Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ƒe Nya La Me Nya Vevi Aɖewo

ALE SI NÀWƆ AKE ÐE MAWUNYAKPUKPUIWO ŊU

Biblia nye agbalẽ suesue 66 siwo wotsɔ ƒo ƒui. Womae ɖe akpa eve me: Hebri Kple Aram Ŋɔŋlɔawo (“Nubabla Xoxoa”) kpakple Hela Ŋɔŋlɔawo (“Nubabla Yeyea”). Woma Biblia-gbalẽ ɖe sia ɖe ɖe tawo kple kpukpuiwo me. Ne wofia asi alo yɔ ŋɔŋlɔ aɖe la, xexlẽdzesi gbãtɔ si kplɔ Biblia-gbalẽa ƒe ŋkɔ ɖoe nye ta la, eye xexlẽdzesi si(wo) kplɔ ema ɖoe nye kpukpuia alo kpukpuiawo. Le kpɔɖeŋu me, 1 Mose 1:1 fia Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 1, kpukpui 1.