã míakpɔe be “ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta” la ava xɔ ɖe míaƒe blanuilélea teƒe.—Flp. 4:6, 7.

“Agakpe Aɖeke Meli Abe Mía Mawu La Ene O!”

17, 18. (a) Aleke Elkana de adzɔgbe si Xana ɖe la dzi nɛ? (b) Nu kae Penina megate ŋu wɔna na Xana o?

17 Le ŋufɔke la, Xana kplɔ Elkana ɖo trɔ yi avɔgbadɔa me. Anya gblɔ nu si wòbia Mawu kple adzɔgbe si wòɖe la nɛ, elabena Mose ƒe Sea gblɔ be, ne nyɔnu aɖe ɖe adzɔgbe, gake srɔ̃a melɔ̃ ɖe edzi o la, ŋutsua kpɔ mɔ ate fli ɖe adzɔgbeɖeɖea me. (4 Mose 30:10-15) Gake ŋutsu wɔnuteƒe ma mewɔe nenema o. Ke boŋ eya kple Xana wosubɔ Yehowa le avɔgbadɔa me ɖekae hafi trɔ yi aƒe.

18 Ɣekaɣie Penina va de dzesii be yemagate ŋu ado dziku na Xana o? Ŋɔŋlɔawo megblɔe na mí o, gake nyagbɔgblɔ si nye “megaɖo nublanuimo azɔ o” ɖee fia be, tso ɣemaɣi ko la, megaxaa nu o. Aleke kee wòɖale o, Penina va de dzesii be, ale si yedoa vlo Xana la megaɖea fu nɛ o. Eye Biblia megayɔ Penina ŋkɔ azɔ o.

19. Aleke woyra Xana, eye aleke wòɖee fia be yemeŋlɔ ame si yra ye la be o?

19 Xana ƒe susu dze akɔ anyi azɔ, eye ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, eva nɔ dzidzɔ kpɔm wu gbɔgblɔ, elabena efɔ fu! Dzi dzɔ Xana ŋutɔ, eye meŋlɔ ame si yrae alea la be kpɔ gbeɖe o. Eya tae esi wòdzi ŋutsuvi la, etsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel, si gɔmee nye: “Mawu Ƒe Ŋkɔ,” eye edze ƒãa be ale si wòyɔ Mawu ƒe ŋkɔ eye wòtɔ nɛ la tae wòtia ŋkɔ ma ɖo. Le ƒe ma me la, megakplɔ Elkana kple ƒomea ɖo yi Silo o. Etsi aƒe me ƒe etɔ̃ sɔŋ, va se ɖe esime ɖevia tso no. Azɔ edzra eƒe dzi ɖo ɖe gbe si gbe via lɔlɔ̃a adzo le egbɔ la ŋu.

20. Aleke Xana kple Elkana wɔ ɖe ŋugbe si wodo na Yehowa la dzi?

20 Manya nɔ bɔbɔe nɛ be wòaɖe asi le via ŋu wòadzo le egbɔ o. Ele eme be Xana nyae be woalé be na Samuel le Silo nyuie, ɖewohĩ woatsɔe ade nyɔnu siwo subɔna le avɔgbadɔa me la si be woakpɔ edzi. Ke hã Samuel metsi kura o, eye vidada kae alɔ̃ be yeaɖe asi le ye vi sue ŋu wòadzo le ye gbɔ? Gake Xana kple Elkana lɔ̃ faa kplɔ ɖevia yi avɔgbadɔa me kple dzidzɔ. Wosa vɔ le Mawu ƒe aƒea me hekplɔ Samuel de Eli si, eye Xana ɖo ŋku adzɔgbe si wòɖe ƒe aɖewoe nye ema la dzi na Eli.

Xana nye yayra vavã na via Samuel

21. Aleke gbe si Xana do ɖa na Yehowa la ɖe xɔse sẽŋu si le esi fiae? (Kpɔ aɖaka si nye “ Gbedodoɖa Eve Siwo Ðe Dzesi” hã.)

21 Ɣemaɣi la, Xana do gbe aɖe ɖa, eye gbedodoɖaa dze Mawu ŋu ale be wòna woŋlɔe ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Ne èle gbedodoɖa ma me nya siwo woŋlɔ ɖe 1 Samuel 2:1-10 xlẽm la, àkpɔ ale si gbegbe eƒe xɔse sẽe la le nya sia nya si wògblɔ me. Ekafu Yehowa ɖe eƒe ŋusẽ triakɔ la ta—ehe susu yi ŋutete si gbegbe le esi be wòabɔbɔ dadalawo ɖe anyi, ayra ame siwo wote ɖe anyi, eye wòaɖe ame ƒe agbe ɖa alo aɖee tso ku si me gɔ̃ hã la dzi. Ekafu Fofoa ɖe eƒe kɔkɔenyenye si ɖeke mesɔ kplii o, eƒe dzɔdzɔenyenye, kple nuteƒewɔwɔ ta. Eya ta Xana gblɔe wòsɔ nyuie be: “Agakpe aɖeke meli abe mía Mawu la ene o!” Yehowa nye ame si dzi woate ŋu aka ɖo bliboe eye metrɔna o, enye sitsoƒe na ame siwo wote ɖe anyi kple ame siwo ƒe dzi gbã, siwo trɔ ɖe eŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu.

22, 23. (a) Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be esime Samuel nɔ tsitsim la, ekpɔe dze sii be ye dzilawo lɔ̃ ye? (b) Aleke Yehowa gayra Xana geɖe?

22 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na Samuel ɖevi la be dadaa xɔ Yehowa dzi se alea gbegbe. Togbɔ be anya nɔ dadaa susum esime wònɔ tsitsim hã la, mese le eɖokui me kpɔ be eŋlɔ ye be o. Ƒe sia ƒe la, Xana vaa Silo, eye wòtsɔa awudziwui si wòazã le subɔsubɔdɔ me le avɔgbadɔa me vana nɛ. Awua ƒe kalɔlɔ̃ ɖe sia ɖe ɖo kpe edzi be elɔ̃ via vevie eye wòléa be nɛ ŋutɔ. (Xlẽ 1 Samuel 2:19.) Míate ŋu akpɔ ale si wòanɔ awudziwui yeyea dom na via, anɔ edzɔm ɖe eŋu kple nukomoɖoɖo esime wòle nya viviwo gblɔm nɛ hele dzi dem ƒo nɛ la ɖaa le susu me. Yayrae wònye na Samuel be dadaa lɔ̃e alea gbegbe, eye esi wòtsi la, eya hã ƒe nuwɔna he yayra vɛ na edzilawo kple Israel bliboa katã.

23 Gake Xana ƒe yayrawo mese ɖe afi ma o. Yehowa gayrae wòdzi vi atɔ̃ bubuwo na Elkana. (1 Sam. 2:21) Gake ɖewohĩ Xana ƒe yayra gãtɔe nye ƒomedodo kplikplikpli si nɔ woa kple Fofoa, Yehowa, dome, si nɔ sesẽm ɖe edzi ƒe sia ƒe. Yehowa neyra wò hã alea esi nèle agbagba dzem be yeƒe xɔse nasẽ abe Xana tɔ ene.

^ mm. 7 Togbɔ be Biblia gblɔ be Yehowa ‘tsi Xana ƒe dɔ nu’ hã la, kpeɖodzi aɖeke meli be Mawu mekpɔ ŋudzedze ɖe nyɔnu ɖokuibɔbɔla kple nuteƒewɔla sia ŋu o. (1 Sam. 1:5) Ɣeaɖewoɣi la, Biblia gblɔna be Mawu wɔ nane, evɔ ɖeko wòɖe mɔ le eŋu hena ɣeyiɣi aɖe.

^ mm. 9 Edze abe Rama, si nye du si me Elkana tso la kee wova yɔ be Arimatia le Yesu ŋɔli ene, eye Arimatia kple Silo dome ƒe didimee nye ema.