Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 3

Ame Kae Ŋlɔ Biblia La?

“Mose ŋlɔ Yehowa ƒe nyawo katã ɖi.”

2 Mose 24:4

“Daniel ku drɔ̃e, eye wòkpɔ ŋutegawo le eƒe aba dzi. Eye wòŋlɔ drɔ̃e la ɖi; eŋlɔ nyawo katã ɖi tsitotsito.”

Daniel 7:1

“Esi miexɔ Mawu ƒe nya, si miese tso mía gbɔ la, miexɔe abe amegbetɔwo ƒe nya ene o ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe ale si tututu wòle hã ene.”

1 Tesalonikatɔwo 2:13

“Ŋɔŋlɔ blibo la tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, eye wònyo na nufiafia.”

2 Timoteo 3:16

“Nyagblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me ɣeaɖekeɣi kpɔ o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe ye ʋã amewo wogblɔ Mawu ƒe nyawo ɖi.”

2 Petro 1:21