Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA BLAEVE VƆ ÐEKƐLIA

Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi

1-3. Nudzɔdzɔ wɔnuku kawo teƒee Petro kpɔ le ŋkekea me, eye nu ka me tom wònɔ le zã me?

PETRO gbla ɖe atablu la ŋu le tɔa dzi le vivitia me. Ðe wòanye be kekeli sue aɖe kpɔmee wòle le tɔa nu ɖaa le ɣedzeƒe gome, si fia be agudzeɣi ɖo mlɔeba? Eƒe dzime kple abɔtawo katã nɔ evem le tɔdziʋua kuku gaƒoƒo geɖe ta. Yaƒoƒo sesẽ si na eƒe ɖa nɔ ya ƒom la na Galilea Ƒua dze agbo vevie. Ƒutsotsoewo nɔ mimlim va nɔ tɔdziʋua ƒe ŋgɔgbe lɔm henɔ tsi fafɛa hlẽm ɖe eŋu, si wɔe be wòƒo tsi bekee. Gake eyi edzi nɔ ʋua kum ŋkubiãtɔe.

2 Yesu menɔ ʋua me kple Petro kple eƒe zɔhɛawo o, elabena wogblẽ eya ɖeka ɖe ƒua ta dzo. Gbe ma gbe la, wokpɔ eteƒe Yesu tsɔ abolo kple tɔmelã ʋɛ aɖewo ko nyi ame akpe geɖewo nukutɔe. Esia wɔe be ameawo di be yewoalé Yesu aɖo fiae, gake medi be yeade nu dunyahenuwɔna aɖeke me o. Eɖoe kplikpaa be yeakpe ɖe ye yomedzelawo hã ŋu woaƒo asa na dunyahehe. Esi wòna amehawo dzo vɔ la, ebia tso eƒe nusrɔ̃lawo si be woaku tɔdziʋua ayi ƒua ƒe go kemɛ, esime eya ŋutɔ yi to la dzi be yeaɖado gbe ɖa.—Marko 6:35-45; xlẽ Yohanes 6:14-17.

3 Dzinu si de sɔsɔ ge tegblẽe la nɔ dzedzem le dzi ɖaa esime nusrɔ̃laawo dze mɔ, gake fifia ele to ɖom blewu yina ɖe anyime ʋĩi le ɣetoɖoƒe gome, elabena wonɔ ʋua kum zã bliboa katã. Ke hã kilometa ʋɛ aɖewo ƒe mɔ koe wote ŋu zɔ. Agbagbadzedze blibo si tɔdziʋua kuku bia kple ale si yaƒoƒoa kple ƒutsotsoeawo nu sẽe la wɔe be dzeɖoɖo kple ame nɔewo zu dɔ. Eya ta anɔ eme be Petro yi ŋugble me ʋĩi.

Petro srɔ̃ nu geɖe tso Yesu gbɔ le ƒe eve ko me, gake nu geɖewo gali wòasrɔ̃

4. Agbagba kae Petro dze si na wòzu kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí be míasrɔ̃?

4 Nu geɖe ŋutɔ anɔ susu me na Petro! Enɔ Yesu Nazaretetɔ la yome ƒe eve kple edzivɔ siwo me yɔ fũu kple nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedziwo. Esrɔ̃ nu gbogbo aɖewo ŋutɔ, gake nu geɖewo gali wòasrɔ̃ ku ɖe ale si wòaɖu mɔxenuwo abe vɔvɔ̃ kple ɖikeke ene dzi ŋu. Eye ale si wòlɔ faa wɔ esia la na wòzu kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe si wòle be míasrɔ̃. Na míakpɔ nu si tae ɖa.

“Míekpɔ Mesia La”!

5, 6. Aleke agbea nɔ na Petro?

5 Petro maŋlɔ ŋkeke si dzi wòdo go Yesu zi gbãtɔ la be gbeɖe o. Nɔviaŋutsu Andrea ye va gblɔ nya nyui wɔnuku sia nɛ gbã be: “Míekpɔ Mesia la.” Nya ma sese he tɔtrɔ geɖe va Petro ƒe agbe me. Maganɔ agbe abe ale si wònɔnɛ tsã ene gbeɖe o.—Yoh. 1:41.

6 Petro nɔ Kapernaum, si nye du aɖe si nɔ ta, si woyɔna be Galilea Ƒu la, ƒe dziehe gome la me. Woa kple Andrea kpakple Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo, la dea tɔƒo ɖekae. Menye Petro kple srɔ̃a ɖeɖe koe nɔ woƒe aƒea me o, ke nɔviaŋutsu Andrea kple lɔ̃xoa hã kpe ɖe wo ŋu. Edze ƒãa be ƒome sia dzi kpɔkpɔ to tɔƒodede dzi bia dɔ sesẽ wɔwɔ, kutrikuku kple aɖaŋudzedze geɖe. Míate ŋu akpɔ kutri si gbegbe ŋutsu siawo kuna zã sia zã nɔa woƒe ɖɔwo dam henɔa lã ɖe sia ɖe si ge ɖe ɖɔawo me la hem to tɔdziʋu eve dome atsɔ ava gotae la le susu me. Míate ŋu akpɔ ale si wokua kutri gaƒoƒo geɖe le ŋkeke me la hã le susu me; wonɔa tɔmelãwo me tiam henɔa wo dzram, eye wonɔa ɖɔwo sam henɔa wo kpalam.

7. Nya kae Petro se tso Yesu ŋu, eye nu ka tae wònye dzidzɔnya ɖo?

7 Biblia gblɔ na mí be Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe nusrɔ̃lae Andrea nye. Anɔ eme godoo be Petro sea Yohanes ƒe gbeƒãɖeɖewo ŋuti nya dodzidzɔname geɖewo tso nɔvia gbɔ. Gbe ɖeka la, Andrea nɔ eteƒe esime Yohanes fia asi Yesu Nazaretetɔ la hegblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi lae nye esi!” Tso ekema dzi la, Andrea va zu Yesu yomedzela, eye wòva gblɔ nya nyui sia na Petro be: Mesia la va ɖo! (Yoh. 1:35-40) Anɔ abe ƒe 4,000 aɖewo do ŋgɔ na ɣemaɣi, esime mía dzila gbãtɔawo dze aglã le Eden la, Yehowa Mawu do ŋugbe be ame tɔxɛ aɖe ava he mɔkpɔkpɔ vavã vɛ na ameƒomea. (1 Mose 3:15) Andrea kpɔ Ðela sia si nye Mesia la kple eƒe ŋkuwo! Petro hã ɖe abla yi Yesu gbɔ.

8. Ŋkɔ si Yesu tsɔ na Petro la gɔme ɖe, eye nu ka tae ame aɖewo gasusuna kokoko be ŋkɔ ma mesɔ nɛ o?

8 Do ŋgɔ la, ŋkɔ si wonya na Petroe nye Simon, alo Simeon. Gake Yesu kpɔe dũu hegblɔ nɛ be: “‘Wòe nye Simon, Yohanes vi; woayɔ wò be Kefas’ (si gɔme woɖe be Petro).” (Yoh. 1:42) “Kefas” nye ŋkɔ si gɔmee nye “kpe,” alo “agakpe.” Edze ƒãa be nyagblɔɖie Yesu ƒe nya siawo nye. Ekpɔe do ŋgɔ be Petro ava nɔ abe agakpe ene—anye ame like, si anɔ te sesĩe, si dzi woate ŋu aka ɖo, eye akpɔ ŋusẽ nyui ɖe Kristo yomedzelawo dzi. Ðe Petro ŋutɔ hã bu eɖokui nenema? Edze abe mebui nenema o ene. Ame siwo xlẽa Nyanyuigbalẽawo egbea la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã mekpɔ kpeɖodzi boo aɖeke be Petro le abe agakpe ene o. Ame aɖewo gblɔ be eŋuti nuŋlɔɖi si le Biblia me la na wòdze abe enye ame si meli ke ale o, ame si ƒe susu trɔna kabakaba, si dzi womate ŋu aka ɖo bliboe o ene.

9. Nu kae Yehowa kple Via dina le mía me, eye le wò susu nu la, nu ka tae wòle be míaka ɖe wo dzi?

9 Gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ Petro hã ŋu. Yesu nya esia nyuie. Gake abe Fofoa Yehowa ene la, Yesu dzea agbagba ɣesiaɣi be yeakpɔ nu nyui si le amewo me. Yesu kpɔ nɔnɔme nyui siwo le Petro si, eye wòdi be yeakpe ɖe eŋu wòatu nɔnɔme nyui mawo ɖo. Yehowa kple Via dia nu nyui siwo le míawo hã mía me egbea. Ate ŋu asesẽ na mí be míaka ɖe edzi be woate ŋu akpɔ nu nyui aɖe le mía me. Ke hã ele be míaka ɖe wo dzi eye míalɔ̃ be woafia nu mí ahaɖɔ mí ɖo abe ale si wònɔ le Petro gome ene.—Xlẽ 1 Yohanes 3:19, 20.

‘Mègavɔ̃ O’

10. Nu kawo teƒee Petro anya kpɔ, ke hã nu ka gbɔe wògatrɔ yi?

10 Petro anya kplɔ Yesu ɖo yi teƒe siwo wòyi ɖaɖe gbeƒã le la dometɔ aɖewo. Eya ta anya kpɔ eteƒe esi Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ, si nye ale si wòtrɔ tsi wòzu wain le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe le Kana. Gawu la, ese Yesu ƒe gbedeasi si yɔ fũu kple mɔkpɔkpɔ wɔnuku si ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Ke hã egatrɔ ɖe eƒe lãɖeɖedɔa ŋu. Gake ɣleti aɖewo megbe la, Petro kple Yesu gado go ŋkume kple ŋkume ake—eye fifia ya, Yesu kpee be wòazu ye yomedzela koŋ.

11, 12. (a) Aleke dɔa nɔ na Petro le zã bliboa katã me? (b) Biabia kawoe anya va susu me na Petro esime wònɔ to ɖom Yesu?

11 Ðeko Petro dagba ɖe yame zã bliboa katã koe nye ema. Woda ɖɔa zi gbɔ zi geɖe, gake ɖɔ ƒuƒlu koe wohena doa goe. Anɔ eme godoo be Petro zã eƒe tɔƒodeɖaŋuwo kple ŋutetewo katã be yeatsɔ akpɔ kuxia gbɔ, eda ɖɔ ɖe taa ƒe teƒeteƒe siwo wòsusu be lã geɖewo anɔ, gake gbeɖegbeɖea koe. Ðikekemanɔmee la, ɣeyiɣi aɖewo vana si me Petro sena le eɖokui me abe tɔƒodela bubuwo ke ene be, ne ɖe yeate ŋu akpɔ tsia te anya afi si tututu lãwo be ɖo ahana woage ɖe ɖɔawo me la, ne anyo ŋutɔ. Gake ɖeko nuŋububu alea agana dzi naɖe le eƒo wu. Menye modzakaɖeɖee lãɖeɖe nye na Petro o, elabena dɔ sia nue eƒe ƒomea nɔa agbe ɖo. Gake mlɔeba la, eva ɖi go asi ƒuƒlu. Ke hã ele be wòakpala ɖɔawo. Eya ta eƒe ŋku biã ɖe dɔ sia ŋu vevie esime Yesu te ɖe eŋu.

Mawu Fiaɖuƒea, si nye nyati vevitɔ si ŋu Yesu ɖea gbeƒã le la ŋuti nya sese meti Petro gbeɖe o

12 Amehawo nɔ Yesu mimim ɖo henɔ to ɖom eƒe nyawo vevie. Esi womimi Yesu ɖo nenema ta la, ege ɖe Petro ƒe tɔdziʋua me hebia tso esi be wòakui ate ɖa le goa ŋu vie. Yesu nɔ ʋua me le tsia dzi ƒo nu na ameha la eme kɔ nyuie. Petro ɖo to eƒe nyaawo nyuie abe ameha si le go dzi la ke ene. Mawu Fiaɖuƒea, si nye nyati vevitɔ si ŋu Yesu ɖea gbeƒã le la ŋuti nya sese meti Petro gbeɖe o. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wòanye nɛ be wòakpe ɖe Kristo ŋu woaɖe gbeƒã mɔkpɔkpɔ ƒe gbedeasi sia na amewo le afi sia afi! Gake ɖe esia anya wɔa? Aleke Petro awɔ akpɔ eƒe ƒomea dzi? Ðewohĩ Petro gaɖo ŋku ale si wòdagba ɖe yame zã bliboa katã la dzi.—Luka 5:1-3.

13, 14. Nukunu kae Yesu wɔ na Petro, eye aleke Petro wɔ nui?

13 Esi Yesu wu eƒe nuƒoa nu la, egblɔ na Petro be: “Ku ʋua yi afi si goglo, eye miɖi miaƒe ɖɔawo, ne miaɖe lã.” Petro meka ɖe edzi be yewoate ŋu aɖe lã o. Egblɔ be: “Nufiala, míeku kutri zã blibo la katã, gake míeɖe naneke o, gake le wò nya nu la, maɖi ɖɔawo.” Ðeko Petro kpala ɖɔawo koe nye ema. Le nyateƒe me la, Petro megadi kura be yeagaɖi ɖɔ ɖe tɔa me hafi o—vevietɔ le ɣeyiɣi sia si me lãawo maganɔ nu ɖum o! Ke hã elɔ̃ ɖe edzi, eye ɖewohĩ emia asi eƒe hadɔwɔla siwo nɔ tɔdziʋu bubu me be woakplɔ yewo ɖo.—Luka 5:4, 5.

14 Esi Petro te ɖɔa hehe la, ekpɔe be enɔ kpekpem ŋutɔ. Togbɔ be enɔ ɖi kem hã la, egahe ɖɔa sesĩe wu, eye kaka wòakpɔ la, lã gbogbo aɖewo ŋutɔ nɔ ʋiʋlim le ɖɔa me! Enumake emia asi ame siwo le tɔdziʋu evelia me be woava kpe ɖe yewo ŋu. Esi wohe ɖɔawo la, wova kpɔe kɔtɛ be lãawo sɔ gbɔ akpa na tɔdziʋu ɖeka. Woɖe wo de tɔdziʋu eveawo me woyɔ hele kpekpem ale gbegbe be ɖeko ʋuawo de asi toyiyi me. Ewɔ nuku na Petro ale gbegbe be gbɔgblɔ bu ɖee. Ekpɔ Kristo ƒe nukunuwɔwɔ teƒe kpɔ, gake eya ŋutɔe esia ɖe vi na tẽe. Ŋutsu aɖee nye esia si si ŋusẽ le be wòana woaɖe lã nukutɔe! Vɔvɔ̃ ɖo Petro ale gbegbe. Edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu enumake gblɔ be: “Aƒetɔ, dzo le gbɔnye, elabena nu vɔ̃ wɔla menye.” Aleke wòanya wɔ be wòade ha kple Ame sia si tea ŋu zãa Mawu ƒe ŋusẽ le mɔ wɔnuku sia nu?—Xlẽ Luka 5:6-9.

‘Aƒetɔ, nu vɔ̃ wɔla menye’

15. Aleke Yesu na Petro kpɔe be mehiã be wòatsi dzimaɖi alo avɔ̃ o?

15 Yesu gblɔ nɛ lɔlɔ̃tɔe be: ‘Mègavɔ̃ o. Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.’ (Luka 5:10, 11) Menye ɖikeke kple vɔvɔ̃ ƒe ɣeyiɣie nye esia o. Mehiã kura be Petro natsi dzimaɖi ɖe tɔƒodede alo mɔ si dzi wòato akpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ŋu o; nenema kee susu aɖeke meli si tae wòatsi dzi ɖe eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu alo ase le eɖokui me be yemedze o. Dɔ gã aɖe li wòle be Yesu nawɔ, eyae nye subɔsubɔdɔ si ahe tɔtrɔ ɖedzesiwo ava ameƒomea ƒe ŋutinya me. Mawu si tsɔa ‘nu vɔ̃ kena geɖe’ lae wònɔ dɔ wɔm na. (Yes. 55:7) Yehowa akpɔ Petro ƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo katã gbɔ na nɛ.—Mat. 6:33.

16. Aleke Petro, Yakobo kple Yohanes wɔ nui esi Yesu kpe wo, eye nu ka tae míagblɔ be wowɔ nyametsotso nyuitɔ?

16 Petro lɔ̃ enumake, nenema kee Yakobo kple Yohanes hã wɔe. “Woku tɔdziʋuawo va ɖi go, eye wogblẽ nu sia nu ɖi hedze eyome.” (Luka 5:11) Petro xɔ Yesu kple Ame si dɔe ɖa la dzi se. Esia nye nyametsotso nyuitɔ kekeake si wòate ŋu awɔ. Kristotɔ siwo ɖua woƒe ɖikeke kple vɔvɔ̃ dzi egbea hele Mawu subɔm la hã le xɔse ɖem fia nenema ke. Woƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu alea mazu dzodzro gbeɖe o.—Ps. 22:5, 6.

“Nu Ka Tae Nèke Ði?”

17. Nu siwo dzɔ le ƒe eve siwo me Petro zɔ kple Yesu la dometɔ kawo ŋue Petro anya nɔ ŋugble dem le?

17 Ƒe eve aɖewo le Petro ƒe gododo Yesu megbe la, Petro nɔ tɔdziʋu kum to Galilea Ƒua dzi le zã si me ya nɔ ƒoƒom sesĩe la me, abe ale si míeƒo nu tso eŋu le nyati sia ƒe gɔmedzedze ene. Míate ŋu anya nu si tututu ŋu bum Petro nɔ ya o. Nu geɖewo li siwo ŋu wòate ŋu abu! Yesu da dɔ na Petro lɔ̃xo va yi. Egblɔ Todzimawunya la hã. Eɖee fia to eƒe nufiafia kple nukunuwo dzi enuenu be yee nye Yehowa ƒe Ame Tiatia, si nye Mesia la. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, edze ƒãa be Petro ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, siwo dometɔ aɖewoe nye eƒe vɔvɔ̃ kple ɖikeke, dzi ɖe kpɔtɔ. Yesu tia Petro wònye eƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã! Ke hã Petro meɖu vɔvɔ̃ kple ɖikeke dzi keŋkeŋ haɖe o, abe ale si wòle ekpɔ ge kpuie ene.

18, 19. (a) Ƒo nu tso nu si Petro kpɔ le Galilea Ƒua dzi ŋu. (b) Nu kae Yesu wɔ esi Petro bia be ye hã yeazɔ tsia dzi?

18 Le zã ƒe ŋudzɔɣi enelia, si anye fɔŋli ga 3 kple agudzeɣi dome la, Petro kpɔ nane si na wòɖi vo hedzudzɔ ʋua kuku enumake. Nua nɔ zɔzɔm le ƒua dzi gbɔna! Ðe wòanye be ƒutsotsoeawoe lɔ yi dzi eye dzinu klẽ ɖe wo dzia? Ao, nu si wòkpɔ la dzɔ kã akpa. Amee! Ɛ̃, amee, eye ele zɔzɔm le tsia dzi gbɔna! Esi wònɔ tetem ɖe wo ŋu la, edze abe ɖe wòdi be yeato wo ŋu ayi ene. Nusrɔ̃laawo vɔ̃ ŋutɔ, eye wobu be nukpekpee. Tete amea ƒo nu gblɔ be: “Milé dzi ɖe ƒo, nyee; migavɔ̃ o.” Yesue!—Mat. 14:25-28.

19 Petro gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, nenye wòe la, ekema na mazɔ tsia dzi ava gbɔwò.” Petro wɔ nu dzinɔameƒotɔe le go sia me. Nukunu sia do dzidzɔ nɛ ale gbegbe be edi be yeawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ atsɔ aɖe yeƒe xɔse afia. Edi be ye hã yeazɔ tsia dzi. Yesu lɔ̃ faa be neva. Petro ɖi le tɔdziʋua me heɖo afɔ tsitsotsoeawo dzi. Wò ya bu ale si Petro anya se le eɖokui me esime wòɖo afɔ tsia dzi eye eƒe afɔwo te ŋu tɔ ɖe tsia dzi la ŋu kpɔ. Anya wɔ nuku nɛ ŋutɔ be yete ŋu le zɔzɔm le tsia dzi yina Yesu gbɔ. Kasia nane dzɔ si na vɔvɔ̃ ɖo Petro.—Xlẽ Mateo 14:29.

“Esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃”

20. (a) Nu kae na Petro ƒe susu dzo le Yesu dzi, eye nu kae do tso eme? (b) Nufiame ka dzie Yesu he Petro ƒe susu yi?

20 Ðe wòle be Petro ƒe susu nanɔ Yesu ŋu hafi. Yesu ye to ŋusẽ si Yehowa nae la dzi na Petro te ŋu nɔ ƒua dzi zɔm. Eye esi Petro ɖee fia be yexɔ Yesu dzi se tae wòna wòzɔ tsia dzi. Gake nane he Petro ƒe susu. Ŋutinyaa gblɔ be: “Esi wòkpɔ ale si ya la le ƒoƒom sesĩe la, evɔ̃.” Esi Petro kpɔ ale si ƒutsotsoeawo va nɔ ʋua lɔm eye ya lɔ tsia ɖe nu yi dzi la, vɔvɔ̃ ɖoe. Ðewohĩ esusui be yele nyɔnyrɔ ge ɖe tsia me ahaku. Esi vɔvɔ̃ ɖoe vevie ta la, eƒe xɔse hã gbɔdzɔ. Ŋutsu sia si woyɔ be Agakpe, le ŋutete si le esi be wòava zu ame like la, te toyiyi abe kpe ene le esi eƒe xɔse meli ke o ta. Petro nya tsiƒuƒu nyuie, gake fifia ya meɖo ŋu ɖe eƒe ŋutete ma ŋu o. Edo ɣli be: “Aƒetɔ, ɖem!” Yesu do asi ɖa lé eƒe alɔnu hehee do goe. Esi wogakpɔtɔ nɔ tsitre ɖe tsia dzi la, Yesu he Petro ƒe susu yi nufiame vevi aɖe dzi esi wògblɔ nɛ be: “Wò xɔse ʋɛ tɔ, nu ka tae nèke ɖi?”—Mat. 14:30, 31.

21. Nu ka tae ɖikeke menyo o, eye aleke míawɔ aɖu edzi?

21 Esɔ ŋutɔ be Yesu gblɔ be ‘nu ka tae wòke ɖi’ mahã! Ðikeke ate ŋu agblẽ nu ale gbegbe. Ne míekea ɖi la, ate ŋu agblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu eye míagbɔdzɔ le gbɔgbɔ me. Ele be míadze agbagba vevie aɖu edzi! Aleke míawɔe? Ele be míaƒo asa na susuhenuwo. Ne míenana míaƒe susu nɔa nu siwo doa vɔvɔ̃ na mí, nu siwo ɖea dzi le mía ƒo, alo nu siwo hea míaƒe susu ɖa le Yehowa kple Via ŋu dzi la, ɖikeke aƒo ke ɖe to ɖe mía me. Gake ne míena míaƒe susu le Yehowa kple Via kple nu siwo wowɔ va yi, nu siwo wɔm wole fifia kple nu siwo woava wɔ na ame siwo lɔ̃ wo ŋu la, awɔe be ɖikeke magblẽ nu le míaƒe xɔse ŋu o.

22. Nu ka tae wòle be míasrɔ̃ Petro ƒe xɔse?

22 Esi Yesu kplɔ Petro woge ɖe tɔdziʋua me la, Petro kpɔe be ahom la nu tso. Ðoɖoe zi le Galilea Ƒua dzi toŋtoŋ. Petro kple nusrɔ̃la susɔeawo gblɔ na Yesu be: “Mawu ƒe Vie nènye vavã!” (Mat. 14:33) Esi agu dze mlɔeba la, ɖikeke mele eme o be Petro ƒe dzi dze eme. Esrɔ̃e be mele be yeagaɖe mɔ vɔvɔ̃ kple ɖikeke naɖu ye dzi o. Nyateƒee, ehiã be wòawɔ tɔtrɔ geɖe hafi ava zu Kristotɔ like abe ale si Yesu tsɔe sɔ kple agakpe do ŋgɔe ene. Gake eɖoe kplikpaa be yeayi edzi anɔ agbagba dzem ahanɔ tsitsim le xɔse me. Ðe wò hã èɖoe kplikpaa be yeawɔ nenema? Àkpɔe be xɔse si Petro ɖe fia la nye kpɔɖeŋu nyui si wòle be míasrɔ̃.