Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ASIEKELIA

Ewɔ Nu Le Aɖaŋudzedze Me

Ewɔ Nu Le Aɖaŋudzedze Me

1-3. (a) Aleke wòdzɔe be afɔku lili Abigail ƒe aƒea? (b) Nu kae míasrɔ̃ tso nyɔnu ɖedzesi sia ŋu?

ABIGAIL kpɔ ale si gbegbe ŋɔdzi lé ɖekakpuiae la le eƒe mo. Vɔvɔ̃ ɖo ɖekakpuia ŋutɔ, eye susu vevi aɖe tae. Afɔku dziŋɔ aɖe lili wo. Le ɣeyiɣi ma tututu me la, aʋakalẽtɔ 400 le mɔ dzi gbɔna heɖoe kplikpaa be yewoawu ŋutsu ɖe sia ɖe le Abigail srɔ̃ Nabal ƒe aƒe me. Nu ka tae?

2 Nabal ƒe nuwɔnae na woɖo xaxa me alea. Ewɔ ŋutasẽnu kpakple amemabumabunu aɖe, abe ale si ko wòwɔnɛ ɖaa ene. Gake fifia ya, edi nya na eɖokui—aʋawɔla wɔnuteƒe siwo xɔ hehe nyuie la ƒe aʋafia malɔ̃nugbɔa ye wòdzu. Eya ta Nabal ƒe dɔwɔlawo dometɔ ɖeka, si anya nye eƒe alẽkplɔvi la, ƒu du va Abigail gbɔ, elabena eka ɖe edzi be ato mɔ aɖe dzi akpɔ yewo ta. Gake ɖe nyɔnu ɖeka ate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ blibo nua?

Ðe nyɔnu ɖeka ate ŋu anɔ te ɖe aʋakɔ blibo nua?

3 Gbã la, na míaƒo nu tso nyɔnu ɖedzesi sia ŋu vie. Ame kae nye Abigail? Nu kae he kuxi gã sia vɛ? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso xɔse ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi la me?

‘Eƒe Tagbɔ Kɔ, Eye Wòdze Tugbe’

4. Ame ka ƒomevie Nabal nye?

4 Abigail kple Nabal mesɔ na wo nɔewo kura o. Asesẽ ŋutɔ be Nabal naɖe nyɔnu aɖe si nyo wu Abigail, evɔ Abigail ya va kpɔe be ŋutsu si yeɖe la vloe wu ɖe sia ɖe si yekpɔ kpɔ. Ke hã, alɔme le ŋutsua si ŋutɔ. Eya ta ebua eɖokui ame ŋkutae. Gake aleke ame bubuwo ya bunɛ? Asesẽ be míakpɔ ame aɖe si ŋu woƒo nu gbegblẽ le alea le Biblia me abe Nabal ene. Eƒe ŋkɔa gɔ̃ hã gɔmee nye “Movitɔ,” alo “Bometsila.” Míenya ne edzilawoe tsɔ ŋkɔ ma nɛ le edziɣi loo alo megbeŋkɔe wònye amewo va tsɔ nɛ le eƒe nuwɔnawo ta o. Aleke kee wòɖale o, ɖeko ŋkɔa sɔ kplii ta. Nabal ‘nye ŋlɔmitɔ, eye wòvɔ̃ɖi.’ Esi wònye ŋutasẽla kple ahanoxe ta la, ame geɖe vɔ̃nɛ eye womelɔ̃a eƒe nya o.—1 Sam. 25:2, 3, 17, 21, 25.

5, 6. (a) Nɔnɔme nyoameŋu kawoe nèkpɔ le Abigail ŋu? (b) Nu ka gbɔe wòanya tso be Abigail va ɖe ŋutsu yakame ma?

5 Gake Abigail ya ƒe nɔnɔme to vovo kura na Nabal tɔ. Abigail ƒe ŋkɔa gɔmee nye “Fofonye Do Dzidzɔ Na Eɖokui.” Enyea dzidzɔ na vifofo geɖe ne wodzi nyɔnuvi dzetugbe, gake vifofo nyanu kpɔa dzidzɔ geɖe wu ne ede dzesii be nɔnɔme nyuiwo le ye via si. Zi geɖe la, ame si nya kpɔ ŋutɔ le gotagome la metea ŋu tua nɔnɔme nyuiwo abe aɖaŋudzedze, nunya, dzideƒo, alo xɔse ene ɖo o. Gake menɔ alea le Abigail ya gome o. Biblia kafui be eƒe tagbɔ kɔ eye be edze tugbe hã.—Xlẽ 1 Samuel 25:3.

6 Ame aɖewo abia egbea be nu ka tae nyɔnu nyanu ma va ɖe ŋutsu yakame ma gbegbe ɖo hã. Ðo ŋku edzi be dzilawoe wɔa ɖoɖo ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe ŋu le Biblia ŋlɔɣiwo. Ne mele nenema o hã la, ele be dzilawo nada asi ɖe ame si wo vi tia be yeaɖe la dzi godoo. Ðe wòanye be Abigail dzilawoe da asi ɖe srɔ̃ɖeɖe sia dzi alo woawoe tia Nabal nɛ gɔ̃ hã, le eƒe kesinɔnuwo kple ŋkɔxɔxɔ ta? Ðe wòanye be ahedada kolikolie ƒoe ɖe wo nu woɖe afɔ sia? Aleke kee wòɖale o, Nabal ƒe kesinɔtɔnyenye mena wònye srɔ̃ŋutsu nyui o.

7. (a) Ne dzila siwo li egbea di be yewo viwo nade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu la, nu kae wòle be woaƒo asa na? (b) Nu kae Abigail ɖo kplikpaa be yeawɔ?

7 Dzila nyanuwo fiaa nu wo viwo moveviɖoɖotɔe be woade bubu srɔ̃ɖeɖe ŋu. Womeƒonɛ ɖe wo viwo nu be woaɖe gatɔ alo be woate gbeɖoɖoɖi esi wometsi atsɔ srɔ̃ɖegbanɔamedziwo o. (1 Kor. 7:36) Ke hã, mɔnukpɔkpɔ mesu Abigail si wòbu nu siawo ŋu o. Nu kae dzɔ o, nu kae meɖadzɔ o, eɖe Nabal xoxo, eye wòɖoe kplikpaa be yeawɔ ye tɔ si nua le nɔnɔme sesẽ si me yele la me.

“Eda Gbe Ðe Wo Gbɔ”

8. Ame kae Nabal dzu, eye nu ka tae nàgblɔ be nunya mele nu si wòwɔa me o?

8 Fifia Nabal na Abigail gaxaxa wu tsã. Menye ame bubu aɖekee wòdzu tsɔ wu David o. David nye Yehowa subɔla wɔnuteƒe si nyagblɔɖila Samuel si ami na wònye kpeɖodzi be Mawu tiae be wòava ɖu fia ɖe Saul teƒe. (1 Sam. 16:1, 2, 11-13) David si nɔ sisim le Fia Saul, si nɔ ŋu ʋãmee henɔ didim be yeawui nu la va tsi gbedadaƒo kple eƒe aʋawɔla wɔnuteƒe 600-awo.

9, 10. (a) Aleke teƒe si David kple eƒe amewo nɔ agbagba dzem be yewoakpɔ yewoƒe agbe ta le la nɔ? (b) Nu ka tae wòle be Nabal nakpɔ ŋudzedze ɖe nu si David kple eƒe amewo nɔ wɔwɔm ŋu? (Kpɔ memama 10 lia ƒe etenuŋɔŋlɔa hã.)

9 Du si nye Maon, si te ɖe Karmel * ŋu la mee Nabal nɔ, gake ewɔa dɔ le Karmel, eye edze abe anyigba aɖe nɔ esi le afi ma ene. Du mawo le tonuto siwo me gbe damawo bɔ ɖo la me, si na wòde alẽkplɔlawo dzi, eye Nabal nye wo dometɔ ɖeka si si alẽ 3,000 nɔ. Gake avenutowo sɔŋ ye ƒo xlã teƒe mawo. Paran-gbedzi le anyiehe gome. Nuto ɖiaƒedo si me bali kple agadowo sɔ gbɔ ɖo la hã le ɣedzeƒe gome ɖo ta Dzeƒua gbɔ lɔƒo. Nuto siawo mee David kple eƒe amewo va tsi henɔ avutri gbam be yewoakpɔ yewoƒe agbe ta, eye ɖikeke mele eme o be ɖe wodaa ade hafi kpɔa nu ɖuna eye wonɔ nɔnɔme sesẽ geɖe me tom. Wodoa go lãkplɔvi siwo nɔ kesinɔtɔ Nabal ƒe alẽwo kplɔm la enuenu.

10 Aleke asrafo veviedonula siawo wɔ nu ɖe alẽkplɔlaawo ŋui? Anɔ bɔbɔe be woanɔ alẽawo lém anɔ ɖuɖum, gake womewɔe nenema o. Ke boŋ wonɔ abe gli sesẽ aɖe ene nɔ Nabal ƒe lãhawo kple eƒe dɔlawo ŋu. (Xlẽ 1 Samuel 25:15, 16.) Afɔku geɖe dzea ŋgɔ alẽwo kple alẽkplɔlawo siaa, elabena lã lénuwo bɔ, eye teƒea hã te ɖe Israel ƒe anyiehe gome liƒoa ŋu ale gbegbe be dukɔ bubu me tɔwo ƒe adzohawo kple fiafiwo va dzea ame dzi enuenu. *

11, 12. (a) Aleke David ɖe ŋuɖɔɖɔɖo kple amebubu fia le gbedeasi si wòɖo ɖe Nabal la me? (b) Nu ka tae ale si Nabal ɖo nya ŋu na David ƒe ame dɔdɔawo la mesɔ o?

11 Menɔ bɔbɔe na David be wòakpɔ nuɖuɖu na eŋume mawo katã gbe sia gbe le gbeadzi afi ma o. Eya ta gbe ɖeka, David dɔ ŋutsu ewo ɖa be woaɖabia kpekpeɖeŋu tso Nabal gbɔ. David tia ɣeyiɣia nyuie. Enye alẽfukoɣi si me dɔmenyowɔwɔ kple azãɖuɖu yia edzi le zi geɖe. Nya siwo David de asi na eƒe ame dɔdɔawo la nye nya dzeto siwo ɖe bubu fia. Eyɔ eɖokui gɔ̃ hã be ‘viwò David.’ Ðewohĩ esia nye lɔlɔ̃ ɖe edzi bubutɔe be Nabal tsi wu ye. Ke aleke Nabal wɔ nui?—1 Sam. 25:5-8.

12 Edo dziku vevie! Esi ɖekakpui si ŋu míeƒo nu tsoe le nyati sia ƒe gɔmedzedze la nɔ ale si Nabal wɔ nui gblɔm na Abigail la, egblɔ be: “Eda gbe ɖe wo gbɔ.” Nabal ŋɔkula la blu ɖe wo ta esime wònɔ nyatoƒoe tom le eƒe abolo, tsi, kple lã siwo gbɔ melɔ̃a nu le o la ŋu. Edo vlo David abe ame si mele ɖeke me o ene, eye wòtsɔe sɔ kple subɔvi si si dzo le eƒe aƒetɔ gbɔ. Nabal ƒe nukpɔsusu anya sɔ kple Saul si lé fu David la tɔ. Wo ame evea siaa ƒe nukpɔsusu mewɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o. Mawu lɔ̃ David hebui be enye fia si ava ɖu Israel dzi, ke menye abe subɔvi dzeaglã aɖe ene o.—1 Sam. 25:10, 11, 14.

13. (a) Esi David se Nabal ƒe dzugbeawo la, afɔ kae wòɖe gbã? (b) Aleke gɔmeɖose si le Yakobo 1:20 la dze ƒãa le ale si David wɔ nui me?

13 Esi David ƒe ame dɔdɔawo va gblɔ dɔgbedenyaa nɛ la, edo dɔmedzoe vevie. Eɖe gbe na eƒe amewo be: “Mia dome ame sia ame neta yi!” David ŋutɔ bla akpa hekplɔ eŋume 400 wodze mɔ yina nu tu ge kple Nabal. Eka atam be yeawu ŋutsu ɖe sia ɖe le Nabal ƒe aƒe me. (1 Sam. 25:12, 13, 21, 22) Esɔ be David nado dziku ya, gake mɔ si nu wòdi be yeaɖe dzikua afia le lae menyo o. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dɔmedzoe menana wòwɔa nu dzɔdzɔe abe ale si Mawu di ene o.” (Yak. 1:20) Ke aleke Abigail awɔ akpɔ eƒe aƒemetɔwo ta?

“Woakafu Wò Nunya”

14. (a) Mɔ ka nue Abigail ɖe afɔ gbãtɔ le be yeatsɔ aɖɔ vɔ̃ si Nabal wɔ la ɖo? (b) Ne míetsɔ Nabal kple Abigail ƒe amenyenye sɔ kple wo nɔewo la, nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

14 Le mɔ aɖe nu la, Abigail ɖe afɔ gbãtɔ le ŋkubiãnya sia gbɔ kpɔkpɔ me xoxo. To vovo na srɔ̃a Nabal la, eya le klalo be yeaɖo to. Ðekakpuia gblɔ tso Nabal ŋu be: ‘Ame vɔ̃ɖi wònye, eye ame aɖeke maƒo nu nɛ wòasee o.’ * (1 Sam. 25:17) Nublanuitɔe la, ale si Nabal bua eɖokui ame vevii la wɔe be meɖoa to ame aɖeke o. Ame geɖe gaɖea dadagbɔgbɔ ma fiana egbea gɔ̃ hã. Gake ɖekakpuia nya be Abigail ya mele nenema o, eye ɖikeke mele me o be esia tae wòte ɖe eŋu heɖe nyaa dzi nɛ ɖo.

Abigail nye toɖola nyui, menɔ abe Nabal ene o

15, 16. (a) Aleke Abigail ɖee fia be yele abe nyɔnu zazɛ̃ si ŋu woƒo nu tsoe le Lododowo ƒe agbalẽa me ene? (b) Nu ka tae afɔ si Abigail ɖe la menye aglãdzedze ɖe srɔ̃a ƒe tanyenye ŋu o?

15 Abigail bu tame hewɔ nu kpata. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete Abigail wɔ kaba.” Zi gbɔ zi ene sɔŋ wogblɔ tso nyɔnu sia ŋu le ŋutinya sia me be ‘ewɔ kaba.’ Eƒo nunana geɖewo nu ƒu na David kple eƒe amewo. Abolo, wain, alẽ, bli tɔtɔe, waintsetse ƒuƒu bolo, kple gbotsetsebolo hã nɔ nu siawo dome. Edze ƒãa be Abigail nya nu siwo le esi le aƒea me la nyuie, eye wòkpɔa nu siwo yia edzi le eƒe me la dzi abe nyɔnu zazɛ̃ si ŋu wova ƒo nu tsoe emegbe le Lododowo ƒe agbalẽa me ene. (Lod. 31:10-31) Etsɔ nunanawo de eƒe dɔlawo si be woatsɔe anɔ yiyim, emegbe eya ŋutɔ dze wo yome. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ke megblɔ nya aɖeke na [srɔ̃a] Nabal o.”—1 Sam. 25:18, 19.

16 Ðe esia fia be Abigail mede bubu srɔ̃a ƒe tanyenye ŋu oa? Kura o. Ðo ŋku edzi be Nabal wɔ nu vɔ̃ɖi ɖe Yehowa ƒe amesiamina ŋu; enye nuwɔna si ate ŋu ana woawu Nabal kple eƒe aƒemetɔ siwo meɖi fɔ aɖeke o la katã. Ne ɖe Abigail meɖe afɔ aɖeke o la, ɖe mafia be eya hã kpɔ gome le srɔ̃a ƒe nu vɔ̃a me oa? Le go sia me la, ele be ɖokuibɔbɔ ɖe Mawu te nanɔ vevie nɛ wu eɖokui bɔbɔ ɖe srɔ̃a te.

17, 18. Aleke Abigail wɔ nui esi wòdo go David, nya kawoe wògblɔ, eye nu kae na ŋusẽ nɔ eƒe nyawo ŋu?

17 Eteƒe medidi o, Abigail va do go David kple eƒe ameawo. Le afi sia hã la, ewɔ kaba ɖi le eƒe tedzia dzi hebɔbɔ ɖe anyigba le David ŋgɔ. (1 Sam. 25:20, 23) Azɔ egblɔ nya geɖe tsɔ ɖe eƒe dzimenyawo gblɔ na David heɖe kuku nɛ vevie be wòakpɔ nublanui na ye srɔ̃ kple yeƒe aƒemetɔwo. Nu kae na ŋusẽ nɔ eƒe nyawo ŋu?

“Na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me”

18 Exɔ fɔbubua ɖo eɖokui dzi eye wòbia tso David si be wòatsɔe ake ye. Elɔ̃ ɖe edzi anukwaretɔe be ye srɔ̃ nye yakame, abe ale si ko eƒe ŋkɔa hã fia ene, eye anɔ eme be eƒe nyaawo fia be, ne David tu nu kple ŋutsu ma ƒomevi la, anye bubukoklo ɖa le ye ŋutɔ ɖokui ŋu. Eɖe ale si wòka ɖe edzi be David nye Yehowa teƒenɔla la gblɔ helɔ̃ ɖe edzi be “Yehowa ƒe aʋawo” wɔm wòle. Eɖee fia hã be yenya nu tso ŋugbe si Yehowa do na David ku ɖe fianyenyea ŋu la ŋu, elabena egblɔ be: ‘Yehowa atsɔ wò aɖo amegã ɖe Israel nu.’ Gakpe ɖe eŋu la, exlɔ̃ nu David be wòagaɖe afɔ aɖeke si ahe ʋufɔɖiɖi ava edzi alo azu ‘nu si anɔ mɔ me nɛ,’ si fia ale si eƒe dzitsinya ava nɔ fu ɖem nɛ la o. (Xlẽ 1 Samuel 25:24-31.) Nya dzeto dedzigbɔname kawo gbegbee nye esi!

19. Aleke David wɔ nui esi Abigail ƒo nu nɛ, eye nu ka tae wòkafu Abigail?

19 Aleke David wɔ nui? Exɔ Abigail ƒe nunanaawo hegblɔ be: ‘Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, ame si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, ame si xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe o.’ David kafui ɖe ale si dzi nɔ eƒo wòɖe abla va kpe ye la ta, eye wòlɔ̃ ɖe edzi be exe mɔ na ye be yemeɖi ʋufɔ o. Egblɔ nɛ be, “Yi aƒe le ŋutifafa me,” eye wògblɔ kpee ɖokuibɔbɔtɔe be: “Mese wò gbe.”—1 Sam. 25:32-35.

“Wò Dɔlanyɔnu” Enye Esi

20, 21. (a) Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le ale si Abigail lɔ̃ faa trɔ yi srɔ̃a gbɔe ŋu? (b) Aleke Abigail ɖe dzideƒo kple aɖaŋudzedze fia le ɣeyiɣi si wòɖe nyawo dzi na Nabal la tiatia me?

20 Esi Abigail trɔ dzo le David gbɔ la, mado kpo ŋugbledede tso woƒe gododoa ŋu o, eye ade dzesi vovototo gã si le ŋutsu nuteƒewɔla kple dɔmenyotɔ sia kpakple ŋutsu ŋutasẽla si wòɖe la dome godoo. Gake meyi edzi nɔ nya mawo ŋu bum o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “[Emegbe] Abigail va Nabal gbɔ.” Ɛ̃, etrɔ va srɔ̃a gbɔ heɖoe kplikpaa be yeayi edzi atsɔ yeƒe agbanɔamedzia bliboe abe srɔ̃anyɔnu ene. Ehiã be wòagblɔ nunana siwo wòtsɔ yi na David kple eƒe ameawo la ŋu nya nɛ. Ele be wòanya. Ehiã hã be Abigail nagblɔ vɔ̃ gã si dzɔ ɖe wo dzi kloe la ŋu nya nɛ hafi wòava see le ame bubuwo nu, be ŋu nagakpee fũu akpa o. Gake mete ŋu gblɔ nya siawo nɛ enumake o, elabena enɔ aglo tum abe fia ene hemu aha vlevlevle.—1 Sam. 25:36.

Abigail lé dzi ɖe ƒo gblɔ nu si wòwɔ tsɔ kpɔ Nabal ƒe agbe ta la nɛ

21 Abigail gaɖe dzideƒo kple aɖaŋudzedze fia ake esi wòlala va se ɖe esime ŋu ke eye aha la kɔ le mo na Nabal. Esia awɔe be wòase Abigail ƒe nyawo gɔme nyuie, ke hã agate ŋu ana wòado dziku vevie hã. Ke hã Abigail te ɖe eŋu hegblɔ nu siwo katã dzɔ la nɛ. Ðikeke mele eme o be Abigail nɔ mɔ kpɔm be ado dɔmedzoe helĩhelĩ, eye ɖewohĩ awɔ nu adãtɔe gɔ̃ hã. Gake nukutɔe la, ɖeko wònɔ anyi ɖi maʋamaʋãe.—1 Sam. 25:37.

22. Nu kae dzɔ ɖe Nabal dzi, eye nu kae esia fia mí tso ŋlɔmiwɔwɔ alo ŋutasesẽ le ame ƒe ƒometɔwo ŋu ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu?

22 Nu kae dzɔ ɖe ŋutsua dzi? “Dzi fa ɖe dɔ me nɛ, eye eyama zu kpe ɖi.” Ðewohĩ gbagbadɔ aɖee dze edzi. Ke hã anɔ abe ŋkeke ewo ene megbe la, eku, eye edze ƒãa be menye dɔlélea ɖeɖe ko tae o. Nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Yehowa ƒe asi va Nabal dzi, eye wòku.” (1 Sam. 25:38) Ʋɔnu dzɔdzɔe sia si wodrɔ̃e la he Abigail ƒe srɔ̃ɖeɖe sia si zu taɖui nɛ la va nuwuwui mlɔeba. Togbɔ be Yehowa megadea nu nyawo me nukutɔe alea egbea o hã la, esia nye ŋkuɖodzinya nyui aɖe si ɖee fia be ŋlɔmiwɔwɔ alo ŋutasesẽ le ame ƒe ƒometɔwo ŋu ƒomevi aɖeke mele ɣaɣla ɖee o. Adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi godoo.—Xlẽ Luka 8:17.

23. Aleke wogayra Abigail, eye aleke wòɖee fia be mɔnukpɔkpɔ si su ye si be yeazu David srɔ̃ la mezu dada na ye o?

23 Hekpe ɖe Abigail ƒe gbɔdzɔekpɔkpɔ tso srɔ̃ɖeɖe sia si me dzidzɔ menɔ o me ŋu la, yayra bubu nɔ elalam. Esi David se Nabal ƒe kua ŋu nya la, eɖo ame dɔdɔwo ɖe Abigail ne woaɖabiae be alɔ̃ aɖe ye hã. Abigail ɖo eŋu be: “Kpɔ ɖa, wò dɔlanyɔnu [enye esi, be yeaklɔ] eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.” Edze ƒãa be mɔnukpɔkpɔ si su Abigail si be wòazu David srɔ̃ la mena wòva zu dadala o; elɔ̃ be yeanye kosi na eƒe dɔlawo gɔ̃ hã! Wogagblɔ le Abigail ŋu le afi sia hã be ewɔ kaba hedzra eɖokui ɖo be yeayi ɖe David gbɔ.—1 Sam. 25:39-42.

24. Nɔnɔme sesẽ kawo mee Abigail to le eƒe srɔ̃ɖeɖe yeyea me, gake aleke srɔ̃a kple Mawu siaa bui?

24 Esia mefia be kuxi aɖeke kura manɔ David kple Abigail ƒe srɔ̃ɖeɖea me o. David ɖe Axinoam xoxo, eye togbɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu ɣemaɣi hã la, atsuƒenɔnɔ kple atsusi geɖe nyea kuxi sesẽ aɖe na nyɔnu nuteƒewɔlawo godoo. Azɔ hã, David mezu fia haɖe o; ahiã be wòadze ŋgɔ mɔxenu geɖewo eye wòato nɔnɔme sesẽwo me hafi ava subɔ Yehowa le mɔ ma nu. Ke hã, esi Abigail kpe ɖe David ŋu le nɔnɔme siawo katã me eye wòva dzi ŋutsuvi ɖeka nɛ mlɔeba la, ede dzesii be ŋutsu si yeɖe la dea asixɔxɔ ye ŋu eye wòkpɔa ye ta. Ɣeaɖeɣi la, David yi ɖaɖee tso adzohawo si me gɔ̃ hã! (1 Sam. 30:1-19) David to esia wɔwɔ me srɔ̃ Yehowa Mawu, ame si lɔ̃a nyɔnu nuteƒewɔla dzinɔameƒotɔ dzeaɖaŋu siawo tɔgbi hedea asixɔxɔ wo ŋu la.

^ mm. 9 Menye Karmel To xɔŋkɔ si le dziehe gome ɖaa, afi si nyagblɔɖila Eliya va kpe kple Baal ƒe nyagblɔɖilawo le emegbe lae nye esia o. (Kpɔ Ta 10 lia.) Karmel sia nye du aɖe si nɔ anyiehe gbedzi ƒe liƒo dzi.

^ mm. 10 Anɔ eme be David se le eɖokui me be nutoa me tɔwo kple woƒe lãhawo ta kpɔkpɔ nye subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Yehowa Mawu. Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo nanɔ anyigba ma dzi. Eya ta etakpɔkpɔ tso amedzidzela kple adzoha siwo tso duta si me nye subɔsubɔdɔ kɔkɔe.

^ mm. 14 Nyagbe sia si ɖekakpuia tsɔ ɖɔe la gɔme ɖeɖe le nyaa ŋutɔŋutɔ nue nye “belial ƒe vi (alo yakame).” Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ɖɔ Nabal be enye ŋutsu “si meɖoa to ame aɖeke o,” eye wogblɔ tsɔ ƒo eta be, “nuƒoƒo nɛ maɖe vi aɖeke o.”