Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA BLAEVE VƆ ETƆ̃LIA

Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

1. Ɣekaɣie nu anya te ɖe Petro dzi wu le eƒe agbe me?

PETRO maŋlɔ zã dziŋɔ ma si me woa kple Yesu ƒe ŋku do go la be akpɔ o. Ðe wòkpɔe le Yesu ƒe mo be edo dziku ɖe ye ŋua? Míenya o; nya si nuŋlɔɖi si tso gbɔgbɔ me la gblɔ koe nye be “Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro.” (Luka 22:61) Gake esi woa kplii ƒe ŋku nya do go ko la, Petro kpɔ eya ŋutɔ ƒe kpododonu dze sii kɔtɛ. Petro kpɔe dze sii be nu si tututu Yesu gblɔ be yegbɔna wɔwɔ ge, si dzi yenɔ tɔ tem ɖo be yemawɔ gbeɖe o lae nye ema yewɔ—egbe nu le eƒe Aƒetɔ lɔlɔ̃a gbɔ. Ðewohĩ gbe ma gbee nye ŋkeke si dzi nu te ɖe Petro dzi wu le eƒe agbe me.

2. Nu vevi kae wòva hiã be Petro nasrɔ̃, eye aleke eƒe ŋutinyaa ate ŋu aɖe vi na mí?

2 Gake ema mefia be wɔna aɖeke megali o. Esi wònye be xɔse sẽŋu nɔ Petro si ta la, edze agbagba wɔ ɖɔɖɔɖo, eye wògasrɔ̃ nu vevi bubu tso Yesu gbɔ. Eyae nye tsɔtsɔke. Ele be mí katã míasrɔ̃ nu vevi sia, eya ta mina míadzro ale si Petro wɔ srɔ̃ nɔnɔme siae la me kpɔ.

Nu Geɖe Li Petro Nasrɔ̃

3, 4. (a) Nya kae Petro bia Yesu, eye nu kae anya nɔ susu me nɛ? (b) Aleke Yesu ɖee fia be nɔnɔme si xɔ aƒe ɖi ɣemaɣi lae kpɔ ŋusẽ ɖe Petro dzi?

3 Anɔ abe ɣleti ade ene do ŋgɔ, esime wonɔ Kapernaum, si nye du si me Petro tso me la, ete ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye, eye wòle be matsɔe akee? Va se ɖe zi adre loo?” Ðewohĩ Petro susui be ne yewɔe alea la, ke yenyo dɔme ŋutɔ. Elabena subɔsubɔhakplɔlawo fiaa nu ɣemaɣi be ele be woatsɔe ake zi etɔ̃ pɛ ko. Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyemegblɔ na wò be: Va se ɖe zi adre o, ke boŋ, Va se ɖe zi blaadre vɔ adre.”—Mat. 18:21, 22.

4 Ðe Yesu ƒe nyawo fia be Petro nanɔ vo siwo amewo ada ɖe eŋu la ŋlɔm ɖia? Ao; ke boŋ esi Yesu gblɔ na Petro be menye zi 7 o, ke zi 77 la, efia be ne míelɔ̃ mía havi la, míaɖo seɖoƒe na tsɔtsɔke o. (1 Kor. 13:4, 5) Yesu kpɔe dze sii be nublanuimakpɔmakpɔ kple vodada léle ɖi si xɔ aƒe ɖi ɣemaɣi lae kpɔ ŋusẽ ɖe Petro dzi. Gake ele be ame siwo di be yewoasrɔ̃ Mawu la nayi edzi atsɔe anɔ wo nɔviwo kem faa.—Xlẽ 1 Yohanes 1:7-9.

5. Ɣekaɣie míedea dzesi tsɔtsɔke ƒe vevienyenye wu?

5 Petro meʋli nya sia kple Yesu o. Gake ɖe nufiame si le Yesu ƒe nyaa me la de dzi gbɔ nɛa? Ɣeaɖewoɣi la, míesrɔ̃a nu tso tsɔtsɔke ŋu nyuie wu ne mía ŋutɔwo míeva ɖo nɔnɔme aɖe si me míehiã tsɔtsɔke le vevie la me. Eya ta mina míagatrɔ ɖe nudzɔdzɔ siwo do ŋgɔ teti na Yesu ƒe ku ŋu la ake. Le ɣeyiɣi sesẽ ma me la, Petro da vo geɖe siwo ta wòhiã be eƒe Aƒetɔa natsɔe akee zi geɖe.

Yesu Tsɔe Ke Petro Zi Geɖe

6. Aleke Petro wɔ nui esi Yesu nɔ agbagba dzem be yeafia ɖokuibɔbɔ apostoloawo, ke hã aleke Yesu wɔ nu ɖe eŋui?

6 Le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛtɔa me la, nuwo menɔ bɔbɔe kura o. Nu geɖewo li wòle be Yesu nagafia eƒe apostoloawo, siwo dometɔ ɖekae nye ɖokuibɔbɔ. Yesu ɖo ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo esi wòklɔ afɔ na wo, si nye dɔ si subɔvi tsɛtɔ kekeake wɔna. Gbã la, Petro bia Yesu be eyae aklɔ afɔ na ye hã. Eyome egbe be maklɔ afɔ na ye o. Gake esi wòva lɔ̃ mlɔeba la, ebia tso Yesu si be wòaklɔ yeƒe asiwo kple yeƒe ta hã! Yesu medo dziku ɖe eŋu o, ke boŋ egbɔ dzi ɖi ɖe vevienyenye si nɔ nu si wɔm wònɔ ŋu la gɔme nɛ tufafatɔe.—Yoh. 13:1-17.

7, 8. (a) Mɔ kawo nue Petro gado Yesu ƒe dzigbɔɖi kpɔ le? (b) Aleke Yesu yi edzi kpɔ nublanui na Petro hetsɔ eƒe vodadawo kee?

7 Esia megbe kpuie ko la, Petro gado Yesu ƒe dzigbɔɖi kpɔ ake. Apostoloawo te nyahehe kple wo nɔewo ku ɖe ame si nye gãtɔ le wo dome ŋu, eye ɖikeke mele eme o be Petro hã kpɔ gome le ɖevinuwɔna ma, si ɖe dadagbɔgbɔ fia la me. Ke hã Yesu ɖɔ wo ɖo dɔmenyotɔe, eye wòkafu wo gɔ̃ hã ɖe nu nyui si wowɔ, si nye ale si woku ɖe woƒe Aƒetɔ la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe, la ta. Gake egblɔ be wo katã woava gblẽ ye ɖi. Petro te tɔ ɖe edzi be ye ya yemagblẽ Yesu ɖi akpɔ o, ne ahiã be yeaku kplii gɔ̃ hã. Gake Yesu gblɔe ɖi be hafi koklo naku atɔ zi eve zã ma me la, Petro agbe nu le ye si nye eƒe Aƒetɔ la gbɔ zi etɔ̃. Azɔ menye ɖeko Petro ke ɖi Yesu ƒe nyaa o, ke eƒu asi akɔ hã be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi wu apostolo susɔeawo katã.—Mat. 26:31-35; Marko 14:27-31; Luka 22:24-28; Yoh. 13:36-38.

8 Ðe Petro ƒe nuwɔna sia do dziku na Yesua? Le ɣeyiɣi sesẽ mawo katã me la, Yesu yi edzi na eƒe ŋku nɔ eƒe apostolo madebliboawo ƒe nyuiƒewo ŋu. Enya be Petro le nu gbe ge le ye gbɔ tsã, gake egblɔ be: “Meɖe kuku ɖe tawò, bene wò xɔse nu nagatsi o; eye wò la, ne ètrɔ gbɔ ko la, do ŋusẽ nɔviwòwo.” (Luka 22:32) Yesu ƒe nya siawo fia be eka ɖe edzi be Petro atrɔ dzi me, eye wòayi eƒe subɔsubɔdɔa dzi nuteƒewɔwɔtɔe. Tsɔtsɔke ƒe nɔnɔme nyui ka gbegbee nye esi!

9, 10. (a) Nu ka tae wòva hiã be woaɖɔ Petro ɖo le Getsemane bɔa me? (b) Nu ka dzie Petro ƒe ŋutinyaa ɖoa ŋkui na mí?

9 Emegbe, esime wonɔ Getsemane bɔa me la, ehiã be woagaɖɔ Petro ɖo ake. Yesu bia tso woa kple Yakobo kpakple Yohanes si be woanɔ ŋudzɔ esime eya ŋutɔ yi ɖale gbe dom ɖa. Yesu nɔ veve sem vevie ɣemaɣi, eye wòhiã na ŋusẽdodo, gake alɔ̃ ko dɔm Petro kple nɔviawo ya nɔ, togbɔ be Yesu va nyɔ wo enuenu hã. Yesu gblɔ nya siawo siwo me veveseɖeamenu kple tsɔtsɔke dze le la be: “Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.”—Marko 14:32-41.

10 Eteƒe medidi o, ameha aɖe lé akakatiwo, yiwo, kple kpowo ɖe asi la va do. Ehiã be woaɖɔ ŋu ɖo ahawɔ nu le nunya me le ɣeyiɣi ma me. Ke hã Petro ya tsɔ dzitsitsi da yi be yeaɖe ta le Malxo, si nye nunɔlagã la ƒe dɔla la nu, eye wòkpa to nɛ. Yesu ɖɔ Petro ɖo tufafatɔe, eka asi subɔvia ƒe toa ŋu heda gbe le ŋu, eye wògblɔ nya vevi aɖe ku ɖe asaƒoƒo na ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu, si dzi eyomedzelawo wɔna ɖo va de asi na egbea. (Mat. 26:47-55; Luka 22:47-51; Yoh. 18:10, 11) Petro da vo geɖe siwo eƒe Aƒetɔ la tsɔ kee xoxo. Esia ɖoa ŋku edzi na mí be “mí katã míewɔa vodada zi geɖe.” (Xlẽ Yakobo 3:2.) Mía dometɔ kae mehiãa Mawu ƒe tsɔtsɔke gbe sia gbe o? Gake le Petro ya gome la, etɔ mese ɖe afi ma haɖe o. Agada vo siwo lolo wu le zã ma me.

Petro Ƒe Vodada Gãtɔ

11, 12. (a) Aleke Petro ɖe dzinɔameƒo aɖe ya teti fia esi wolé Yesu? (b) Aleke Petro do kpo nu le nu si wòƒu asi akɔ be yeawɔ la me?

11 Yesu gblɔ na amehaa be ne ye dim wole la, ekema woaɖe asi le yeƒe apostoloawo ŋu woadzo. Petro kpɔ ameha la wonɔ Yesu blam, gake naneke meli wòawɔ o. Kasia Petro si, abe apostolo mamlɛawo ke ene.

12 Ðewohĩ Petro kple Yohanes si va se ɖe esime wogogo Ana, si nye Nunɔlagã tsã la, ƒe aƒea gbɔ. Afi mae amehaa kplɔ Yesu yi gbã be woabia gbee. Esi wokplɔ Yesu dzo le afi ma la, Petro kple Yohanes nɔ amehaa yome le “adzɔge ɖaa.” (Mat. 26:58; Yoh. 18:12, 13) Menye vɔvɔ̃nɔtɔe Petro nye kura o. Ehiã dzinɔameƒo hafi wòate ŋu anɔ ameha ma yome. Elabena wolé lãnuwo ɖe asi, eye Petro kpa to na wo dometɔ ɖeka xoxo. Ke hã menye nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si Petro gblɔ be yeaɖe afia, si nye be yealɔ̃ faa aku kple yeƒe Aƒetɔ lae nye ema wòɖe fia o.—Marko 14:31.

13. Aleke wòdze be míanɔ Kristo yomee?

13 Ame geɖewo dina egbea be yewoanɔ Kristo yome le “adzɔge ɖaa” abe Petro ene, be ame aɖeke nagade dzesi yewo o. Gake abe ale si Petro ŋutɔ va ŋlɔe emegbe ene la, mɔ nyuitɔ si nu wòle be míanɔ Kristo yome le koe nye be míanɔ Eŋu kplikplikpli ale si míate ŋui ahasrɔ̃ Eƒe kpɔɖeŋu le nu sia nu me, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava mía dzi o.—Xlẽ 1 Petro 2:21.

14. Afi kae Petro nɔ le zã si me wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu le la me?

14 Petro nɔ ameha la yome dzadzadza va se ɖe esime wòɖo aƒe gãtɔ kekeake siwo le Yerusalem la dometɔ ɖeka ƒe agbo nu. Nunɔlagã ŋusẽtɔ kple kesinɔtɔ Kayafa ƒe aƒee. Zi geɖe la, xɔxɔnu nɔa aƒe siawo tɔgbi titina, eye agbo nɔa wo nu. Esi Petro ɖo agboa nu la, womeɖe mɔ nɛ wòge ɖe eme o. Yohanes, si dze si nunɔlagã la ya tre aƒea me yiyi na Petro, eya ta eva ɖe kuku na agbonudzɔlaa be wòana wòage ɖe eme. Edze abe Petro menɔ Yohanes ŋu kplikplikpli o ene, eye metee kpɔ hã be yeage ɖe xɔa me ahanɔ eƒe Aƒetɔa ŋu o. Etsi xɔxɔnua, afi si kluvi kple dɔla aɖewo nɔ dzo si nɔ lelém nyuie la ƒum le, le esi vuvɔ si nɔ wɔwɔm zã ma me ta, eye enɔ aʋatsoɖasefo siwo nɔ Yesu nu tsom la kpɔm wonɔ gegem ɖe xɔ si me wole ʋɔnu drɔ̃m Yesu le la me henɔ dodom.—Marko 14:54-57; Yoh. 18:15, 16, 18.

15, 16. Aleke nya si Yesu gblɔ ɖi be Petro agbe nu le ye gbɔ zi etɔ̃ la va emee?

15 Dzoa ƒe keklẽ na nyɔnuvi si ɖe mɔ na Petro wòge ɖe eme la kpɔe nyuie. Nyɔnuvia kpɔe dze sii. Etɔ gbee be: “Wò hã ènɔ Yesu Galileatɔ la ŋu!” Nyaa ɖi ɖe Petro kpoyi, eye wòsẽ nu be yemenya Yesu o—alo yemese nya si gblɔm nyɔnuvia le gɔme gɔ̃ hã o. Eyi ɖatɔ ɖe agboa nu lɔƒo bene woagakpɔ ye o, gake nyɔnuvi bubu hã kpɔe dze sii hegblɔ nya ma ke be: “Ŋutsu sia nɔ Yesu Nazaretetɔ la ŋu.” Petro ka atam gblɔ be: “Nyemenya ŋutsu la o!” (Mat. 26:69-72; Marko 14:66-68) Ðewohĩ esime Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi evelia siae wòsee koklo ku atɔ, gake etɔtɔ le eɖokui me ale gbegbe be mete ŋu ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ ɖi gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ la dzi o.

16 Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Petro ganɔ agbagba dzem kokoko be woagakpɔ ye adze sii o. Gake ame siwo hã nɔ tsitre le xɔxɔnua la te ɖe eŋu. Wo dometɔ ɖekae nye Malxo, subɔvi si Petro kpa to na la ƒe ƒometɔ. Egblɔ na Petro be: “Mekpɔ wò le abɔa me kplii ɖe, alo nyemekpɔ wò oa?” Esia ƒoe ɖe Petro nu be wòawɔ nu sia nu si wòate ŋui atsɔ aɖee afia be woƒe nyaa mele eme o. Eya ta eka atam ƒu edzi, eye anɔ eme be egblɔ be, ne aʋatso kam yele la, ekema nezu fiƒode na ye. Emae nye zi etɔ̃lia Petro gbe nu le Yesu gbɔ. Mekpɔ ɖe nu le nyaa me hafi koklo gaku atɔ ake o—emae nye zi evelia si Petro see koklo ku atɔ zã ma me.—Yoh. 18:26, 27; Marko 14:71, 72.

“Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro”

17, 18. (a) Esi Petro nyɔ le eɖokui me hekpɔe dze sii be yewɔ nu vɔ̃ ɖe yeƒe Aƒetɔa ŋu la, nu kae wòwɔ? (b) Aleke Petro anye se le eɖokui me?

17 Ðeko Yesu do ɖe dziƒoxɔ si me wonɔ ʋɔnua drɔ̃mee le la ƒe yaxɔƒe henɔ xɔxɔnua kpɔm ɖaa koe nye ema. Ɣemaɣi tututue woa kple Petro ƒe ŋku do go, abe ale si míegblɔe le nyati sia ƒe ŋgɔdonyaa me ene. Petro nyɔ le eɖokui me hekpɔe dze sii be yewɔ nu vɔ̃ ɖe yeƒe Aƒetɔa ŋu. Petro do go le xɔxɔnua, eye eƒe dzi gbã vevie le dzitsinya ƒe fɔbuame ta. Petro ɖo ta dua ƒe ablɔ siwo dzi kɔ nyuie le esi ɣletia sɔ tegblẽe henɔ ɖiɖim nyuie ta la me. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ. Esia wɔe be menɔ nu kpɔm nyuie o. Ewó avi gboo hefa avi hehehe.—Marko 14:72; Luka 22:61, 62.

18 Ele bɔbɔe be ame sia ame si wɔ nu vɔ̃ gã sia gbegbe la nase le eɖokui me be womate ŋu atsɔe ake ye gbeɖe o. Petro hã anya se le eɖokui me nenema. Gake ɖe womate ŋu atsɔe akee o nyateƒea?

Ðe Petro Ƒe Nu Vɔ̃a Gbɔ Tsɔtsɔke Ŋua?

19. Aleke Petro anya se le eɖokui me le eƒe kpododonua ta, ke hã aleke míewɔ nya be dzi meɖe le eƒo wòna ta o?

19 Míate ŋu agblɔ ale si gbegbe Petro se vevee ne ekpɔ nu si gbegbe me Yesu va to le ŋufɔke la teƒe o. Aleke gbegbe wòanya bu fɔ eɖokui esime wòkpɔe Yesu ku gbe ma gbe le fu siwo wɔwɔe gaƒoƒo geɖe megbee nye esi! Anya te ɖe Petro dzi ŋutɔ ne eɖo ŋkui be ye hã yewɔ akpa aɖe le veve si gbegbe yeƒe Aƒetɔa se gbe ma gbe la me. Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi abe amegbetɔ ene ƒe ŋkeke mamlɛtɔe nye ema. Togbɔ be Petro xa nu vevie hã la, mena nuxaxaa mii wòbu mɔkpɔkpɔ o. Míenya esia, elabena eteƒe medidi o, egawɔ ɖeka kple nusrɔ̃la bubuawo ake. (Luka 24:33) Ðikeke mele eme o be apostoloawo katã se veve ɖe ale si wowɔ nui le zã dziŋɔ ma me la ta, eye woanya fa akɔ na wo nɔewo.

20. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔnɔme nyui si Petro ɖe fia la me?

20 Nɔnɔme nyui aɖe ŋutɔe nye ema Petro ɖe fia le go sia me. Ne Mawu subɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ la, menye nu vɔ̃ si wòwɔ ƒe lolomee nye nyaa o, ke boŋ eƒe tameɖoɖo kplikpaa be yeawɔ tɔtrɔ ahaɖɔ nɔnɔmea ɖoe le vevie. (Xlẽ Lododowo 24:16.) Xɔse vavãe nye ema Petro ɖe fia esi wògayi ɖawɔ ɖeka kple nɔviawo, togbɔ be enɔ nu xam vevie hã. Ne nu te ɖe ame aɖe dzi alo vevesese ɖe eya ŋutɔ ƒe vodadawo ta na eƒe dzi gbã la, adi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga, gake afɔku le esia wɔwɔ me. (Lod. 18:1) Nu nyuitɔ si wòle be wòawɔe nye be wòanɔ haxɔsetɔwo ŋu kplikplikpli be ŋusẽ nagaɖo eŋu le xɔse me.—Heb. 10:24, 25.

21. Esi Petro nɔ nusrɔ̃la bubuawo dome ta la, nyatakaka kae wòse?

21 Esi Petro yi ɖawɔ ɖeka kple nɔvia mawusubɔlawo ta la, eya hã nɔ eteƒe esime wotsɔ nyatakaka wɔnuku sia vɛ be Yesu ƒe ŋutilã megale yɔdoa me o. Petro kple Yohanes ƒu du yi agado si me woɖi Yesu ɖo, si nu womli kpe ɖo la gbɔ. Yohanes, si Petro anya tsi wu lae va ɖo gbã. Ekpɔe be yɔdoa le ʋuʋu ɖi, ke hã mege ɖe eme o. Gake menɔ alea le Petro ya gome o. Togbɔ be enɔ gbɔgbɔm fuxefuxe hã la, ɖeko wòge ɖe eme ʋla. Gake fayekoo, mekpɔ Yesu ƒe ŋutilã kukua o!—Yoh. 20:3-9.

22. Nu kae na blanuiléle kple ɖikeke ɖe sia ɖe si nɔ Petro ƒe dzi me la nu yi?

22 Ðe Petro xɔe se be wofɔ Yesu ɖe tsitrea? Mexɔe se gbã o, togbɔ be nyɔnu nuteƒewɔlawoe va gblɔ be mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fia yewo hena yewonya be wofɔ Yesu ɖe tsitre hã. (Luka 23:55–24:11) Gake hafi ŋkeke ma nawu enu la, blanuiléle kple ɖikeke ɖe sia ɖe si nɔ Petro ƒe dzi me la katã nu yi. Yesu le agbe; ezu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ azɔ! Eɖe eɖokui fia eƒe apostoloawo katã. Gake ewɔ nu tɔxɛ aɖe na wo dometɔ ɖeka gbã. Apostoloawo gblɔ gbe ma gbe be: “Wofɔ Aƒetɔ la ɖe tsitre vavã, eye wòɖe eɖokui fia Simon!” (Luka 24:34) Apostolo Paulo hã ŋlɔ tso nu ɖedzesi si dzɔ gbe ma gbe la ŋu emegbe be Yesu ɖe “eɖokui fia Kefas, emegbe la, ame wuieveawo.” (1 Kor. 15:5) Petro kee wogayɔna be Kefas kple Simon. Yesu ɖe eɖokui fia Petro gbe ma gbe—edze ƒãa be ame bubu aɖeke menɔ eteƒe o.

Petro da vo geɖe siwo ta wòhiã be eƒe Aƒetɔa natsɔe akee zi geɖe, gake mía dometɔ kae mehiãa Mawu ƒe tsɔtsɔke gbe sia gbe o?

23. Nu ka tae wòhiã be Kristotɔ siwo dze nu vɔ̃ me egbea la naɖo ŋku nu si me Petro to la dzi?

23 Biblia megblɔ nu siwo yi edzi le Yesu kple Petro ƒe gododo tɔxɛ ma me na mí o. Yesu kple Petro ɖeɖe koe nya. Aleke gbegbe dzi adzɔ Petro enye esi esi wòkpɔe be yeƒe Aƒetɔ lɔlɔ̃a le agbe eye mɔnukpɔkpɔ su ye si be yeaɖe kuku be wòatsɔ yeƒe nu vɔ̃ ake ye. Petro meganɔ naneke dim le xexea me wu tsɔtsɔke o. Ðikeke aɖeke mele eme o be Yesu tsɔe kee faa. Ele be Kristotɔ siwo dze nu vɔ̃ me egbea la naɖo ŋku Petro dzi. Negadzɔ gbeɖe be míasusui be Mawu mate ŋu atsɔe ake mí o. Yesu ɖe Fofoa, ame si ŋu wogblɔ le be “etsɔa nu vɔ̃ kena geɖe” la ƒe nɔnɔme fia le mɔ deblibo nu.—Yes. 55:7.

Yesu Gaɖo Kpe Edzi Nɛ Be Yetsɔe Kee

24, 25. (a) Ƒo nu tso ale si nuwo yii le zã si me Petro yi lã ɖe ge le Galilea Ƒua me la ŋu. (b) Le ŋufɔke la, aleke Petro wɔ nui esi Yesu na woɖe lã nukutɔe?

24 Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be woayi Galilea, afi si yeagakpe kpli wo le. Esi wova ɖo la, Petro yi ɖɔkplɔƒe le Galilea Ƒua me. Etɔ bubuwo hã kplɔe ɖo. Petroe nye ema gakpɔ eɖokui le ƒu ma si dzi wòde tɔƒo le ƒe geɖe va yi la dzi. Ale si wònɔ tɔdziʋua ŋkɔ sem kri, kri, kri, ƒutsotsoe siwo va nɔ ʋua lɔm ƒe ɖiɖi kple ale si ɖɔawo le ƒlatsa le eƒe asiwo me la dometɔ aɖeke menye nu yeye nɛ o. Womekpɔ lã aɖeke ɖe zã bliboa katã o.—Mat. 26:32; Yoh. 21:1-3.

Petro dzo dze ƒua me heƒu tsia yi gota

25 Gake le fɔŋli la, ame aɖe yɔ wo tso godzi hegblɔ na wo be woaɖi ɖɔawo ɖe tɔdziʋua ƒe go kemɛ dzi. Wowɔ ɖe eƒe gbe dzi, eye woɖe lã 153 sɔŋ! Petro de dzesi amea. Enumake, edzo dze ƒua me heƒu tsia yi gota. Yesu tsɔ tɔmelã dzodzoe si wòme le aka dzi le ƒua ta la na wo woɖu. Azɔ etrɔ ɖe Petro ŋu.—Yoh. 21:4-14.

26, 27. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae Yesu na Petro zi etɔ̃ sɔŋ? (b) Aleke Yesu ɖo kpe edzi be yetsɔ Petro ƒe nu vɔ̃wo kee bliboe?

26 Yesu bia Petro be elɔ̃ ye si nye eƒe Aƒetɔ la ‘wu esiawo’ hã. Edze ƒãa be enɔ asi fiam lã gbogbo siwo woɖe kɔ ɖi la hafi nɔ nya sia biam. Ðe ale si Petro lɔ̃ tɔƒodede la nu asẽ wu ale si wòlɔ̃ Yesua? Ale si ko Petro gbe nu le eƒe Aƒetɔ la gbɔ zi etɔ̃e la, nenema kee Yesu na mɔnukpɔkpɔe azɔ be wòaɖo kpe lɔlɔ̃ si le esi na ye la dzi zi etɔ̃ le nɔviawo ŋkume. Esi Petro ɖo kpe edzi vɔ la, Yesu gblɔ ale si wòaɖe lɔlɔ̃ ma afiae: eyae nye be wòatsɔ subɔsubɔ kɔkɔea aɖo nɔƒe gbãtɔ, anyi Kristo ƒe alẽha si nye eyomedzela wɔnuteƒewo, akplɔ wo ahado ŋusẽ wo.—Luka 22:32; Yoh. 21:15-17.

27 Yesu wɔ esia tsɔ ɖo kpe edzi be Petro gakpɔtɔ nye dɔwɔnu vevi aɖe na ye kple ye Fofo siaa. Petro awɔ akpa vevi aɖe le hame si le Kristo ƒe mɔfiafia te la me. Kpeɖodzi sẽŋu ka gbegbee nye esi be Yesu tsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee bliboe! Ðikekemanɔmee la, Yesu ƒe nublanuikpɔkpɔ wɔ dɔ ɖe Petro dzi ale gbegbe eye wòde dzi gbɔ nɛ.

28. Aleke Petro va nɔ agbe wòsɔ kple eƒe ŋkɔae?

28 Petro lé fɔ ɖe eƒe dɔdeasia ŋu nuteƒewɔwɔtɔe hena ƒe geɖe. Eva do ŋusẽ nɔviawo, abe ale si Yesu gblɔe nɛ le zã si do ŋgɔ na eƒe ku me ene. Petro tsɔ tufafa kplɔ Kristo yomedzelawo eye wònyi wo dzigbɔɖitɔe. Ŋutsu sia si woyɔna be Simon la va nɔ agbe wòsɔ kple ŋkɔ si Yesu tsɔ nɛ be Petro, si gɔmee nye Agakpe la nu mlɔeba, elabena eva zu ame like si kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Kristo hamea dzi. Esia ɖe dzesi le agbalẽ wɔdɔɖeamedzi eve siwo Petro ŋlɔ, siwo hã le Biblia gbalẽ veviawo dome la me. Agbalẽ mawo ɖee fia hã be Petro meŋlɔ nu vevi siwo wòsrɔ̃ le Yesu gbɔ tso tsɔtsɔke ŋu la be gbeɖe o.—Xlẽ 1 Petro 3:8, 9; 4:8.

29. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe xɔse kple eƒe Aƒetɔa ƒe nublanuikpɔkpɔ?

29 Neva eme be míawo hã míasrɔ̃ nu vevi ma. Ðe míebiana Mawu gbe sia gbe be wòatsɔ míaƒe vodada gbogboawo ake mía? Ekema ɖe míekana ɖe edzi be etsɔe ke mí eye míexɔnɛ sena be eƒe tsɔtsɔke na mía ŋu kɔ le eŋkumea? Eye ɖe míetsɔa ame bubuwo hã ƒe vodadawo kea woa? Ne míewɔnɛ nenema la, ekema Petro ƒe xɔse kple eƒe Aƒetɔ la ƒe nublanuikpɔkpɔe nye ema srɔ̃m míele.