Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 SRƆ̃ WOƑE XƆSE | MARIA

Edo Dzi Le Vevesese Si Le Abe Yi Tɔame Ene La Me

Edo Dzi Le Vevesese Si Le Abe Yi Tɔame Ene La Me

MARIA lulu hetsi klo dzi, le vevesese si wu gbɔgblɔ nɛ la ta. Eƒe susu gale nya mamlɛtɔ si via do ɣli gblɔ hafi ku le gaƒoƒo geɖe ƒe fuwɔamea megbe la ŋu. Ŋdɔ mee, gake xexea me do viviti. Azɔ anyigba ʋuʋu sesĩe. (Mateo 27:45, 51) Anya wɔ na Maria be Yehowa ŋutɔe di be ame sia ame nanyae be ye, Yehowa, dzie Yesu Kristo ƒe kua te ɖo wu ame bubu ɖe sia ɖe.

Esi xexea me gava nɔ kɔkɔm le viviti si do ɖe Golgota, alo Ametakoliƒea megbe la, Maria kpɔtɔ nɔ fafam na via. (Yohanes 19:17, 25) Eƒe susu anya yi nu siwo dzɔ ƒe aɖewo va yi la dzi. Ðewohĩ eɖo ŋku nane si dzɔ anɔ ƒe 33 ye nye ema va yi la dzi. Ɣemaɣi la, ɖeko woa kple Yosef wokɔ wo vi lɔlɔ̃a yi gbedoxɔa me le Yerusalem ɖaɖo Yehowa ŋkume teti koe nye ema, eye gbɔgbɔ ʋã amegãɖeɖi Simeon wògblɔ nya ɖi le ɖevia ŋuti. Egblɔ nu gã siwo Yesu ava wɔ la ŋu nya ɖi, eye wògblɔ kpee be gbe ɖeka la, Maria ase le eɖokui me abe ɖe woƒo yi legbee aɖe ɖee ene. (Luka 2:25-35) Fifia si wòle veve sem helĩhelĩ lae wòva se nya sia gɔme nyuie.

Maria se veve abe ɖe woƒo yi ɖe eƒe dzi ene

Wogblɔna be vikunamee nye ku si vena hegbãa dzi na ame wu ɖe sia ɖe. Ku nye futɔ vɔ̃ɖi, eye wòdoa vevesese na mí katã le mɔ vovovowo nu. (Romatɔwo 5:12; 1 Korintotɔwo 15:26) Ðe wòanya wɔ be ame nado dzi le vevesese mawo mea? Esime míele Maria ƒe ŋutinyaa me dzrom tso Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe kugbe kpakple nu siwo dzɔ le ema yome teti dzi la, míasrɔ̃ nu geɖe tso xɔse si kpe ɖe Maria ŋu wòte ŋu do dzi le vevesese si nɔ abe ɖe woƒo yi ɖee ene la me.

“NU SIA NU SI WÒAGBLƆ NA MI LA, MIWƆE”

Míatrɔ susu ɖe nu siwo dzɔ ƒe etɔ̃ kple afã do ŋgɔ la ŋu azɔ: Maria de dzesii be tɔtrɔ aɖe gbɔna. Ame sia ame kloe nɔ nu ƒom tso Yohanes Amenyrɔɖetsimelaa kple eƒe gbedeasi ʋãme si ku ɖe dzimetɔtrɔ ŋu la ŋu le Nazaret du sue la gɔ̃ hã me. Maria nyae be le ye vi tsitsitɔa gbɔ la, nudzɔdzɔ mawo nye dzesi be ɣeyiɣia de be wòadze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme. (Mateo 3:1, 13) Yesu ƒe dzodzo le aƒea me anye taɖui na Maria kple via susɔeawo. Nu ka tae?

Edze abe Maria srɔ̃, Yosef, anya ku xoxo ɣemaɣi ene. Ne nenemae la, ke Maria nya ale si ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku venae. * Ɣemaɣi la, menye ɖeko woyɔa Yesu be ‘atikpala la ƒe vi’ o, ke woyɔnɛ be “atikpala” hã. Edze ƒãa be Yesue nɔ fofoa ƒe dɔa nu ɣemaɣi eye wòwɔa dɔ kpɔa ƒomea, si me eyometɔ ade ya teti nɔ la dzi. (Mateo 13:55, 56; Marko 6:3) Ne Yesu na hehe Yakobo, si anya nye ŋutsuvi tsitsitɔ si wodzi ɖe eyome la be wòava nɔ ƒomea ƒe dɔa nu hã la, eya si nye woƒe tsitsitɔ ƒe dzodzo le aƒea me awɔe be nɔnɔmeawo manɔ bɔbɔe na ƒomea o. Agba kpekpe le Maria dzi xoxo; ɖe tɔtrɔ si ava eƒe ƒomea me na wòtsi dzimaɖia? Míenya ya o. Gake biabia si le vevie wu lae nye esi: Aleke wòawɔ nui ne Yesu Nazaretetɔ la va zu Yesu Kristo, Mesia si ŋugbe wodo tso gbe aɖe gbe ke la? Biblia me ŋutinya aɖe kɔ nya sia me.Yohanes 2:1-12.

 Yesu yi Yohanes gbɔ wònyrɔe, eye wòzu Mawu ƒe Amesiamina, alo Mesia la. (Luka 3:21, 22) Eyome ete eƒe nusrɔ̃lawo nu ƒoƒo ƒu. Togbɔ be eƒe dɔa hiã kpata hã la, edia ɣeyiɣi kpɔa dzidzɔ kple ƒomea kpakple xɔlɔ̃wo. Woa kple dadaa kple nusrɔ̃laawo kpakple nɔviawo woyi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe le Kana, si anye du si le togbɛ aɖe dzi eye wòdidi tso Nazaret gbɔ abe kilometa 13 ene. Esi azãɖuɖua nɔ edzi yim la, Maria de dzesi kuxi aɖe. Ðewohĩ ede dzesii be srɔ̃ɖelawo ƒe ƒometɔ aɖewo tsi dzodzodzoe henɔ dalĩ dom. Wain la vɔ na wo! Le ɣeyiɣi mawo me la, ne womete ŋu wɔ amedzro na amewo abe ale si dze ene o la, enyea ŋukpe na ƒomea, eye esia gblẽa azãɖuɖua me. Esia te ɖe Maria dzi, eye wòte ɖe Yesu ŋu.

Egblɔ na via be: “Wain mele wo si o.” Nu kae wònɔ mɔ kpɔm be ye via nawɔ? Míenya ya o, gake enyae be ye via nye ame vevi si ate ŋu awɔ nu gãgãwo. Ðewohĩ enɔ mɔ kpɔm be adze egɔme azɔ. Ðeko wòle abe ɖe wòle gbɔgblɔm nɛ be, “Vinye, meɖe kuku, wɔ nane dzro!” ene. Ale si Yesu ɖo nya ŋu nɛ la anya wɔ nuku nɛ. Egblɔ nɛ be: “Nya kae le mía kpli wò dome, nyɔnu?” Togbɔ be ame aɖewo bu Yesu ƒe nya siawo vodadatɔe be enye amemabumabu hã la, menye nenemae wòle kura o. Ke hã eƒe nyawo nye ameɖɔɖɔɖo tufafatɔe. Yesu nɔ ŋku ɖom edzi na dadaa be menye eyae afia ale si wòle be yeawɔ yeƒe subɔsubɔdɔae la ye o; ye Fofo, Yehowa, ɖeɖe koe kpɔ mɔ awɔ esia.

Maria lɔ̃ xɔ via ƒe nuxlɔ̃amea, elabena enye nyɔnu si sea nu gɔme si bɔbɔa eɖokui. Etrɔ ɖe nuɖuɖudzikpɔlawo ŋu gblɔ na wo kpuie ko be: “Nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.” Maria se egɔme azɔ be meganye yee aɖo nu na ye via o; ke boŋ ye ŋutɔ kple ame bubuwo siaa ye axɔ mɔfiame tso egbɔ. Yesu hã ɖee fia be yese nu si ta ye dada se veve ɖe srɔ̃tɔ yeyeawo nu la gɔme. Eya ta ewɔ eƒe nukunu gbãtɔ; etrɔ tsi wòzu wain. Nu kae do tso eme? “Eƒe nusrɔ̃lawo xɔ edzi se.” Maria hã xɔ Yesu dzi se. Menye ɖeko wòbunɛ be ye vi koe wònye o, ke ebunɛ hã be enye yeƒe Aƒetɔ kple Ðela.

Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Maria ƒe xɔse me. Ele eme be ame aɖeke mehe vi aɖe si de blibo abe Yesu ene kpɔ o. Gake ne ɖevi ɖe sia ɖe va zu ame tsitsi la, esia tea ŋu hea kuxi vanɛ. Nu si tae nye be dzilawo yia edzi wɔa nu ɖe wo viŋutsua alo wo vinyɔnua ŋu abe ɖevi ko wògakpɔtɔ nye ene, evɔ mesɔ be woaganɔ nu wɔm ɖe eŋu alea o. (1 Korintotɔwo 13:11) Aleke dzila ate ŋu akpe ɖe via tsitsi la ŋu? Mɔ ɖekae nye be dzilaa naɖee afia be yeka ɖe edzi be ye via ayi edzi anɔ agbe ɖe Biblia ƒe nufiafiawo nu ale be Yehowa nayrae. Ne dzila aɖe bɔbɔ eɖokui wɔ nu le xɔse me heɖee fia be yeka ɖe ye via dzi la, nu nyui geɖe ado tso eme. Ðikeke mele eme o be Yesu de asixɔxɔ kpekpeɖeŋu si Maria nɛ le nu wɔdɔɖeamedzi siwo va dzɔ le ƒe siwo kplɔe ɖo me la ŋu ŋutɔ.

‘NƆVIAWO MEXƆ EDZI SE O’

Nya ʋɛ aɖewo ko wogblɔ tso Maria ŋu le Nyanyuigbalẽawo me le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ ƒe etɔ̃ kple afã la me. Gake ɖo ŋku edzi be anɔ eme be ahosie Maria nye—enye dzilaɖekɛ si gale vi geɖe dzi kpɔm. Eya ta ne mete ŋu dze Yesu yome esime wònɔ gbeƒã ɖem le wo denyigba katã dzi o la, gɔmesese le eŋu. (1 Timoteo 5:8) Ke hã eyi edzi de ŋugble le Mawu ƒe nya siwo wòsrɔ̃ ku ɖe Mesia ŋu la ŋu eye woa kple eƒe ƒomea wodea ƒuƒoƒe si le woƒe nutoa me la ɣesiaɣi abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene.Luka 2:19, 51; 4:16.

Ne ele alea la, ɖe manɔ eme be enɔ amewo dome esime Yesu ƒo nu le ƒuƒoƒea le Nazaret oa? Dzidzɔ gã kae nye esi wòanye nɛ esi via ɖe gbeƒãe  be Mesia la ŋuti nya si wogblɔ ɖi ƒe alafa geɖe la va eme ɖe ye dzi azɔ! Ke hã ate ɖe edzi godoo esi wòkpɔe be yewo de Nazaret tɔwo mexɔ ye via dzi se o. Wotee kpɔ gɔ̃ hã be yewoawui!Luka 4:17-30.

Nu si gate ɖe edzi hãe nye ale si viaŋutsu susɔeawo wɔ nu ɖe Yesu ŋui. Míede dzesii le Yohanes 7:5 be Yesu nɔviŋutsu eneawo mexɔ edzi se abe wo dada ene o. Mawunyakpukpui ma gblɔ be: ‘Nɔviawo ke hã mexɔ edzi se o.’ Gake Biblia megblɔ nya aɖeke tso Yesu nɔvinyɔnu—siwo ade eve ya teti la—ŋu o. * Aleke kee nyaa ɖale o, Maria nya ale si ƒome si me tɔwo ƒe susu mewɔ ɖeka le mawusubɔsubɔ gome o la sea vevee. Ele be wòayi edzi alé nyateƒe si Mawu ɖe fia la me ɖe asi eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòaku kutri vevie akpe ɖe eƒe ƒomea ŋu woƒe dzi natrɔ ɖe nyateƒea ŋu, eye wòawɔ esia ŋuɖɔɖotɔe ke menye kple dzizizi o.

Gbe ɖeka, ƒometɔwo ƒo ƒu ‘yi Yesu lé ge,’ eye ɖikeke mele eme o be Yesu nɔviŋutsuwo hã nɔ wo dome. Le nyateƒe me la, wonɔ gbɔgblɔm be: “Eƒe tagbɔ le gbegblẽm.” (Marko 3:21, 31) Gake Maria ya mebui nenema o, ke hã eyi kple viaŋutsuawo, ɖewohĩ enɔ mɔ kpɔm be woasrɔ̃ nane si akpe ɖe wo ŋu woatsi le xɔse me. Ðe wosrɔ̃ nane nyateƒea? Togbɔ be Yesu yi edzi nɔ nukudɔ geɖewo wɔm henɔ nyateƒe wɔnukuwo fiam hã la, Maria viŋutsu susɔeawo mexɔ Yesu dzi se o kokoko. Ðe woƒe nuwɔnaa te ɖe Maria dzi, si wɔe be wònɔ eŋu bum be nu ka gɔ̃e ana woatrɔ woƒe susu hã?

Ðe wò ƒomea me tɔwo ƒe dzixɔsewo to vovoa? Àte ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ale si Maria wɔ nu le xɔse me la me. Dzi meɖe le eƒo wòɖe asi le eƒe ƒomea me tɔ siwo mexɔ Yesu dzi se o la ƒe nya me o. Ke boŋ etiae be yeana woakpɔe adze sii be yeƒe xɔse na yele dzidzɔ kpɔm eye yeƒe susu hã dze akɔ anyi. Azɔ hã eyi edzi nɔ dzi dem ƒom na via Yesu nuteƒewɔla la. Ðe wòsusua Yesu ɣeaɖewoɣia? Ðe wòdina ɣeaɖewoɣi be Yesu nakpɔtɔ anɔ yewo gbɔ le aƒea mea? Nenye nenemae hã la, mena esia ɖe fu nɛ o. Ekpɔe be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeana kpekpeɖeŋu Yesu ahade dzi ƒo nɛ. Ðe nàte ŋu akpe ɖe viwòwo ŋu be woana Mawu subɔsubɔ nanɔ vevie na wo wu le agbe mea?

‘YI LEGBE AÐE AƑO ÐE WÒ LUƲƆ’

Esi Maria xɔ Yesu dzi se la, ɖe woɖo eteƒe nɛa? Yehowa megbea eteƒeɖoɖo na ame siwo xɔ edzi se la gbeɖe o, eye eɖo Maria hã ƒe xɔse teƒe nɛ. (Hebritɔwo 11:6) Wò ya bu ale si gbegbe Maria ase le eɖokui me ne eya ŋutɔ see via le nu fiam alo be ame siwo nɔ eteƒe la va ka eta nɛ ŋu kpɔ.

Hehe si Yosef kple Maria na Yesu la dze ƒãa le nu siwo wòtsɔ wɔ kpɔɖeŋuwoe la me

Ðe kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ la na Maria ɖo ŋku via ƒe ɖevime esime wònɔ tsitsim le Nazaret la dzia? Esi Yesu ƒo nu tso nyɔnu aɖe si le eƒe aƒe me kplɔm le eƒe gaku si bu la dim ŋu, esi wòƒo nu tso nyɔnu si le wɔ tum be yeatsɔ ame abolo alo nyɔnu si sia akaɖi hetsɔnɛ dana ɖe akaɖiti dzi ŋu la, ɖe esia na Maria ɖo ŋku ɣeyiɣi si me Yesu nye ɖevi sue nɔa egbɔ wònɔa dɔ mawo wɔm gbe sia gbe la dzia? (Luka 11:33; 15:8, 9; 17:35) Esi Yesu gblɔ be yeƒe kɔkuti la le bɔbɔe eye yeƒe agba la le wodzoe la, ɖe Maria ƒe susu yi keke Yesu ƒe ɖevime ke esime wònɔ Yosef gbɔ eye wònɔ ale si wokpaa kɔkuti si lãwo ate ŋu atsɔ bɔbɔe la fiamee le ɣe ƒe amigogbaɣi la dzia? (Mateo 11:30) Ne Maria le ŋugble dem le mɔnukpɔkpɔ si Yehowa nɛ le agbe me be wòanyi vi si ava zu Mesia la eye wòana hehee ŋu la, anye dzidzɔ gã aɖe nɛ godoo. Eye ɖe makpɔ dzidzɔ manyagblɔ ne eya ŋutɔ le to ɖom Yesu, nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la esime wòle nu siwo ame sia ame nya kple nudzɔdzɔ vovovowo zãm tsɔ le nu veviwo fiam amewo oa?

 Ke hã Maria yi edzi bɔbɔ eɖokui. Via mede bubu si gbɔ eme eŋu kpɔ gbeɖe o, eye mewɔ naneke si fia be ele be woasubɔe o. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, nyɔnu aɖe do ɣli tso amehawo dome gbe ɖeka gblɔ be ele be dzi nadzɔ Yesu dada ŋutɔ be yedzi Yesu. Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ao, ke boŋ: Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!” (Luka 11:27, 28) Eye esi ame aɖe gblɔ na Yesu be dadaa kple nɔviawo gbɔna la, egblɔ be ame siwo xɔ Mawu dzi se lae nye ye dadawo kple ye nɔviwo. Maria medo dziku le nya sia ta o, ke boŋ ese nu si Yesu wɔnɛ la gɔme be, haxɔsetɔwo dome kadodoa le vevie wu ƒomekadodowo.Marko 3:32-35.

Ke hã ɖe ame aɖe ate ŋu aɖɔ veve si gbegbe Maria se esime wòkpɔ wohe via ɖe fuwɔameti ŋu wòkpe fu yi ɖe ku mea? Emegbe apostolo Yohanes, si ŋutɔ kpɔ Yesu ƒe kua teƒe la va ŋlɔ nya sia si afia nu geɖe mí la ɖe eƒe nuŋlɔɖia me be: Le ɣeyiɣi wɔnublanui ma me la, Maria nɔ tsitre “ɖe [fuwɔameti si ŋu Yesu nɔ] la gbɔ.” Naneke mate ŋu axe mɔ na vidada lɔ̃ame wɔnuteƒe sia be wòaganɔ via ŋu va se ɖe nuwuwu o. Yesu kpɔ dadaa, eye togbɔ be eƒe gbɔgbɔ ɖe sia ɖe kple nya ɖe sia ɖe si wòagblɔ la nana wòsea veve helĩhelĩ hã la, ete ŋu ƒo nu. Egblɔ na apostolo Yohanes si wòlɔ̃na vevie la be wòalé be na ye dadaa. Esi wònye be Yesu nɔviŋutsuawo mekpɔ xɔ edzi se o ta la, Yesu metsɔ Maria dzi kpɔkpɔ de asi na wo dometɔ aɖeke o, ke boŋ etsɔe de asi na eyomedzela wɔnuteƒe la. Yesu to esia dzi ɖee fia be ele vevie be ŋutsu si si xɔse le la nalé be na eya ŋutɔ ƒe ƒometɔwo, eye esi le vevie wue nye be wòakpe ɖe wo ŋu woawɔ nuteƒe na Mawu.Yohanes 19:25-27.

Esi Yesu ku mlɔeba la, Maria se veve abe ɖe woƒo yi ɖee ene, le nyagblɔɖia ƒe nya nu. Ne esesẽ be míase ale si gbegbe wòse vevee gɔme la, ke bu dzidzɔ gã manyagblɔ si wòkpɔ le ŋkeke etɔ̃agbe la ŋu kpɔ! Wova gblɔ nukunu gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ la ŋu nya na Maria be wofɔ Yesu ɖe tsitre! Eye eƒe dzidzɔa gadzi ɖe edzi esi Yesu va ɖe eɖokui fia dadaavi Yakobo emegbe, eye anɔ eme godoo be ame bubu aɖeke menɔ afi ma o. (1 Korintotɔwo 15:7) Woƒe gododoa wɔ dɔ ɖe Yakobo kple Yesu nɔviŋutsu susɔeawo hã dzi. Míenyae be emegbe la, wova xɔ Yesu dzi se be eyae nye Kristo la. Eye eteƒe medidi o, woawo hã wowɔ ɖeka kple wo dada le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me “nɔ gbedodoɖa dzi.” (Dɔwɔwɔwo 1:14) Wo dometɔ eve, siwo nye Yakobo kple Yuda, va ŋlɔ agbalẽ siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo.

Maria kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ye viŋutsu susɔeawo hã va zu Kristotɔ wɔnuteƒewo

Zi mamlɛtɔ si woyɔ Maria ŋkɔ ye nye esime woa kple viaŋutsuawo nɔ kpekpea nɔ gbe dom ɖa. Ðe menyo ŋutɔ be Maria ƒe ŋutinyaa wu enu elea, si nye kpɔɖeŋu nyui aɖe wòɖo ɖi na mí oa? Le xɔse si nɔ esi ta la, edo dzi le vevesese si ƒo ɖee abe yi ene la me, eye wòva xɔ teƒeɖoɖo wɔnuku aɖe mlɔeba. Ne míesrɔ̃ eƒe xɔse la, míawo hã míate ŋu ado dzi le xaxa ɖe sia ɖe si ava mía dzi le xexe sia me la me, eye teƒeɖoɖo si míate ŋu asusu gbeɖe o la ava su mía si.

^ mm. 8 Tso esime woƒo nu tso Yosef ŋu le nudzɔdzɔ aɖe me le esi me Yesu xɔ ƒe 12 megbe la, womegaƒo nu tso eŋu le Nyanyuigbalẽawo me o. Emegbe wova ƒo nu tso Yesu dada kple nɔviawo ŋu, gake womeƒo nu tso Yosef ya ŋu o. Ɣeaɖeɣi la, woyɔ Yesu be “Maria ƒe vi,” gake womeyɔ Yosef ŋkɔ o.Marko 6:3.

^ mm. 16 Menye Yosef ye nye Yesu fofo ŋutɔŋutɔ o, eya ta ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, dadaviwo koe woa kple nɔvia siawo nye.Mateo 1:20.