Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA BLAEVE VƆ EVELIA

Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me

Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me

1, 2. Esi Yesu nɔ nu fiam le Kapernaum la, nu kae Petro anya nɔ mɔ kpɔm na, gake aleke nuwo va yii?

PETRO tsa ŋku kpɔ Yesu ƒe nyaselawo katã ƒe mo dũu. Wonɔ ƒuƒoƒe aɖe le Kapernaum. Du sia mee Petro nɔ; afi siae wòdea tɔƒo le tsã, le Galilea Ƒua ƒe dziehe gome; afi sia kee exɔlɔ̃ geɖewo, ƒometɔwo kple ehati tɔƒodelawo nɔ. Ðikeke mele eme o be Petro nɔ mɔ kpɔm be yewo de tɔwo hã nanya Yesu, abe ye ke ene, ale be dzidzɔ si gbegbe kpɔm yele le nusɔsrɔ̃ tso nufiala si ƒo ɖe sia ɖe ta gbɔ ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu me la nasu woawo hã si. Ke hã mɔkpɔkpɔ mawo dometɔ aɖeke meva eme gbe ma gbe o.

2 Ame geɖewo dzudzɔ toɖoɖo Yesu. Wo dometɔ aɖewo nɔ liʋiliʋi lim, eye womelɔ̃ ɖe nya si gblɔm wònɔ la dzi o. Gake nu si gaɖe fu na Petro wue nye ale si Yesu ŋutɔ ƒe nusrɔ̃la aɖewo wɔ nui. Ale si wokpɔa dzidzɔ ne wole nu veviwo srɔ̃m, ne wole numeɖeɖe yeyewo sem, alo le nu srɔ̃m tso nyateƒea ŋu la megadze le woƒe mo o. Fifia ya, dɔme ve wo, eye wodo dziku gɔ̃ hã. Wo dometɔ aɖewo ɖe nu si ve dɔme na wo la gblɔ be Yesu ƒe nyawo sesẽ akpa. Esi womegadi be yewoaɖo to Yesu o ta la, wodo go le ƒuƒoƒea—eye womegazɔna kplii o.—Xlẽ Yohanes 6:60, 66.

3. Nu kae Petro ƒe xɔse kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔ le ɣeyiɣi vovovowo me?

3 Enye ɣeyiɣi sesẽ aɖe na Petro kple ehati apostoloawo. Petro mese nya si Yesu gblɔ gbe ma gbe la gɔme bliboe o. Ðikeke mele eme o be, ekpɔe be nya si Yesu gblɔ la gɔme sese gbadzaa ate ŋu ana ame nado dziku. Ke nu kae Petro awɔ azɔ? Menye esiae nye zi gbãtɔ si wòdo go nɔnɔme si do eƒe nuteƒewɔwɔ na eƒe Aƒetɔa kpɔ o, eye menye esiae anye zi mamlɛtɔ hã o. Na míakpɔ ale si Petro ƒe xɔse kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔ nuteƒe le dodokpɔ mawo me ɖa.

Ewɔ Nuteƒe Esime Ame Bubuwo Ya Trɔ Le Yesu Yome

4, 5. Aleke Yesu wɔ nu wòto vovo na nu si amewo nɔ mɔ kpɔm na?

4 Yesu ƒe nuwɔnawo wɔa nuku na Petro zi geɖe. Enuenu la, eƒe Aƒetɔa wɔa nu alo gblɔa nya siwo toa vovo na nu si ame geɖe nɔa mɔ kpɔm na. Le ŋkeke si do ŋgɔ ko dzi la, Yesu na nuɖuɖu ame akpe nanewo nukutɔe. Esia na amehawo di be yewoatsɔe aɖo fia. Gake ewɔ nuku na ame geɖe be egbe hedzo le wo gbɔ, eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo tɔdziʋu ayi Kapernaum. Esi nusrɔ̃laawo nɔ ƒua dzi yina zã ma me la, Yesu gawɔ nane si wɔ nuku na wo ŋutɔ; wokpɔe wòzɔ Galilea Ƒu dzeagboa dzi gbɔna wo gbɔ, eye nudzɔdzɔ sia na Petro srɔ̃ nu vevi aɖe tso xɔse ŋu.

5 Le ŋufɔke la, kaka woakpɔa, amehaa ti wo yome va do. Gake edze ƒãa be nu si dim ameawo nɔ ye nye be Yesu nagana nuɖuɖu yewo nukutɔe ake, ke menye be yewoasrɔ̃ nu tso egbɔ o. Eya ta Yesu ka mo na wo le esi woƒe susuwo le ŋutilãmenuwo ɖeɖe ko ŋu ta. (Yoh. 6:25-27) Ke hã Yesu yi eƒe numedzodzroa dzi kpli wo le ƒuƒoƒe si le Kapernaum, afi si wògagblɔ nya aɖe si womenɔ mɔ kpɔm na o la le, esime wònɔ agbagba dzem be yeafia nyateƒenya vevi aɖe si gɔme sese sesẽ la wo.

6. Kpɔɖeŋu kae Yesu wɔ, eye aleke eƒe nyaselawo wɔ nui?

6 Yesu medi be ame mawo nabui be ŋutilãmenuɖuɖunala dzro koe yenye o, ke boŋ edi be woanyae be gbɔgbɔmenunana si tso Mawu gbɔe yenye, eye yeƒe agbe kple ku aʋu agbe mavɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na amewo. Eya ta ewɔ kpɔɖeŋu aɖe, si me wòtsɔ eɖokui sɔ kple mana, si nye abolo si tso dziƒo le Mose ƒe ŋkekea me. Esi ame aɖewo melɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi o la, ewɔ kpɔɖeŋu ʋãme aɖe tsɔ ɖe nu me be ele vevie be woaɖu yeƒe ŋutilã ahano yeƒe ʋu hafi akpɔ agbe. Ɣemaɣie amewo ƒo nu tsi tre ɖe eŋu vevie. Wo dometɔ aɖewo gblɔ be: “Tso! Nya sesẽ kae nye ema; ame kae ate ŋu ado dzi anɔ nya ma sem?” Yesu yomedzela geɖe gɔ̃ hã trɔ le eyome. *Yoh. 6:48-60, 66.

7, 8. (a) Nu ka gɔmee Petro mekpɔ se ku ɖe Yesu ŋu haɖe o? (b) Aleke Petro ɖo nya si Yesu bia apostoloawo la ŋui?

7 Nu kae Petro awɔ azɔ? Anɔ eme be Yesu ƒe nyawo na eya hã tɔtɔ. Petro mese egɔme haɖe be ele be Yesu naku be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nava eme o. Ðe Petro hã di be yeawɔ nu abe nusrɔ̃la dzimevesusula mawo siwo trɔ le Yesu yome gbe ma gbe la enea? Kura o; nu vevi aɖe na Petro ya mewɔ nu abe nusrɔ̃la mawo ene o. Eyae nye nu ka?

8 Yesu trɔ ɖe eƒe apostoloawo ŋu hebia wo be: “Alo ɖe miawo hã miedi be yewoadzoa?” (Yoh. 6:67) Ame 12-awoe Yesu nɔ nyaa biamee, gake Petro ye ɖo eŋu. Nenemae wòdzɔna zi geɖe. Ðewohĩ Petro ye nye tsitsia le wo dome. Aleke kee wòɖale o, Petro ye ɖea eƒe susuwo gblɔna bɔbɔe wu le wo dome; ƒãa hafi Petro hena ɖe megbe le nu si le eƒe susu me la gbɔgblɔ ŋu. Le nudzɔdzɔ sia me la, nya wɔdɔɖeamedzi si nɔ susu me nɛ, si wòɖe gblɔ lae nye: “Aƒetɔ, ame ka gbɔe míadzo ayi? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.”—Yoh. 6:68.

9. Aleke Petro wɔ nuteƒe na Yesue?

9 Ðe nya mawo mewɔ dɔ ɖe dziwò ŋutɔ oa? Ale si Petro xɔ Yesu dzi se la na wòtu nɔnɔme nyui aɖe ɖo—eyae nye nuteƒewɔwɔ. Petro kpɔe dze sii kɔtɛ be Yesue nye Ðela ɖeka kolia si Yehowa ɖo ɖa, eye be Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya si wòɖea gbeƒãe la dzie wòato axɔ amewo ɖe agbe. Petro nyae be ne yemese Yesu ƒe nya aɖewo gɔme o hã la, afi bubu aɖeke meli yeayi ne yedi be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu eye wòana agbe mavɔ ye o.

Ehiã be míanɔ agbe wòasɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu, ne woto vovo na nu siwo míekpɔ mɔ na alo womesɔ ɖe míaƒe didiwo nu o gɔ̃ hã

10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe nuteƒewɔwɔ egbeae?

10 Nenemae wò hã nèsena le ɖokuiwò mea? Nublanuitɔe la, ame geɖe le xexea me egbea siwo gblɔna be yewolɔ̃ Yesu, gake ne wodo go nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔwo la, wonaa ta. Be míawɔ nuteƒe na Kristo la, ele be míabu Yesu ƒe nufiafiawo abe ale si Petro bu woe ene. Ehiã be míasrɔ̃ wo, ase wo gɔme ahanɔ agbe ɖe wo nu, ne woto vovo na nu siwo míekpɔ mɔ na alo womesɔ ɖe míaƒe didiwo nu o gɔ̃ hã. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe ko hafi míate ŋu akpɔ mɔ be míaƒe asi asu agbe mavɔ si dim Yesu le na mí la dzi.—Xlẽ Psalmo 97:10.

Eyi Edzi Wɔ Nuteƒe Esi Woɖɔe Ðo

11. Afi kae Yesu kplɔ eyomedzelawo yi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

11 Le nudzɔdzɔ ma megbe kpuie la, Yesu kplɔ eƒe apostoloawo kple nusrɔ̃la aɖewo wozɔ mɔ legbee aɖe yi dziehe gome. Xermon To si tame sno dzana ɖo, si le dziehe ɖaa le Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi la dzena wokpɔna ɣeaɖewoɣi tso Galilea Ƒua si le blɔ la dzi. Esi wonɔ tetem ɖe toa ŋu ʋɛʋɛʋɛ la, wova kpɔe be ekɔkɔ ŋutɔ, eye wote toa lialia ɖo ta kɔƒe siwo te ɖe Kaisarea Filipi ŋu la me. * Esi wova ɖo nuto sia si nya kpɔ ŋutɔ me, afi si woate ŋu akpɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe anyiehe katã kloe le la, Yesu bia nya vevi aɖe eyomedzelawo.

12, 13. (a) Nu ka tae Yesu di be yeanya ame si amewo buna be yenye? (b) Aleke ale si Petro ɖo nya ŋu na Yesu la ɖee fia be xɔse vavã le esi?

12 Yesu bia wo be: “Ame kae amehaawo le gbɔgblɔm be menye?” Míate ŋu akpɔe ɖaa le susu me be Petro le Yesu ƒe ŋkume kpɔm tututu hede dzesi eƒe Aƒetɔa ƒe tufafa kple eƒe nunya deŋgɔ la le eƒe mo. Yesu di be yeanya nya siwo ame siwo se yeƒe nyawo hekpɔ nu siwo yewɔ la le gbɔgblɔm tso ye ŋu. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nya totro vovovo siwo ame geɖe gblɔna tso ame si wònye ŋu. Gake Yesu di be yeagaku nyaa me ayi ŋgɔe. Nukpɔsusu totro mawo kee nɔ eyomedzela siawo siwo nɔa eŋu kplikplikpli la hã sia? Eya ta ebia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?”—Luka 9:18-20.

13 Petro gaɖo nya sia hã ŋu kaba. Eɖe nya si le ame siwo nɔ afi ma dometɔ geɖe ƒe dzi me la gblɔ dzinɔameƒotɔe eme kɔ nyuie. Egblɔ be: “Wòe nye Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.” Míate ŋu akpɔ ale si Yesu kpɔ ŋudzedze ɖe Petro ŋu hekafui vividoɖeameŋutɔe la le susu me. Yesu na Petro nya be Yehowa Mawue nana ame siwo si xɔse vavã le la sea nyateƒenya vevi ma gɔme, ke menye amegbetɔ aɖekee o. Wona Petro kpɔ nyateƒenya vevi siwo Yehowa meɖe fia haɖe o la dometɔ ɖeka dze sii, si nye be Yesue nye Mesia alo Kristo si ŋugbe wodo ɣeyiɣi didi aɖee nye ema la!—Xlẽ Mateo 16:16, 17.

14. Dɔ vevi kawoe Yesu de asi na Petro?

14 Kristo siae woyɔ le blemanyagblɔɖi aɖe me be kpe si xɔtulawo agbe. (Ps. 118:22; Luka 20:17) Esi nyagblɔɖi mawo nɔ susu me na Yesu ta la, eɖee fia be Yehowa aɖo hame aɖe gɔme anyi ɖe kpe, alo kpe gbadza, ma tututu si Petro kpɔ dze sii teti koe nye ema la dzi. Eyome Yesu de dɔ vevi aɖewo asi na Petro le Kristo hamea me. Menye ɖe wòtsɔ Petro ɖo apostolo susɔeawo nu abe ale si ame aɖewo susuna ene o, ke boŋ agbanɔamedziwo koe wònae. Etsɔ ‘fiaɖuƒea ƒe safuiwo’ de asi na Petro. (Mat. 16:19) Eya ta Petro ƒe dɔe nye be wòaʋu Mawu Fiaɖuƒea me yiyi ƒe mɔkpɔkpɔ ɖi na ame hatsotso etɔ̃—gbã, na Yudatɔwo, emegbe na Samariatɔwo, eye mlɔeba na Dukɔwo me tɔwo alo ame siwo menye Yudatɔwo o.

15. Nu kae na Petro gbe nya na Yesu, eye nya kae Petro gblɔ nɛ?

15 Ke hã Yesu gblɔ emegbe be woabia nu geɖe tso ame siwo wode dɔ geɖe asi na la si, eye nu siae wodi tso Petro hã si. (Luka 12:48) Yesu yi edzi nɔ nyateƒenyawo ɖem ɖe go tso Mesia la ŋu, eye ku si ku ge wòala le Yerusalem kpuie la hã le eme. Nya siawo sese ɖe fu na Petro vevie. Eya ta eɖe kpɔ Yesu hegbe nya nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.”—Mat. 16:21, 22.

16. Aleke Yesu gbe nya na Petro, eye nufiame nyui kawoe le Yesu ƒe nyawo me na mí katã?

16 Susu nyui ye nɔ Petro si, eya ta ale si Yesu ɖo nyaa ŋu nɛ la anya wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Etrɔ megbe de Petro hekpɔ eƒe nusrɔ̃la susɔeawo, siwo hã anya nɔ nu ma ke susum, eye wògblɔ be: ‘Va yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nu si nye amegbetɔwo tɔ ko.’ (Mat. 16:23; Marko 8:32, 33) Nufiame nyuiwo le Yesu ƒe nyawo me na mí katã. Ele bɔbɔe ŋutɔ be míava nɔ nuwo ŋu bum abe amegbetɔwo ene, ke menye abe Mawu ene o. Ne míebua nuwo ŋu alea la, míava nɔ Satana ƒe tameɖoɖo dzi dem, ke menye Mawu tɔ o, ne kpekpeɖeŋue míedi be míana gɔ̃ hã. Gake aleke Petro wɔ nui?

17. Nu kae Yesu wɔnɛ si wògblɔ na be Petro be ‘Va yi megbenye’?

17 Kakaɖedzitɔe la, Petro nya be menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm be Satana Abosam ye yenye o. Le nyateƒe me la, Yesu meƒo nu na Petro abe ale si wòƒo nu na Satana ene o. Yesu gblɔ na Satana be: “Te ɖa le gbɔnye”; gake egblɔ na Petro ya be: ‘Va yi megbenye.’ (Mat. 4:10) Menye ɖe Yesu nɔ apostolo sia si me wòkpɔ nu nyui geɖe le la nyam ɖa le eɖokui ŋu o, ke boŋ ɖeko wònɔ eƒe nuŋububu si mesɔ o la ɖɔm ɖo. Ele be eme nakɔ na Petro be mele be yeazu nukikli le ŋgɔ na yeƒe Aƒetɔa o, ke boŋ ele be yeanɔ eyome ahakpe asi ɖe eŋu.

Ne míelɔ̃na faa woɖɔa mí ɖo eye míesrɔ̃a nu tso eme ko hafi míate ŋu ayi edzi anɔ tetem ɖe Yesu Kristo kple Fofoa, Yehowa Mawu ŋu

18. Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Petro ɖo ɖi na mí, eye aleke míate ŋu asrɔ̃e?

18 Ðe Petro he nya, do dziku, alo yɔ moa? Ao, elɔ̃ faa woɖɔe ɖo. Eto esia me gaɖe eƒe nuteƒewɔwɔ fia ake. Ame siwo katã dzea Kristo yome la ahiã na ɖɔɖɔɖo ɣeaɖewoɣi. Ne míelɔ̃na faa woɖɔa mí ɖo eye míesrɔ̃a nu tso eme ko hafi míate ŋu ayi edzi anɔ tetem ɖe Yesu Kristo kple Fofoa, Yehowa Mawu ŋu.—Xlẽ Lododowo 4:13.

Petro yi edzi wɔ nuteƒe togbɔ be woɖɔe ɖo hã

Woɖo Eƒe Nuteƒewɔwɔ Teƒe Nɛ

19. Nya wɔnuku kae Yesu gblɔ, eye nu kae Petro anya susu?

19 Eteƒe medidi o, Yesu gagblɔ nya wɔnuku aɖe be: “Vavãe mele egblɔm na mi be, ame aɖewo le ame siwo tsi tsitre ɖe afi sia dome, siwo maɖɔ ku akpɔ o va se ɖe esime wokpɔ Amegbetɔvi la wògbɔna le eƒe fiaɖuƒe la me.” (Mat. 16:28) Ðikeke mele eme o be, Petro anya di vevie be yease nya mawo gɔme. Nu ka tututue Yesu wɔnɛ? Ðewohĩ Petro asusui be esi wònye fifi laa koe wogbe nya na ye ta la, yemanɔ ame siwo si mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ ma asu la dome o.

20, 21. (a) Ƒo nu tso ŋutega si teƒe Petro kpɔ la ŋu. (b) Aleke dze si ɖom ame siwo le ŋutegaa me le la kpe ɖe Petro ŋu wòɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖo?

20 Ke hã anɔ abe kwasiɖa ɖeka ene megbe la, Yesu kplɔ Yakobo, Yohanes kple Petro “yi to kɔkɔ aɖe” dzi—ɖewohĩ Xermon To, si medidi boo tso afi ma o la dzie. Anɔ eme be zã mee woyi afi ma, elabena alɔ̃ nɔ wo tsɔm. Gake esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, nane dzɔ, si na alɔ̃ kɔ le mo na wo keŋkeŋ.—Mat. 17:1; Luka 9:28, 29, 32.

21 Kasia, Yesu ƒe nɔnɔme te tɔtrɔ le wo ŋkume. Eƒe mo te keklẽ, enɔ keklẽm va se ɖe esime wòklẽ sesĩe abe ɣe ene. Eƒe awuwo hã fu tititi henɔ dzo dam. Eyome ame eve aɖewo dze le Yesu xa, ɖeka ɖi Mose eye evelia ɖi Eliya. Wonɔ dze ɖom kplii tso “eƒe dzodzo si ava eme le Yerusalem,” si fia eƒe ku kple tsitretsitsi la, ŋu. Eme kɔ na Petro azɔ be ye tɔ medzɔ be yeagbe nya na Yesu be wòagakpe fu ahaku o!—Luka 9:30, 31.

22, 23. (a) Aleke Petro ɖe dzonɔameme kple veviedodo ƒe gbɔgbɔ fiae? (b) Aleke wogaɖo eteƒe na Petro, Yakobo kple Yohanes le zã ma me?

22 Ŋutega wɔnuku sia ʋã Petro ale gbegbe be wòge ɖe dzeɖoɖoa me, eye ɖewohĩ edi gɔ̃ hã be dzeɖoɖoa nayi edzi. Azɔ edze abe ɖe Mose kple Eliya nɔ dzodzom le Yesu gbɔ ene. Eya ta Petro gblɔ be: “Nufiala, enyo na mí be míanɔ afi sia, eya ta na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya.” Le nyateƒe me la, Yehowa subɔla eve siawo siwo ku xoxoxo, siwo dze le ŋutega sia me la mehiã agbadɔ o. Petro menya nya si gblɔm wònɔ o. Gake ɖe ŋutsu sia si ɖea dzonɔameme kple veviedodo fiana la ƒe nu menyo ŋuwò ŋutɔ oa?—Luka 9:33.

Woɖo eteƒe na Petro esi wona woa kple Yakobo kple Yohanes wokpɔ ŋutega ʋãme aɖe teƒe

23 Wogaɖo eteƒe na Petro, Yakobo kple Yohanes le mɔ bubu aɖe nu le zã ma me. Alilikpo dodo aɖe va tsyɔ wo dzi le toa dzi. Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me—Yehowa Mawu ƒe gbee! Egblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si metia. Miɖo toe.” Kasia, ŋutega la wu enu, eye woawo ɖeɖe koe kpɔtɔ ɖe Yesu gbɔ le toa dzi.—Luka 9:34-36.

24. (a) Aleke Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ si teƒe Petro kpɔ la ɖe vi na Petro? (b) Aleke Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nuŋlɔɖia ate ŋu aɖe vi na mí egbea?

24 Nunana wɔnuku ka gbegbee nye esi ŋutega ma nye na Petro kple míawo siaa! Ƒe geɖe megbe la, eŋlɔ nu tso mɔnukpɔkpɔ si su esi zã ma me be “[wòkpɔ Yesu ƒe] gãnyenye kple atsyɔ̃ teƒe,” si ɖe ale si Yesu ava zu Fia anɔ ŋutikɔkɔe me le dziƒo fia do ŋgɔ, la ŋu. Ŋutega ma ɖo kpe nyagblɔɖi geɖe siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi, eye wòdo ŋusẽ Petro ƒe xɔse ɖe dodokpɔ siwo me to ge wògbɔna la ŋu. (Xlẽ 2 Petro 1:16-19.) Ate ŋu ado ŋusẽ míawo hã nenema ke ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Aƒetɔ si Yehowa ɖo mía nu la, ne míeyi edzi le nu srɔ̃m tso egbɔ, ne míelɔ̃na wòɖɔa mí ɖo hemlãa mí, eye míebɔbɔa mía ɖokui dzea eyome ɖaa abe ale si Petro wɔe ene.

^ mm. 6 Míate ŋu akpɔe be ale si amehaa wɔ nu le ƒuƒoƒea la ɖee fia be woƒe nuwɔna meto mɔ ɖeka o, ne míetsɔe sɔ kple ale si wowɔ nu ɖe Yesu ŋu le ŋkeke si do ŋgɔ ko dzi esime wogblɔ dzidzɔtɔe be Yesu nye Mawu ƒe nyagblɔɖila.—Yoh. 6:14.

^ mm. 11 Afi si wotso le Galilea Ƒua nu la nye teƒe si yi anyi me wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme abe meta 210 ene, eye wozɔ kilometa 50 ƒe mɔ to nuto dzeaniwo me va ɖo teƒe si kɔ wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme abe meta 350 ene.