Yohanes 14:1-31

  • Yesu dzi koe woato ate ɖe Fofo la ŋu (1-14)

    • “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la” (6)

  • Yesu do ŋugbe be yeana gbɔgbɔ kɔkɔe la (15-31)

    • “Fofo la lolo wum” (28)

14  “Migana dzika natso mia ƒo o.+ Mixɔ Mawu dzi se;+ mixɔ nye hã dzinye se.  Fofonye ƒe me la, nɔƒe geɖewo li. Ne mele nenema o la, anye ne megblɔe na mi, elabena meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.+  Eye ne meyi ɖadzra teƒe ɖo ɖi na mi vɔ la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, ale be afi si mele la, miawo hã mianɔ afi ma.+  Afi si meyina la, mienya mɔ la.”  Toma+ gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, míenya afi si yim nèle o, aleke míawɔ anya mɔa?”  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Nyee nye mɔ+ la kple nyateƒe+ la kpakple agbe+ la. Ame aɖeke mevaa Fofo la gbɔ o, negbe to dzinye ko.+  Ne mienyam la, mianya Fofonye hã; tso fifia heyina la, mienyae, eye miekpɔe hã.”+  Filipo gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fia Fofo la mí, eye ema asɔ gbɔ na mí.”  Yesu gblɔ nɛ be: “Filipo, ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele mia gbɔ, eye mènyam oa? Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.+ Aleke wɔ nèbe, ‘Fia Fofo la mí’? 10  Ðe mèxɔe se be mewɔ ɖeka kple Fofo la, eye Fofo la hã wɔ ɖeka kplim oa?+ Nya siwo gblɔm mele na mi la, menye nye ŋutɔ nye nyawoe o,+ ke boŋ Fofo si wɔ ɖeka kplim lae le eƒe dɔwo wɔm. 11  Mixɔ dzinye se be mewɔ ɖeka kple Fofo la, eye Fofo la hã wɔ ɖeka kplim; ne miexɔe se o la, ekema mixɔe se le dɔwɔwɔawo ya ta.+ 12  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame si xɔa dzinye sena la hã awɔ dɔ siwo mewɔna; eye awɔ dɔ siwo lolo wu esiawo,+ elabena meyina Fofo la gbɔ.+ 13  Nu sia nu si miabia le nye ŋkɔ me la, mawɔe, ale be woado Fofo la ɖe dzi to Vi la dzi.+ 14  Ne miebia nane le nye ŋkɔ me la, mawɔe. 15  “Ne mielɔ̃m la, ekema miawɔ nye sewo dzi.+ 16  Mabia Fofo la wòana kpeɖeŋutɔ* bubu mi be wòanɔ mia gbɔ tegbee,+ 17  nyateƒegbɔgbɔ+ si xexea mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyae hã o.+ Miawo ya mienyae, elabena enɔa mia gbɔ, eye wòle mia me. 18  Nyemagblẽ mi ɖi tsyɔ̃eviwoe o. Magbɔ va mia gbɔ.+ 19  Esusɔ vie ko xexea magakpɔm o, ke miawo ya miakpɔm,+ elabena mele agbe, eye miawo hã mianɔ agbe. 20  Gbe ma gbe miadze sii be mewɔ ɖeka kple Fofonye, eye be miewɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli mi.+ 21  Ame si léa nye sewo me ɖe asi, eye wòwɔa wo dzi la, eyae lɔ̃am. Azɔ ame si lɔ̃am la, Fofonye alɔ̃e, eye malɔ̃e, eye maɖe ɖokuinye afiae.” 22  Yuda+ (menye Iskariot o) biae be: “Aƒetɔ, nu ka tae nèdi be yeaɖe ye ɖokui afia mí, ke menye xexea katã o?” 23  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne ame aɖe lɔ̃m la, alé nye nya la me ɖe asi,+ eye Fofonye alɔ̃e, eye míava nɔ egbɔ.+ 24  Ame si melɔ̃am o la mewɔa nye nyawo dzi o. Nya si sem miele la, menye tɔnyee o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la tɔe.+ 25  “Megblɔ nya siawo na mi, esi megale mia gbɔ. 26  Ke kpeɖeŋutɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.+ 27  Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi; mele nye ŋutifafa nam mi.+ Nyemele etsɔm na mi abe ale si xexea nanɛ ene o. Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o. 28  Miesee megblɔ na mi be, ‘Mele dzodzom, eye magatrɔ ava mia gbɔ.’ Ne mielɔ̃m la, miakpɔ dzidzɔ be meyina Fofo la gbɔ, elabena Fofo la lolo wum.+ 29  Eya ta megblɔe na mi hafi wòava dzɔ, ale be ne eva dzɔ la, miaxɔe ase.+ 30  Nyemagaƒo nu geɖe kpli mi azɔ o, elabena xexea+ dzi ɖula la gbɔna, eye mekpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o.+ 31  Gake be xexea nanya be melɔ̃ Fofo la ta la, mele nu si tututu Fofo la de se nam be mawɔ la wɔm.+ Mitso, mina míadzo le afi sia.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “akɔfala.”