Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA ATƆ̃LIA

Enye “Nyɔnu Zãzɛ”

Enye “Nyɔnu Zãzɛ”

1, 2. (a) Dɔ ka ƒomevi wɔm Rut nɔ? (b) Nu nyui kawoe Rut va nya ku ɖe Mawu ƒe Sea kple eƒe dukɔa ŋu?

RUT dze klo ɖe lu siwo wòfɔ le ŋkeke bliboa katã me la gbɔ. Anyigba nɔ tsyɔtsyɔm le Betlexem ƒe agbletawo, eye agbledela geɖewo nɔ zɔzɔm blewu ɖo ta du sue sia si le togbɛ dzi la ƒe agbo nu. Ðeɖi anya te Rut ŋu vevie le dɔ si wòwɔ ŋkeke bliboa ta, elabena enɔ dɔ dzi tso keke ŋdi me ke. Ke hã ele dɔa dzi kokoko hetsɔ ati sue aɖe le lu bablawo ƒom be nukuawo nadudu ɖi. Togbɔ be dɔa sesẽ hã la, nu sia nu yi edzi nyuie le ŋkekea me wu ale si eya ŋutɔ kpɔ mɔ nɛ.

2 Ðe nɔnɔmeawo va le kakam ɖe eme na ɖetugbui sia si nye ahosi la azɔa? Abe ale si míekpɔe le ta si do ŋgɔ me ene la, eku ɖe lɔ̃xoa Naomi ŋu goŋgoŋ heka atam be yeanɔ eŋu ɖaa eye Naomi ƒe Mawu, Yehowa, anye ye hã yeƒe Mawu. Ahosi eve siawo zɔ mɔ tso Moab-nyigba dzi va Betlexem, eye eteƒe medidi o, Rut si nye Moabitɔ la de dzesii be Yehowa wɔ ɖoɖo nyui siwo ŋu bubu le la ɖe eƒe Sea me, siwo awɔe be ame dahe siwo nye Israel viwo kple amedzroviwo siaa nakpɔ woƒe nuhiahiãwo. Eva de dzesii hã be Yehowa ƒe ame siwo le Sea te, siwo wɔna ɖe eƒe mɔfiamewo dzi la, ɖenɛ fiana to woƒe agbenɔnɔ kple dɔmenyonyo dzi be yewolɔ̃ Yehowa ƒe sewo, eye esia wɔ dɔ ɖe Rut ƒe dzi si nɔ nu xam la dzi.

3, 4. (a) Aleke Boas de dzi ƒo na Rut? (b) Aleke Rut ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le ganyawo ƒe ɣeyiɣi sesẽ siawo me?

3 Ame siawo dometɔ ɖekae nye kesinɔtɔ Boas, si nye ame tsitsi si ƒe agble me Rut nɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba fɔm le. Boas tsɔ ɖe le eme nɛ abe ye ŋutɔ vianyɔnu ene. Ne Rut ɖo ŋku kafukafunya siwo Boas gblɔ nɛ ku ɖe ale si wòle be lém na Naomi kpakple nyametsotso si wòwɔ be yeadi sitsoƒe le Yehowa, Mawu vavã la, ƒe aʋala te ŋu dzi la, Rut ƒe dzi akpɔ dzidzɔ godoo.—Xlẽ Rut 2:11-14.

4 Ke hã, Rut anya tsi dzi ɖe ale si agbea ava nɔ na ye le etsɔme ŋu. Esi wònye amedzro dahe si si srɔ̃ kple vi mele o ɖe, aleke wòawɔ akpɔ eya ŋutɔ kple Naomi dzi le ƒe siwo le ŋgɔ gbɔna me? Ðe woate ŋu anɔ agbe ɖe nukufɔfɔ dzaa ko nua? Azɔ hã, ame kae akpɔ edzi le eƒe nyagãkuku me? Gɔmesese le eŋu be wòabu nya mawo ŋu. Egbea la, ame geɖe tsia dzi ɖe etsɔme ŋu le ɣeyiɣi sia si ganyawo le sesẽm la me. Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Rut ƒe xɔse kpe ɖe eŋu le nɔnɔme sesẽ mawo mee la me.

Ame Kawoe Woayɔ Be Ƒome?

5, 6. (a) Lu agbɔsɔsɔme kae Rut tsɔ gbɔ va aƒe me le ŋkeke gbãtɔ si wòyi ɖafɔ nuku le Boas ƒe agble me la dzi? (b) Aleke Naomi wɔ nui esi wòkpɔ Rut?

5 Rut ƒo nuku siwo katã wòfɔ la heƒo wo nu ƒu. Kaka wòawɔ vɔ la, ekpɔ lu si ade efa ɖeka, alo lita 22. Agba sia ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram 14 sɔŋ ene! Ðewohĩ eblae ɖe avɔ me hedroe ɖe ta, eye wòɖo ta Betlexem esime zã nɔ dodom.—Rut 2:17.

6 Dzi dzɔ Naomi ŋutɔ esi wòkpɔ lɔ̃xoyɔvia si gbɔ melɔ̃a nu le o la, eye lugba kpekpe si Rut tsɔ va aƒe mee la anya wɔ nuku nɛ. Rut susɔ nuɖuɖu si Boas na wo le agblea me la ƒe ɖe ɖi hetsɔe vɛ na Naomi wòɖu, aleae wòdzɔe be wo ame evea siaa kpɔ gome le nua ɖuɖu me. Naomi biae be: “Afi kae nèyi ɖafɔe le egbea? Eye afi ka nèwɔ dɔ le? Woayra ame si bu wò ale!” (Rut 2:19) Naomi lé ŋku ɖe nu ŋu; ede dzesii le agba kpekpe si Rut tsɔ gbɔ va aƒe me la ŋu be ame aɖe ve ahosi sia nu henyo dɔme nɛ.

7, 8. (a) Ame ka gbɔe Naomi kpɔe be Boas ƒe dɔmenyonyoa tso, eye nu ka tae? (b) Aleke Rut gaɖe lɔlɔ̃ deto fia lɔ̃xoae?

7 Wo ame evea de asi dzeɖoɖo me, eye Rut gblɔ ale si Boas nyo dɔme nɛ la na Naomi. Esia wɔ dɔ ɖe Naomi dzi wògblɔ be: “Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae!” (Rut 2:20) Ekpɔe be Yehowa, ame si ʋãa esubɔlawo be woanyo dɔme eye wòdo ŋugbe be yeayra wo ɖe woƒe dɔmenyonyo ta lae na Boas nyo dɔme na yewo. *Xlẽ Lododowo 19:17.

8 Naomi de dzi ƒo na Rut be wòawɔ ɖe Boas ƒe mɔfiamea dzi anɔ nukuwo fɔfɔ dzi le eƒe agblea me ahalé eɖokui ɖe eƒe dɔlanyɔnuwo ŋu, ale be nuŋelaawo nagaɖe fu nɛ o. Rut wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi. Azɔ hã, eyi edzi nɔ “lɔ̃xoa gbɔ.” (Rut 2:22, 23) Lɔlɔ̃ deto, si nye nɔnɔme si ɖe dzesi le Rut ŋu la, gadze le go sia hã me. Eƒe kpɔɖeŋu sia ate ŋu ana míadzro mía ɖokui me akpɔe ɖa be ɖe míedea asixɔxɔ ƒomekadodowo ŋu eye míedoa alɔ míaƒe ƒometɔwo nuteƒewɔwɔtɔe hekpena ɖe wo ŋu hã. Yehowa meŋlɔa lɔlɔ̃ deto si míeɖena fiana la be gbeɖe o.

Rut kple Naomi ƒe kpɔɖeŋuawo ɖoa ŋku edzi na mí be míade asixɔxɔ míaƒe ƒomea ŋu

9. Nu kae Rut kple Naomi ƒe ŋutinyaa fia mí ku ɖe ƒome ŋu?

9 Ðe míagblɔ be Rut kple Naomi menye ƒome ŋutɔŋutɔ oa? Ame aɖewo xɔe se be ele be srɔ̃ŋutsu, srɔ̃nyɔnu, viŋutsu, vinyɔnu, tɔgbui kple mamawo kpakple ƒometɔ bubuwo nanɔ ƒomea me hafi woagblɔ be wonye ƒome “ŋutɔŋutɔ.” Gake ale si Rut kple Naomi dome nɔ la ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa subɔlawo ate ŋu alé nɔvisi ahaɖe lɔlɔ̃, dɔmenyo kple vividoɖeameŋu afia wo nɔewo le ƒomea me ne ƒomea le sue ŋutɔ gɔ̃ hã. Ðe nèdea asixɔxɔ wò ƒomea ŋua? Yesu ɖo ŋku edzi na eyomedzelawo be Kristo hamea me tɔwo ate ŋu azu ƒome na ame siwo si ɖeke mele o la gɔ̃ hã.—Marko 10:29, 30.

Rut kple Naomi kpe ɖe wo nɔewo ŋu hede dzi ƒo na wo nɔewo hã

“Mía Srɔ̃ɖia Wònye”

10. Nu kae Naomi di be yeawɔ na Rut?

10 Rut yi edzi nɔ lu fɔm le Boas ƒe agble me tso luxaɣi, si dzea egɔme tso April me va se ɖe ƒoxaɣi, le June me. Ðikeke mele eme o be esi kwasiɖawo va nɔ yiyim la, Naomi nɔ nu si wòate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe lɔ̃xoayɔvi si gbɔ melɔ̃a nu le o ŋui la ŋu bum. Esime wonɔ Moab-nyigba dzi la, Naomi ka ɖe edzi be manya wɔ be yeakpɔ srɔ̃ bubu na Rut wòaɖe o. (Rut 1:11-13) Gake fifia ya, eƒe susu trɔ. Ete ɖe Rut ŋu gblɔ nɛ be: ‘Vinye, ɖe nyemadi dzudzɔƒe na wò oa?’ (Rut 3:1) Enye nu si bɔ ɣemaɣi be dzilawo dia srɔ̃ na wo viwo, eye Rut hã va nɔ ko abe Naomi vinyɔnu ŋutɔŋutɔ ene. Edi be yeadi “dzudzɔƒe” na Rut. Dzudzɔƒe si wòwɔnɛ la ku ɖe ale si aƒe kple srɔ̃ŋutsu si anɔ Rut si la akpɔ eta ahana wòanɔ dedie la ŋu. Gake nu kae Naomi ate ŋu awɔ?

11, 12. (a) Esi Naomi yɔ Boas be yewoƒe “srɔ̃ɖia” la, lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo si le Mawu ƒe Sea me ka dzie wònɔ susu hem yi? (b) Aleke Rut xɔ aɖaŋu si lɔ̃xoa ɖo nɛ lae?

11 Zi gbãtɔ si Rut ƒo nu tso Boas ŋu la, Naomi gblɔ be: “Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.” (Rut 2:20) Nu kae nya ma fia? Le Se si Mawu tsɔ na Israel viwo me la, ewɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe ɖe ƒome siwo agbea le sesẽm na le ahedada alo ƒometɔ aɖe ƒe ku ta ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Ne nyɔnu aɖe zu ahosi evɔ vi mele esi o la, ke eƒe nu wɔ nublanui ŋutɔ, elabena srɔ̃a ƒe ŋkɔ abu tegbee, eye dzidzimevi aɖeke manɔ esi o. Ke hã, le ɖoɖo si le Mawu ƒe Sea me nu la, ŋutsu si ku la nɔviŋutsu aɖe ahosia, ale be woate ŋu adzi vi si ŋu ŋutsua ƒe ŋkɔ anɔ, eye ƒomea ƒe nunɔamesiwo nanɔ eƒe dzikpɔkpɔ te. *5 Mose 25:5-7.

12 Naomi gblɔ nu si wòɖo ɖe ta me la na Rut. Míate ŋu akpɔ ale si eƒe nyawo awɔ mo yaa na ɖetugbui sia esime wònɔ to ɖom lɔ̃xoa la ɖaa le susu me. Israel ƒe Se la gakpɔtɔ nye nu yeye na Rut, eye menya nu boo aɖeke tso woƒe dekɔnuwo ŋu o. Ke hã, eɖo to nya sia nya si Naomi gblɔ, le esi wòdea bubu deto eŋu ta. Ate ŋu akpe ŋu na Rut be wòawɔ aɖaŋu si Naomi ɖo nɛ la dzi eye wòasusui be edziwɔwɔ ate ŋu ana woado ŋukpe ye gɔ̃ hã—gake elɔ̃. Egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nu siwo katã nègblɔ la, mawɔe!”—Rut 3:5.

13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Rut gbɔ ku ɖe ame tsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ŋu? (Kpɔ Hiob 12:12 hã.)

13 Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna na sɔhɛwo be woaxɔ aɖaŋu siwo ame tsitsi kpɔnuteƒewo ɖona na wo. Ele bɔbɔe be woasusui be ame tsitsiwo mese kuxi kple nɔnɔme sesẽ siwo me tom sɔhɛwo le la gɔme o. Rut ƒe ɖokuibɔbɔa ɖoa ŋku edzi na mí be ame tsitsi siwo lɔ̃ mí hetsɔ ɖe le eme na mí la ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi wɔwɔ ate ŋu aɖe vi geɖe na mí. (Xlẽ Psalmo 71:17, 18.) Ke aɖaŋu kae Naomi ɖo na Rut, eye ɖe edziwɔwɔ ɖe vi nɛ ŋutɔŋutɔa?

Rut Yi Lugbɔƒe

14. Afi kae nye lugbɔƒe, eye nu kae wowɔna le afi ma?

14 Le anyinufaɣi la, Rut yi lugbɔƒe. Enye gbadzaƒe, afi si anyigba sesẽ le, si agbledelawo tsɔa woƒe nukuwo yina be yewoatugu wo ahagbɔ wo. Zi geɖe la, enyea togbɛ aɖe ƒe abu me alo etame, afi si yaa nu sẽna le le ɣetrɔ me kple anyinufaɣi. Dɔwɔlawo tsɔa sofi alo gaflo gãwo lɔa nuku si wotugu la dona ɖe dzi be ya naƒo atsaa kple gbe wuwluiawo, siwo le wodzoe wu la adzoe, ke nukuawo, siwo le kpekpem wu la kɔna ɖe anyigba.

15, 16. (a) Gblɔ ale si nuwo yi edzi le lugbɔƒea esime Boas wu dɔ nu fiẽ ma. (b) Aleke wɔ Boas nya be Rut mlɔ yeƒe afɔde?

15 Le Boas ƒe manyamanya me la, Rut nɔ nu siwo nɔ edzi yim la kpɔm va se ɖe esime dɔa wu enu esime anyigba nɔ tsyɔtsyɔm. Boas nɔ eƒe dɔwɔlawo nu esime wonɔ eƒe nukuawo gbɔm nɔ kɔkɔm ɖi va se ɖe esime wòzu kpo gã aɖe. Esi wòɖu nu ɖi ƒo vɔ la, eyi ɖamlɔ nuku si woƒo ƒu ɖi la ƒe mlɔenu. Edze ƒãa be alea koe wowɔnɛ ɣemaɣi ene, ɖewohĩ kple susu be adzodalawo kple fiafitɔwo nagava fi nukuawo o. Rut kpɔ afi si Boas yi ɖamlɔ. Ɣeyiɣia de azɔ be Rut nawɔ ɖe Naomi ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi.

16 Rut ƒe dzi nɔ tsotsom esime wònɔ tetem ɖe eŋu dzadzadza. Ekpɔe be ŋutsua dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Eya ta abe ale si Naomi ɖo aɖaŋu nɛ ene la, eyi ɖaklo avɔ le eƒe afɔ ŋu hemlɔ eƒe afɔde henɔ lalam be wòanyɔ. Nuwo menɔ tsɔtsɔm na Rut kura o. Mlɔeba, le zãtiƒe lɔƒo la, Boas nyɔ. Esi vuvɔ ɖoe wònɔ ƒoƒom ta la, ebi kɔ, ɖewohĩ kple susu be yeagbugbɔ ahe avɔa atsyɔ yeƒe afɔwo ake. Ke ede dzesii be ame aɖe mlɔ yeƒe afɔde. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe mlɔ eƒe afɔde.”—Rut 3:8.

17. Nyateƒenya eve kawo dzie ame siwo gblɔna be gbɔdɔdɔ ƒe susue nɔ Rut si la ŋe aɖaba ƒu?

17 Boas bia be, “Wò ame kae?” Rut ƒe gbe me anya nɔ ʋuʋum esi wòɖo eŋu nɛ be: “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue; keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye!” (Rut 3:9) Egbegbe numeɖela aɖewo gblɔna be edze le nu siwo Rut wɔ kple nya siwo wògblɔ me be gbɔdɔdɔ ƒe susue nɔ esi. Gake woŋe aɖaba ƒu nyateƒenya eve aɖewo dzi. Gbãtɔe nye be, dekɔnu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la dzie Rut nɔ zɔzɔm ɖo, evɔ míenya nu boo aɖeke tso kɔnu mawo ŋu egbea o. Eya ta anye vodada be míasusui be agbenɔnɔ si xɔ aƒe ɖe xexe dzeakaɖa sia me la tɔgbie wòɖe fia. Evelia, ale si Boas wɔ nu ɖe eŋui la fia kɔtɛ be ekpɔe be fɔɖiɖi aɖeke mele Rut ƒe nuwɔna sia ŋu o, eye wòkafui ɖe eta boŋ.

Susu nyuiwo tae Rut di be Boas naɖe ye ɖo, ke menye eɖokui tɔ dimee wònɔ o

18. Nya kae Boas gblɔ tsɔ fa akɔ na Rut, eye nu kae wòwɔnɛ esi wògblɔ be eɖe lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã?

18 Boas ƒo nu azɔ, eye ɖikeke mele eme o be gbe blewu si wòtsɔ ƒo nui na Rut tufafatɔe la fa akɔ nɛ. Egblɔ be: “Yehowa ayra wò, vinye! Èɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.” (Rut 3:10) Lɔlɔ̃ ‘tsãtɔa’ fia lɔlɔ̃ deto si Rut ɖe fia esi wòkplɔ Naomi ɖo tso Moab va Israel heva le edzi kpɔm. Ke afɔ si wòɖe fifia lae nye ‘fifitɔ.’ Boas de dzesii be anɔ bɔbɔe na ɖetugbui abe Rut ene be wòadi be yeaɖe ɖekakpui, eɖanye kesinɔtɔ alo ame dahe o. Ke hã, Rut di be yeanyo dɔme na Naomi kple srɔ̃a si ku la siaa, ale be yealé ŋutsu si ku la ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel. Eya ta ele bɔbɔe be míakpɔ nu si tae ɖetugbui sia ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa wɔ dɔ ɖe Boas dzi ɖo.

19, 20. (a) Nu ka tae Boas metso nya me enumake be yeaɖe Rut o? (b) Aleke Boas nyo dɔme na Rut hewɔ nu ɖe eŋu ameŋububutɔe be eƒe ŋkɔ nagaƒo ɖi o?

19 Boas yi edzi gblɔ be: “Eya ta, vinye, mègavɔ̃ o! Mawɔ nu siwo katã nègblɔ la na wò; elabena nye dukɔ ƒe du blibo la nyae bena, nyɔnu zãzɛ nènye.” (Rut 3:11) Edzɔ dzi nɛ be mɔnukpɔkpɔ su ye si be yeaɖe Rut; ɖewohĩ mewɔ nuku nɛ boo be Rut va bia tso ye si be yeanye srɔ̃ɖia o. Gake esi Boas nye nu dzɔdzɔe wɔla ta la, meɖoe be yeatsɔ yeƒe didiwo aɖo nɔƒe gbãtɔ o. Egblɔ na Rut be ƒometɔ bubu aɖe li si nye srɔ̃ɖia, si te ɖe Naomi srɔ̃ si ku la ƒe ƒomea ŋu wu ye. Boas ate ɖe ŋutsu ma ŋu gbã ahatsɔ mɔnukpɔkpɔa aɖo eŋkume be wòazu Rut srɔ̃.

Rut xɔ ŋkɔ nyui le esi wònyoa dɔme hedea bubu ame ŋu ta

20 Boas gblɔ na Rut be wòagamlɔ anyi aɖi ɖe eme va se ɖe fɔŋli ne wòafɔ adzo, be ame aɖeke nagakpɔe o. Ewɔ esia kple susu be amewo nagabu susu gbegblẽ ɖe eya ŋutɔ kple Rut siaa ŋu o, elabena amewo ate ŋu asusui vodadatɔe be wonɔ agbe gbegblẽ. Rut gamlɔ ŋutsua ƒe afɔde ake, eye anɔ eme be eƒe susu dze akɔ anyi wu azɔ le esi Boas wɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe ta. Ke hafi xexea me nakɔ la, Rut fɔ. Boas dzidze lu gbogbo aɖe kɔ ɖe eƒe taɖedzia me nɛ, eye wòtrɔ ɖo ta Betlexem.—Xlẽ Rut 3:13-15.

21. Nu ka hã gbɔe wòtso be woyɔ Rut be “nyɔnu zãzɛ,” eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

21 Aleke gbegbe wòadzɔ dzi na Rut enye esi ne eɖo ŋku nya si Boas gblɔ nɛ dzi be, dua me tɔwo katã nyae be ‘nyɔnu zãzɛe’ wònye! Ðikeke mele eme o be ale si wòlɔ̃ faa be yeadze si Yehowa ahasubɔe la hã wɔ akpa vevi aɖe be wòxɔ ŋkɔ nyui ma. Azɔ hã, dɔmenyonyo kple ameŋububu deto dze le ale si wòwɔ nu ɖe Naomi kple eƒe amewo ŋui me, elabena elɔ̃ faa trɔ ɖe dekɔnu kple nuwɔna siwo ŋu menya nu tsoe tsã o la ŋu. Ne míesrɔ̃ Rut ƒe xɔse la, míadi be míade bubu deto amewo, woƒe dekɔnuwo kple ale si wowɔa nui ŋu. Esia wɔwɔ ate ŋu ana míawo hã míawɔ ŋkɔ nyui na mía ɖokuiwo.

Rut Kpɔ Dzudzɔƒe

22, 23. (a) Anɔ eme be gɔmesese kae nɔ nu si Boas na Rut la ŋu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Nu kae Naomi de dzi ƒo na Rut be wòawɔ?

22 Esi Rut gbɔ va aƒe me la, Naomi biae be: “Aleke nèdee, vinye?” Naomi di be yeanya nenye be ahosi si Rut nye la koe wòagakpɔtɔ anye loo alo mɔkpɔkpɔ li be ava zu srɔ̃tɔ. Enumake Rut gblɔ nu siwo katã yi edzi le woa kple Boas dome la na lɔ̃xoa. Etsɔ lu si Boas tsɔ nɛ dɔmenyotɔe be wòatsɔ ana Naomi la hã nae. *Rut 3:16, 17.

23 Naomi wɔ nu nunyatɔe esi wògblɔ na Rut be wòanɔ aƒe me kpoo gbe ma gbe le esi teƒe be wòayi agble be yeaɖafɔ nuku dzɔdzɔewo. Egblɔ na Rut kakaɖedzitɔe be: “Ŋutsu la maɖe dzi ɖi o, va se ɖe esime wòaɖo ta na nya la egbea hafi.”—Rut 3:18.

24, 25. (a) Aleke Boas ɖee fia be yenye nu dzɔdzɔe wɔla kple ɖokuitɔmadila? (b) Mɔ kawo nue Mawu yra Rut le?

24 Nya si Naomi gblɔ tso Boas ŋu la le eteƒe. Boas yi dua ƒe agbo nu, afi si dua me ametsitsiwo kpea ta le zi geɖe la helala va se ɖe esime ŋutsu si nye ƒometɔ kplikplikpli wu la tso eme va yina. Le ɖasefowo ŋkume la, Boas tsɔ mɔnukpɔkpɔa ɖo ŋutsua ŋkume be wòaɖe Rut le esi wònye srɔ̃ɖia ta. Ke hã, ŋutsua gbe hegblɔ be esia wɔwɔ ana ye ŋutɔ yeƒe domenyinu dome nagblẽ. Boas gblɔ le ɖasefoawo katã ŋkume le dua ƒe agbo nu be yeanye srɔ̃ɖia la, eye yeaxɔ Naomi srɔ̃ Elimelex si ku la ƒe nunɔamesiwo aƒle ahaɖe Rut, si nye Elimelex viŋutsu Maxlon ƒe ahosi la. Boas gblɔ be esia wɔwɔ ana “ame kuku la ŋkɔ natsi eƒe domenyinu ŋu!” (Rut 4:1-10) Boas nye nu dzɔdzɔe wɔla si media eɖokui tɔ o vavã.

25 Boas ɖe Rut. Le ema megbe la, nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa na wòfɔ fu dzi ŋutsuvi.” Betlexem nyɔnuwo yra Naomi hekafu Rut be ede ŋutsuvi adre nu na Naomi gbɔ edzi. Ŋɔŋlɔawo na míenya emegbe be ŋutsuvi si Rut dzi la va zu Fia David, si xɔ ŋkɔ la, tɔgbui. (Rut 4:11-22) Eye David hã va nye Yesu Kristo tɔgbui.—Mat. 1:1. *

Yehowa yra Rut be mɔnukpɔkpɔ su esi wòva zu Mesia la mama

26. Nu kawo dzie Rut kple Naomi ƒe kpɔɖeŋuawo ɖoa ŋkui na mí?

26 Mawu yra Rut vavã, eye wòyra Naomi, ame si kpe asi ɖe ɖevia nyinyi ŋu abe eya ŋutɔ via ene la hã. Nyɔnu eve siawo ƒe ŋutinyaa ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa Mawu megblẽa ame siwo katã dagbana ɖokuibɔbɔtɔe be yewoakpɔ yewoƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ eye wowɔa ɖeka kple eƒe amewo hesubɔnɛ nuteƒewɔwɔtɔe la ɖi o. Mawu medoa kpo nuteƒewɔlawo, abe Boas, Naomi kple Rut ene, yayra gbeɖe o.

^ mm. 7 Abe ale si Naomi de dzesii ene la, Yehowa keke eƒe dɔmenyonyoa ɖe enu wòlɔ agbagbeawo kple kukuawo siaa ɖe eme. Naomi srɔ̃ kple viaŋutsu eveawo siaa ku. Rut hã srɔ̃ ku. Ðikeke mele eme o be, ame veviwoe ŋutsu etɔ̃ siawo nye na nyɔnu evea siaa. Eya ta dɔmenyo ɖe sia ɖe si woawɔ na Rut kple Naomi la anye dɔmenyonyo na ŋutsu etɔ̃ mawo siwo adi be woalé be na nyɔnu siawo na yewo.

^ mm. 11 Edze ƒãa be ahosia ɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔa yina na ŋutsu si ku la nɔviŋutsuwo gbã, eyome eƒe ƒometɔ si te ɖe eŋu kplikplikpli, abe ale si wònɔ le nunɔamesiwo dome nyinyi gome ene.—4 Mose 27:5-11.

^ mm. 22 Boas na lu dzidzenu ade Rut—ɖewohĩ susuae nye be abe ale si ko wowɔa dɔ ŋkeke ade hedzudzɔna le Sabat dzi ene la, Rut hã ƒe fukpekpe abe ahosi ene nu ayi kpuie ne ekpɔ “dzudzɔ” le srɔ̃a ƒe me, afi si wòanɔ dedie le. Gake ate ŋu anye hã be lu dzidzenu ade, si ɖewohĩ wotsɔ sofi dzidze lae Rut ate ŋu atsɔ ta koe wòdzidze agbɔsɔsɔ ma nɛ ɖo.

^ mm. 25 Rut hã le nyɔnu atɔ̃ siwo ƒe ŋkɔ woyɔ le Yesu ŋuti dzidzimexexlẽfia si le Biblia me la dome. Nyɔnu bubu hãe nye Raxab, si nye Boas dada. (Mat. 1:3, 5, 6, 16) Abe Rut ene la, eya hã menye Israel vi o.