Mateo 2:1-23

  • Ɣletivimefakalawo va (1-12)

  • Sisi yi Egipte (13-15)

  • Herodes wu ŋutsuviwo (16-18)

  • Tɔtrɔ va Nazaret (19-23)

2  Esi wodzi Yesu le Betlehem+ le Yudea le fia Herodes*+ ŋɔli la, kpɔ ɖa, ɣletivimefakalawo tso Ɣedzeƒe va Yerusalem,  eye wobia be: “Afi kae Yudatɔwo ƒe fia si wodzi la le?+ Elabena míekpɔ eƒe ɣletivi esime míenɔ Ɣedzeƒe, eye míeva be míade bubu eŋu.”*  Esi Fia Herodes se nya sia la, dzidzi ƒo eya kple Yerusalem nɔlawo katã.  Eƒo dukɔ la ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo katã kple agbalẽfialawo nu ƒu hebia wo afi si woadzi Kristo* la le.  Woɖo eŋu nɛ be: “Woadzii le Betlehem+ le Yudea, elabena aleae woŋlɔe ɖi to nyagblɔɖila la dzi be:  ‘Oo, wò Betlehem si le Yuda-nyigba dzi, menye wòe nye du suetɔ kekeake na Yuda dzi ɖulawo kura o, elabena mewòe dziɖula, si akplɔ nye dukɔ Israel la, ado tso.’”+  Ale Herodes yɔ ɣletivimefakalaawo vɛ le adzame heku nu me tsitotsito tso ɣeyiɣi si me ɣletivia dze la ŋu.  Esi wònɔ wo ɖom ɖe Betlehem la, egblɔ be: “Miyi ɖadi ɖevi la nyuie, eye ne mieke ɖe eŋu la, miva ka eta nam ne nye hã mayi aɖade bubu eŋu.”  Esi wose fia la ƒe nyawo vɔ la, wodze mɔ, eye kpɔ ɖa, ɣletivi si wokpɔ esime wonɔ Ɣedzeƒe+ la dze wo ŋgɔ ʋuu va tɔ ɖe aƒe si me ɖevia le la tame. 10  Esi wokpɔ ɣletivia la, dzi dzɔ wo ale gbegbe. 11  Eye esi woge ɖe aƒea me la, wokpɔ ɖevi la kple dadaa Maria, eye wobɔbɔ de bubu eŋu. Woʋu nu siwo me woƒe kesinɔnuwo le la nu, eye wotsɔ nunana siwo nye sika, lifi kple mire la nɛ. 12  Gake esi Mawu xlɔ̃ nu wo le drɔ̃eƒe+ be womegatrɔ yi Herodes gbɔ o ta la, woto mɔ bubu trɔ yi wo de. 13  Esi wodzo vɔ la, kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe+ hegblɔ nɛ be: “Tso nàkplɔ ɖevi la kple dadaa ne miasi ayi Egipte, eye nànɔ afi ma va se ɖe esime magblɔ na wò be nàtrɔ agbɔ, elabena Herodes le ɖevi la di ge be yeawu.” 14  Ale Yosef tso kplɔ ɖevi la kple dadaa le zã me, eye wodzo yi Egipte. 15  Enɔ afi ma va se ɖe esime Herodes ku. Ale nya si Yehowa* gblɔ to eƒe nyagblɔɖila dzi la va eme be: “Meyɔ vinye la tso Egipte vɛ.”+ 16  Esi Herodes kpɔ be ɣletivimefakalaawo flu ye la, edo dziku vevie, eye wòdɔ amewo woyi Betlehem kple eƒe nutowo katã me ɖawu ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o la ɖe ale si wòbia ɣeyiɣi la tsitotsito tso ɣletivimefakalaawo+ gbɔe la nu. 17  Ale nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yeremiya dzi la va eme, egblɔ be: 18  “Wose gbe aɖe le Rama, avifafa kple konyifafa geɖe. Rahel+ ye le fafam na viawo, eye mele lɔlɔ̃m be woafa akɔ na ye o, elabena womegali o.”+ 19  Esi Herodes ku la, kpɔ ɖa, Yehowa* ƒe dɔla ɖe eɖokui fia Yosef le drɔ̃eƒe+ le Egipte, 20  eye wògblɔ nɛ be: “Tso nàkplɔ ɖevia kple dadaa miayi Israel-nyigba dzi, elabena ame siwo di be yewoaɖe ɖevi la ƒe agbe* ɖa la ku.” 21  Ale wòtso kplɔ ɖevi la kple dadaa va Israel-nyigba dzi. 22  Ke esi wòse be Arkelao le fia ɖum le Yudea ɖe fofoa Herodes teƒe la, evɔ̃ afi ma yiyi. Azɔ hã esi wònye Mawu xlɔ̃ nui le drɔ̃e+ me ta la, edzo yi Galilea+ nutoa me. 23  Eye wòva nɔ du si woyɔna be Nazaret+ la me, ale be nya si wogblɔ to nyagblɔɖilawo dzi la nava eme be: “Woayɔe be Nazaretetɔ.”*+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “míabɔbɔ nɛ.”
Alo, “Mesia; Amesiamina.”
Alo, “luʋɔ.”
Ðewohĩ Hebrigbe me nya si fia “dzedze” mee woɖe nya sia tsoe.