Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA WUIASIEKELIA

Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu

Ekpɔ Eƒe Ƒomea Ta, Elé Be Na Wo, Edo Vevie Nu

1, 2. (a) Nɔnɔme kawo ŋue wòva hiã be Yosef kple eƒe ƒomea natrɔ ɖo? (b) Nya dovoɖiname kae wòle be Yosef nagblɔ na srɔ̃a?

YOSEF gatsɔ agba bubu da ɖe tedzia dzi. Kpɔe ɖaa le susu me be Yosef ye nye ema tsa ŋku kpɔ ale si viviti do le Betlexem kɔƒea me, eye wòƒo axame na eƒe agbatsɔlã si ŋu ŋusẽ le la be wòaɖe zɔ. Anɔ eme godoo be enɔ ale si gbegbe mɔa didii la ŋu bum. Eɖo ta Egipte! Egipte nye dzronyigba, mese afi ma tɔwo ƒe gbe o, eye woƒe dekɔnuwo hã to vovo. Aleke eƒe ƒome sue sia awɔ atrɔ ɖe nɔnɔme siawo katã ŋu?

2 Menɔ bɔbɔe na Yosef be wòagblɔ nya dovoɖiname la na srɔ̃a lɔlɔ̃a, Maria o, gake elé dzi ɖe ƒo hegblɔe nɛ. Egblɔ nɛ be mawudɔla aɖe va de gbe si tso Mawu gbɔ la asi na ye le drɔ̃e me be: Fia Herodes di be yeawu yewo viŋutsu sue la! Eya ta ele be yewoadzo enumake. (Xlẽ Mateo 2:13, 14.) Maria tsi dzi vevie. Nu ka gɔ̃e ana ame aɖe nadi be yeawu ye vi si medze agɔ aɖeke o, si mele ɖeke nyam o la? Maria kple Yosef siaa mese nya bliboa gɔme o. Gake woɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eya ta wonɔ klalo be yewoadzo.

3. Ƒo nu tso Yosef kple eƒe ƒomea ƒe sisi le Betlexem ŋu. (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

3 Esi Betlexemtɔwo katã dɔ alɔ̃ eye womenya nu si le edzi yim o la, Yosef kple Maria kɔ wo vi Yesu hewɔ dzadzadza do go le kɔƒea me zã ma me. Esime woɖo ta anyiehe gome eye agu nɔ dzedzem la, Yosef anya bu ale si ŋgɔgbea ava nɔ na woe ŋu. Aleke atikpala tsɛ sia awɔ akpɔ eƒe ƒomea ta tso afɔku gã sia me? Ðe wòate ŋu akpɔ eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ɣesiaɣia? Ðe wòado vevie nu awɔ dɔ sesẽ sia si Yehowa Mawu de asi nɛ be wòalé be na vi tɔxɛ sia ahakpɔ edzi la? Kuxi gãwo dze ŋgɔ Yosef. Esi míele ale si wòtsɔ eƒe agbanɔamedzia nuteƒewɔwɔtɔe me dzrom la, míakpɔ nu si tae wòle be vifofowo kpakple mía dometɔ ɖe sia ɖe nasrɔ̃ Yosef ƒe xɔsee.

Yosef Kpɔ Eƒe Ƒomea Ta

4, 5. (a) Tɔtrɔ gã kawoe va Yosef ƒe agbe me? (b) Aleke mawudɔla aɖe de dzi ƒo na Yosef be wòatsɔ agbanɔamedzi kpekpe aɖe?

4 Ɣleti aɖewo do ŋgɔ, esime Yosef nɔ Nazaret la, wodo Eli vinyɔnu, Maria, ŋugbe nɛ, eye esia he tɔtrɔ gã aɖe va eƒe agbe me. Yosef nyae be Maria nye ɖetugbui maɖifɔ si wɔa nuteƒe. Gake eva se be efɔ fu! Eya ta eɖoe be yeagbee le adzame ale be yeagado ŋukpee o. * Ke hã mawudɔla aɖe ƒo nu nɛ le drɔ̃e me gblɔ nɛ be fu si Maria fɔ la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Mawudɔlaa gblɔ kpee be, vi si wòadzi la “aɖe eƒe dukɔ tso eƒe nu vɔ̃wo me.” Egade dzi ƒo na Yosef be: “Mègavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va aƒewò me o.”—Mat. 1:18-21.

5 Yosef, si nye ame dzɔdzɔe kple toɖola la, wɔe nenema pɛpɛpɛ. Agbanɔamedzi gã aɖe ŋutɔe nye ema wòlɔ̃ be yeatsɔ, si nye be wòanyi vi si menye etɔ o, evɔ wònye ame vevitɔ kekeake na Mawu la, ahakpɔ edzi. Emegbe le dziɖuɖu ƒe se aɖe ta la, Yosef kplɔ srɔ̃a, si ƒo fu nɔ la yi Betlexem hena ŋkɔŋɔŋlɔ. Afi mae wodzi ɖevia le.

6-8. (a) Nudzɔdzɔ kawoe gahe tɔtrɔ va Yosef kple eƒe ƒome sue la ƒe agbe me? (b) Nu kae ɖo kpe edzi be Satana ye dɔ “ɣletivia”? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

6 Yosef mekplɔ eƒe ƒomea wotrɔ yi Nazaret o. Ke boŋ, wotsi Betlexem, si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa ʋɛ aɖewo ko. Togbɔ be woda ahe hã la, Yosef wɔ nu si wòate ŋui tsɔ kpɔ Maria kple Yesu ta be hiã nagatu wo alo woakpe fu o. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, wova nɔ aƒe sue aɖe me. Azɔ, esi Yesu meganye vidzĩ o, ke boŋ ɖevi sue si anya xɔ wu ƒe ɖeka la, nuwo gatrɔ kpata ake.

7 Ŋutsu aɖewo siwo nye ɣletivimefakalawo la tso Ɣedzeƒe va do, ɖewohĩ keke Babilon kee wotso. “Ɣletivi” aɖe yomee wodze va Yosef kple Maria ƒe me, eye wonɔ ɖevi si ava nye Yudatɔwo ƒe fia la dim. Ŋutsuawo wɔ nu bubutɔe ŋutɔ.

8 Ɣletivimefakalaawo ɖanyae alo womeɖanyae o, wode Yesu ɖevi la ƒe agbe afɔku gã aɖe me. “Ɣletivi” si wokpɔ la mekplɔ wo yi Betlexem tẽe o, ke boŋ ekplɔ wo yi Yerusalem gbã. * Le afi ma la, wogblɔ na fia vɔ̃ɖi Herodes be yewole ɖevi si ava zu Yudatɔwo ƒe fia la dim. Esia wɔe be fia la ʋã ŋu, eye wòdo dɔmedzoe.

9-11. (a) Nu kae ɖee fia be ŋusẽ si kɔ wu Herodes kple Satana tɔ la nɔ dɔ dzi? (b) Mɔ kawo nue Yosef kple eƒe ƒomea ƒe mɔzɔzɔ yi Egipte ƒe ŋutinyaa to vovo na apokrifa nyakpakpawo tɔ le?

9 Gake dzidzɔtɔe la, ŋusẽ bubu li si kɔ wu Herodes kple Satana siaa tɔ. Le mɔ ka nu? Esi amedzroawo va aƒe si me Yesu nɔ hekpɔ woa kple dadaa la, wona nu wo faa. Anya wɔ mo yaa na Yosef kple Maria be zi ɖeka le vo me ko la, kesinɔnu siwo nye “sika, lifi, kple kotoklobo” su yewo si! Ɣletivimefakalaawo ɖoe be yewoatrɔ ayi aɖagblɔ afi si tututu yewokpɔ ɖevi si dim yewonɔ la le na Fia Herodes hafi. Ke hã Yehowa de asi nyaa me. Ede se na ɣletivimefakalaawo le drɔ̃e me be woatrɔ ato mɔ bubu ayi aƒe.—Xlẽ Mateo 2:1-12.

10 Esi ɣletivimefakalaawo trɔ dzo teti ko la, Yehowa ƒe dɔla xlɔ̃ nu Yosef bena: “Tso, kplɔ ɖevi sue la kple dadaa, eye nàsi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime mana gbe wò; elabena eteƒe madidi o, Herodes le ɖevi sue la di ge be yeawu.” (Mat. 2:13) Eya ta abe ale si míegblɔe le gɔmedzedzea me ene la, Yosef ɖe afɔ enumake. Via ƒe dedienɔnɔ nɔ vevie nɛ wu nu sia nu, eya ta ekplɔ eƒe ƒomea dzoe yi Egipte. Esi ɣletivimefakalaawo tsɔ nunana xɔasi mawo vɛ na ƒomea ta la, esia akpe ɖe Yosef ŋu wòakpɔ eƒe ƒomea dzi le woƒe mɔzɔzɔa me.

Yosef medi eɖokui tɔ o, eɖe afɔ enumake tsɔ kpɔ via ta

11 Emegbe amewo va ɖe ami ɖe ŋutinya si ku ɖe woƒe Egipte yiyi ŋu la le apokrifa nyakpakpawo kple xotutuwo me. Wogblɔ be Yesu, ɖevi la, wɔ nukunu aɖewo: ena mɔ legbee la zu mɔ kpui, exɔ ŋusẽ le adzodalawo si, eye wòna ayedetiwo bi va anyi me bene dadaa nagbe woƒe tsetsewo aɖu. * Gake nyateƒeae nye be mɔ legbee teɖeɖiameŋue wònye wozɔ yi tɔmanyaƒe nɔmanyaƒe.

Yosef tsɔ eya ŋutɔ ƒe dzidzeme sa vɔe le eƒe ƒomea ta

12. Nu kae dzila siwo le vi hem le xexe vɔ̃ɖi sia me la ate ŋu asrɔ̃ tso Yosef gbɔ?

12 Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yosef gbɔ. Elɔ̃ faa gblẽ eƒe dɔ ɖi, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe dzidzeme sa vɔe be yeakpɔ yeƒe ƒomea ta tso afɔku me. Edze ƒãa be ebu eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ be enye dɔdeasi kɔkɔe tso Yehowa gbɔ. Egbea, xexe si me nu siwo ate ŋu ade ɖeviwo ƒe agbe afɔku me, agblẽ wo, alo agblẽ woƒe agbe dome gɔ̃ hã la mee dzilawo le wo viwo nyim le. Aleke gbegbe vidada kple vifofo siwo ɖea afɔ enumake tsɔ kpɔa wo viwo ta tso nu mawo me, abe ale si Yosef wɔe ene la dze na kafukafui enye esi!

Yosef Lé Be Na Eƒe Ƒomea

13, 14. Aleke wòva dzɔe be Yosef kple Maria va nyi wo viwo le Nazaret?

13 Edze abe ƒomea menɔ Egipte eteƒe didi o ene, elabena le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, mawudɔlaa gblɔ na Yosef be Herodes ku. Eya ta Yosef kplɔ eƒe ƒomea wotrɔ yi wo denyigba dzi. Wogblɔe ɖi tso blema ke be Yehowa ayɔ via ‘tso Egipte.’ (Mat. 2:15) Afɔ si Yosef ɖe la wɔe be nyagblɔɖi sia va eme. Gake afi kae wòakplɔ eƒe ƒomea ayi azɔ?

14 Yosef ɖɔ ŋu ɖo. Enɔ vɔvɔ̃m na Arxelao, ame si va xɔ ɖe Herodes teƒe, eye esɔ nenema hã, elabena eya hã nye amewula vɔ̃ɖi abe Herodes ke ene. Mawu na Yosef kplɔ eƒe ƒomea yi dziehe gome, afi si didi tso Yerusalem gbɔ, si wɔe be wosi le afɔku siwo le afi ma la nu hetrɔ yi aƒe le Nazaret, si le Galilea. Afi mae woa kple Maria wonyi wo viwo le.—Xlẽ Mateo 2:19-23.

15, 16. Aleke Yosef ƒe dɔa nɔ, eye dɔwɔnu kawoe wòanya zã le dɔa wɔwɔ me?

15 Wonɔ agbe tsɛ, gake nuwo menɔ bɔbɔe na wo o. Biblia gblɔ be Yosef nye atikpala. Nyagbe si Biblia zã la lɔ ati ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ vovovowo nu ɖe eme, abe atitsotso, etsɔtsɔ ayi aƒe mee, esiasia be wòaƒu be woatsɔe atu xɔwo, akpa tɔdziʋuwo, alo awɔ tɔdzisasrãwo, agbatsɔkekewo, kekefɔtiwo, kɔkutiwo kpakple agbledɔwɔnu bubuwo ene. (Mat. 13:55) Dɔ sesẽe wònye. Zi geɖe la, atikpala siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la wɔa dɔ le woƒe aƒewo ŋgɔ alo le dɔwɔƒe si wotu ɖe aƒea xa.

16 Yosef wɔ dɔwɔnu vovovowo ŋu dɔ, eye ɖewohĩ enyi wo dometɔ aɖewo ƒe dome tso fofoa gbɔ. Anya zã dzogoedzidzenu, tsumikpe, ɣé, fiá, laxalaxa, zu, atizu, pɛ, atiŋɔnu, nutrenu vovovowo kple ɖewohĩ gatagbadzɛwo, togbɔ be woxɔ asi ɣemaɣi hã.

17, 18. (a) Nu kae Yesu srɔ̃ tso fofoa si xɔe nyi la gbɔ? (b) Nu ka tae wòva hiã be Yosef naku kutri geɖe wu le eƒe dɔwɔɖuia me?

17 Bu eŋu kpɔ ko be Yesu, ŋutsuvi dzaa la, le ŋku lém ɖe fofoa si xɔe nyi la ŋu esime wòle dɔ wɔm. Ake ŋku anɔ nu sia nu si wɔm Yosef le la kpɔm tututu, eye ɖikeke mele eme o be Yosef ƒe akɔta gbadza, eƒe alɔkame sesẽ, eƒe bibi ɖe dɔ me kple aɖaŋu si le ŋku dzi nɛ la wɔ dɔ ɖe edzi. Ðewohĩ le Yesu ƒe ɖevime la, fofoa Yosef fia dɔ viviviwo wɔwɔe, abe lãtsro ƒuƒu tsɔtsɔ azrɔ̃ ati ŋui ene. Ðewohĩ efia vovototo siwo le ati vovovo siwo wòzãna, abe gboti, amiti kple bubuawo ene, dome la Yesu.

Yosef na hehe via wòva zu atikpala

18 Yesu de dzesii hã be asi sesẽ mawo siwo Yosef tsɔ lãa atiwo, dzea xɔgbatiwo hewɔa dɔ sesẽ bubuwo la kee wòtsɔna faa akɔ na ye, na ye dada kple ye nɔviwo hã. Ɛ̃, Yosef kple Maria ƒe ƒomea va dzi ɖe edzi, elabena vi ade ya teti va nɔ wo si kpe ɖe Yesu ŋu. (Mat. 13:55, 56) Ehiã be Yosef nagawɔ dɔ sesĩe wu be wòakpɔ nuɖuɖu na wo katã ahalé be na wo.

Yosef nyae be yeƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔe le vevie wu

19. Aleke Yosef kpɔ eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔe?

19 Ke hã Yosef nyae be yeƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔe le vevie wu. Eya ta edi ɣeyiɣi fia nu viawo tso Yehowa Mawu kple Eƒe seawo ŋu. Woa kple Maria wokplɔa ɖeviawo yia nutoa me ƒuƒoƒea, afi si woxlẽa Sea heɖea eme le la edziedzi. Ðewohĩ ne wotrɔ gbɔ tso ƒuƒoƒea la, Yesu biaa nya geɖe, eye Yosef dzea agbagba vevie be yeaɖo nya siwo ɖevia bia tso Mawu ŋu la ŋu nɛ. Yosef kplɔa eƒe ƒomea ɖe asi yia subɔsubɔ ƒe ŋkekenyuiwo ɖuƒe le Yerusalem hã. Ðewohĩ Yosef kple eƒe ƒomea ahiã na kwasiɖa eve be woate ŋu azɔ kilometa 120 ƒe mɔa ade ƒe sia ƒe ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe, akpɔ gome le wɔnaa me hafi agbɔ va aƒe.

Yosef kplɔa eƒe ƒomea yia Yerusalem gbedoxɔa me edziedzi hena tadedeagu

20. Aleke Kristotɔ siwo nye ƒome ƒe tawo ate ŋu asrɔ̃ kpɔɖeŋu si Yosef ɖo ɖi?

20 Egbea, ƒome ƒe ta siwo nye Kristotɔwo la srɔ̃a Yosef ƒe kpɔɖeŋua. Wotsɔa wo ɖokuiwo ɖoa anyi ɖe wo viwo ta, eye hehenana wo be woasro Mawu ɖa ye nɔa vevie na wo wu ŋutilãmenudzedziname kpakple nu bubu ɖe sia ɖe. Wokua kutri vevie wɔa ƒometadedeagu le aƒe me hekplɔa wo viwo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo kple takpekpewo hã. Abe Yosef ene la, woawo hã wonyae be emae nye nu nyuitɔ si yewoate ŋu awɔ na yewo viwo.

“Míetsi Dzodzodzoe”

21. Aleke Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi nɔna na Yosef ƒe ƒomea, eye ɣekaɣie Yosef kple Maria de dzesii be Yesu mele yewo dome o?

21 Esi Yesu xɔ ƒe 12 la, Yosef kplɔ ƒomea yi Yerusalem, abe ale si ko wòwɔnɛ ƒe sia ƒe ene. Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi ɖo. Enye azãɖuɣi si me ƒome blibowo kple woƒe agbatsɔlãwo lɔna hoo zɔa mɔ toa kɔƒenuto siwo me gbe damawo le la me le adame. Ke ne wova ɖo gbegbenyigba siwo te ɖe Yerusalem, si le to dzi ŋu la, wo dometɔ geɖe dzia tolialia ƒe ha siwo ame geɖe lɔ̃a dzidzi la. (Ps. 120-134) Anɔ eme be dua me yɔna fũu kple ame akpe alafa geɖe. Le azãa ɖuɖu vɔ megbe la, ƒomeawo kple woƒe agbatsɔlãwo gadzea aƒe mɔ. Esi nu geɖe anya xɔ susu me na Yosef kple Maria ta la, wobu xaa bena Yesu hã nɔ mɔzɔla bubuwo, ɖewohĩ ƒometɔwo dome. Esi woɖe Yerusalem ɖe megbe abe ŋkeke ɖeka ƒe mɔzɔzɔ ene hafi wova de dzesi nane si na dzidzi ƒo wo—Yesu bu ɖe wo!—Luka 2:41-44.

22, 23. Nu kae Yosef kple Maria wɔ esi wode dzesii be Yesu menɔ yewo dome o, eye nya kae Maria gblɔ esi wokpɔe mlɔeba?

22 Wotsi dzodzodzoe hegbugbɔ to teƒe siwo katã woto va yi la trɔ yi Yerusalem. Bu ale si woanya se le wo ɖokui me azɔ esi wokpɔe be dua ɖi ƒuƒlui ɖa. Wole abla ɖem le mɔwo dzi hele wo via ŋkɔ yɔm sesĩe. Afi kae woakpɔ ɖevia le? Le ŋkeke etɔ̃a gbe tso esime wote edidi la, ɖe Yosef se le eɖokui me be yedo kpo nu le agbanɔamedzi kɔkɔe si Yehowa de esi la tsɔtsɔ mea? Mlɔeba, woyi ɖe gbedoxɔa me. Wodii le afi ma va se ɖe esime woge ɖe xɔ aɖe si me agbalẽnyala geɖe siwo nya Sea nyuie ƒo ƒu ɖo la me. Kaka woakpɔ la, Yesue nye ema bɔbɔ nɔ wo dome! Aleke gbegbe Yosef kple Maria ƒe dzi adze emee nye esi!—Luka 2:45, 46.

23 Yesu nɔ to ɖom agbalẽnyala mawo henɔ nya biam wo moveviɖoɖotɔe. Ðevia ƒe nugɔmesese kple nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na ŋutsu siawo. Gake ewɔ nuku na Maria kple Yosef ŋutɔ be Yesu ɖe afɔ sia. Togbɔ be Biblia mehe susu yi Yosef ƒe numenya aɖeke dzi o hã la, nya si Maria gblɔ la na ale si wo ame evea wose le wo ɖokui mee la dze ƒãa. Egblɔ be: “Vinye, nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Kpɔ ɖa, mía kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm.”—Luka 2:47, 48.

24. Aleke Biblia na ale si vihehe le la dze kɔtɛ?

24 Nya ʋɛ siawo siwo dze le Mawu ƒe Nyaa me la ɖe ale si vihehe le la fia kɔtɛ. Vihehe mele bɔbɔe o, nenye be ɖevia de blibo gɔ̃ hã! Togbɔ be vihehe le xexe gblẽku sia me ate ŋu ana vifofowo kple vidadawo ‘natsi dzodzodzoe’ ŋutɔ hã la, enyanya be kuxi siwo wodoa goe la ŋu nya dze le Biblia me la ate ŋu afa akɔ na wo.

25, 26. Aleke Yesu ɖo nya ŋu na edzilawo, eye aleke Yosef anya se le eɖokui me le nya si viaŋutsua gblɔ ŋu?

25 Teƒe si ko Yesu ase le eɖokui me be yete ɖe ye Fofo si le dziƒo, Yehowa, ŋu le wu lae wònɔ henɔ to lém ɖe nya sia nya si me nufiame le la ŋu vevie. Eya ta eɖo nya ŋu na wo kpuie tso dzi me ale: “Nu ka tae wòle be mianɔ diyem? Mienyae be ele be manɔ Fofonye ƒe aƒe me oa?”—Luka 2:49.

26 Ðikeke mele eme o be Yosef bu nya mawo ŋu zi geɖe. Ðewohĩ eva nye dada nɛ be ɖevia gblɔ nya mawo. Ƒe geɖewoe nye ema wòku kutri fia Yesu, vi si wòxɔ nyi la, be wòase le eɖokui me nenema ɖe Yehowa Mawu ŋu. Togbɔ be Yesu ganye ɖevi ɣemaɣi hã la, enya nu si fofo lɔ̃ame nye, eye ƒomedodo si nɔ woa kple Yosef dome la wɔ akpa vevi aɖe le esia me.

27. Ne vifofoe nènye la, mɔnukpɔkpɔ kae su asiwò, eye nu ka tae wòle be nàɖo ŋku Yosef ƒe kpɔɖeŋua dzi?

27 Ne vifofoe nènye la, ɖe nède dzesii be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye be nàkpe ɖe viwòwo ŋu woase le wo ɖokuiwo me be Yehowa nye Fofo lɔ̃ame si kpɔa wo ta? Azɔ hã, ne èxɔ vi le nyinyim alo atikɔmeviwo le asiwò la, ɖo ŋku Yosef ƒe kpɔɖeŋua dzi, eye nàde asixɔxɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ahawɔ nu ɖe wo ŋu wotɔwotɔwoe. Kpe ɖe wo ŋu be woate ɖe wo Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, ŋu.—Xlẽ Efesotɔwo 6:4.

Yosef Do Vevie Nu Hewɔ Nuteƒe

28, 29. (a) Nu kae nya si dze le Luka 2:51, 52 la ɖe fia tso Yosef ŋu? (b) Akpa kae Yosef wɔ be via tsi le nunya me?

28 Nya ʋɛ aɖewo koe Biblia gagblɔ tso Yosef ŋu, gake wo me dzodzro nyuie aɖe vi. Biblia gblɔ be Yesu yi “edzi bɔbɔ eɖokui na” edzilawo. Eye wògagblɔ hã be “Yesu yi edzi nɔ tsitsim, eye eƒe nunya hã nɔ dzidzim ɖe edzi, eye wònɔ amenuveve kpɔm le Mawu kple amewo siaa gbɔ.” (Xlẽ Luka 2:51, 52.) Nu kae nya mawo ɖe fia tso Yosef ŋu? Eɖe nu geɖe fia. Ena míekpɔe be Yosef yi edzi xɔ ŋgɔ le eƒe ƒomea me, elabena via deblibo sia de bubu fofoa ƒe tanyenye ŋu, eye wòyi edzi bɔbɔ eɖokui nɛ.

29 Biblia gblɔ hã be Yesu ƒe nunya nɔ dzidzim ɖe edzi. Yosef wɔ akpa vevi aɖe godoo le via ƒe ŋgɔyiyi alea me. Ɣemaɣi la, ame tsitsiwo doa lo aɖe le Yuda si ŋuti nuŋlɔɖi li woate ŋu akpɔ axlẽ egbea. Wogblɔna be, ame siwo ŋu vovo le la koe ate ŋu adze nunya ŋutɔŋutɔ, ke asinudɔwɔlawo abe atikpalawo, agbledelawo kple gbedewo ene ya “mate ŋu afia nu tso dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu o; eye womakpɔ wo le afi si wodoa lo siwo me nufiame le la o.” Emegbe Yesu ɖee fia be lododo ma menye nyateƒe o. Togbɔ be atikpala koe fofoa si xɔe nyi la nye hã la, le Yesu ƒe ɖevime la, ese ale si Yosef fia nu tso Yehowa ƒe “dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnudɔdrɔ̃” ŋu nyuie zi geɖe! Ðikekemanɔmee la, Yosef wɔ esia enuenu.

30. Aleke Yosef ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na ƒome ƒe ta siwo li agbea?

30 Akpa si Yosef wɔ le Yesu ƒe tsitsi nyuie me hã dze ƒãa. Esi wòlé be na Yesu nyuie tso eƒe ɖevime ta la, etsi va zu ŋutsu sesẽ si le lãmesẽ me. Gakpe ɖe eŋu la, Yosef fia dɔ si wòwɔna la Yesu, si wɔe be eya hã va bi ɖe dɔa me. Eya ta menye ɖeko woyɔ Yesu be atikpala ƒe vi o, ke woyɔe be “atikpala” hã. (Marko 6:3) Esia fia be Yosef na hehee nyuie. Egbea, ƒome ƒe tawo wɔnɛ nyuie be wosrɔ̃a Yosef ƒe kpɔɖeŋua hekpɔa wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, eye wokpena ɖe wo ŋu be woasu te akpɔ wo ɖokuiwo dzi le etsɔme.

31. (a) Nu kae kpeɖodziwo ɖe fia tso ɣeyiɣi si Yosef ku ŋu? (Kpɔ aɖakaa hã.) (b) Kpɔɖeŋu kae Yosef gblẽ ɖi na mí be míasrɔ̃?

31 Tso ɣeyiɣi si me Biblia gblɔ be Yesu xɔ nyɔnyrɔ esi wòxɔ abe ƒe 30 ene la, womegaƒo nu tso Yosef ŋu azɔ o. Edze abe Maria nye ahosi le ɣeyiɣi si me Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme ene. (Kpɔ aɖaka si nye  “Ɣekaɣie Yosef Ku?”) Ke hã nu siwo Yosef wɔ la ɖe dzesi ŋutɔ. Ale si wòkpɔ eƒe ƒomea ta, lé be na wo, eye wòdo vevie nu va se ɖe nuwuwu la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe. Anyo ŋutɔ be vifofowo, ƒome ƒe tawo kple Kristotɔwo katã nasrɔ̃ Yosef ƒe xɔse.

^ mm. 4 Le ɣemaɣi la, wobua ŋutsu kple nyɔnu siwo le ŋugbedodo me la abe srɔ̃tɔwo ene.

^ mm. 8 Menye ɣletivi si nɔa dziƒo le dzɔdzɔme nue “ɣletivi” sia nye o, eye menye Mawue dɔe ɖa hã o. Edze ƒãa be Satanae zã vivimeŋusẽ tsɔ na “ɣletivia” dze be yeato aɖaŋu vɔ̃ sia dzi aɖe Yesu ƒe agbe ɖa.

^ mm. 11 Biblia na eme kɔ ƒãa be Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbee wòwɔ eƒe nukunu gbãtɔ, si nye “eƒe dzesiwo ƒe gɔmedzedze.”—Yoh. 2:1-11.