Yohanes 1:1-51

  • Nya la va zu amegbetɔ (1-18)

  • Ðase si Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖi (19-28)

  • Yesu, Mawu ƒe Alẽvi la (29-34)

  • Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo (35-42)

  • Filipo kple Nataniel (43-51)

1  Le gɔmedzedzea me, Nya+ la li, eye Nya la li kple Mawu,+ eye Nya la nye mawu+ aɖe.  Ame sia nɔ anyi kple Mawu le gɔmedzedzea me.  Eya dzi wowɔ nuwo katã toe,+ eye eya manɔmee la, womewɔ nu ɖeka pɛ hã o. Nu si wowɔ  to edzi lae nye agbe, eye agbe lae nye amewo ƒe kekeli+ la.  Eye kekeli la le keklẽm le viviti la me,+ gake viviti la meɖu edzi o.  Ŋutsu aɖe va do, si wodɔ ɖa abe Mawu teƒenɔla ene; eŋkɔe nye Yohanes.+  Ame sia va abe ɖaseɖila ene, ne wòaɖi ɖase le kekeli la ŋu,+ ale be ame ƒomeviwo katã naxɔ ase to edzi.  Menye eyae nye kekeli ma o,+ ke boŋ ɖe wòva be yeaɖi ɖase le kekeli ma ŋu.  Kekeli vavãtɔ si klẽna na ame ɖe sia ɖe ƒomevi ƒe xexea me vava le aƒe tum.+ 10  Enɔ xexea me,+ eye xexea va dzɔ to edzi,+ gake xexea medze sii o. 11  Eva eya ŋutɔ wo de, gake wo de tɔwo mexɔe o. 12  Gake ame siwo katã xɔe la, ena ŋusẽ wo be woazu Mawu ƒe viwo,+ elabena woxɔ eƒe ŋkɔ dzi se.+ 13  Eye menye ʋu alo ŋutilã ƒe lɔlɔ̃nu alo ŋutsu ƒe lɔlɔ̃nu mee wodzi wo tsoe o, ke boŋ tso Mawu me.+ 14  Ale Nya la va zu amegbetɔ,*+ enɔ mía dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si le abe tenuvi+ ƒe ŋutikɔkɔe tso fofoa gbɔ ene; eye Mawu ƒe amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu. 15  (Yohanes ɖi ɖase le eŋu, ɛ̃ ekɔ gbe dzi gblɔe be: “Ame sia ŋue megblɔ le be, ‘Ame si le megbenye gbɔna la nye gã wum, elabena eli hafi meva dzɔ.’”)+ 16  Elabena esi amenuveve kple nyateƒe yɔe fũu ta la, míexɔ amenuveve ɖe amenuveve dzi. 17  Elabena wotsɔ Se la na to Mose dzi,+ ke amenuveve+ kple nyateƒe la va to Yesu Kristo dzi.+ 18  Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o;+ tenuvi si le abe Mawu ene*+ si le Fofoa xa*+ lae ɖe ame si wònye la fia.+ 19  Esiae nye Yohanes ƒe ɖaseɖiɖi esi Yudatɔwo dɔ nunɔlawo kple Lewitɔwo tso Yerusalem ɖo ɖee be woabiae be: “Ame kae nènye?”+ 20  Mesẽ nu o, ke boŋ eʋu eme kɔtɛ be: “Menye nyee nye Kristo la o.” 21  Eye wobiae be: “Ekema ame kae nènye? Wòe nye Eliya?”+ Eɖo eŋu be: “Menye nyee o.” “Wòe nye Nyagblɔɖila la?”+ Eɖo eŋu be: “Ao!” 22  Eya ta wobiae be: “Ame ka gɔ̃e nènye? Gblɔe na mí ale be míana ŋuɖoɖo ame siwo dɔ mí ɖa. Nya ka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu?” 23  Eɖo eŋu be: “Ame si le ɣli dom le gbedzi be, ‘Mina Yehowa* ƒe mɔ nadzɔ,’+ lae menye, abe ale si nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ene.”+ 24  Ke ame siwo wodɔ la tso Farisitɔwo dome. 25  Eya ta wobiae be: “Ne menye wòe nye Kristo la alo Eliya alo Nyagblɔɖila la o la, ekema nu ka tae nèle amewo nyrɔm?” 26  Yohanes ɖo eŋu na wo be: “Nye la, mele amewo nyrɔm ɖe tsi me. Ame aɖe le tsitre ɖe mia dome, si mienya o, 27  ame si le megbenye gbɔna, si ƒe afɔkpaka nyemedze atu o.”+ 28  Nu siawo va eme le Betania le Yordan godo, afi si Yohanes le amewo nyrɔm le.+ 29  Esi ŋu ke la, ekpɔ Yesu wògbɔna egbɔ, eye wògblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi+ si le xexea+ ƒe nu vɔ̃+ ɖem ɖa lae nye esi! 30  Ame sia ŋue megblɔ le be: ‘Ame aɖe le megbenye gbɔna, si nye gã wum, elabena eli hafi meva dzɔ.’+ 31  Nye ŋutɔ gɔ̃ hã nyemenyae tsã o, ke susu si ta mele amewo nyrɔm ɖe tsi mee nye be, woaɖe eya amea afia Israel.”+ 32  Yohanes ɖi ɖase hã gblɔ be: “Mekpɔ gbɔgbɔ la wògbɔna abe ahɔnɛ ene tso dziƒo, eye wònɔ edzi.+ 33  Nye ŋutɔ hã nyemenyae tsã o, ke Ame si dɔm be matsɔ tsi anyrɔ amewo lae gblɔ nam be: ‘Ame si dzi nèkpɔ be gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la,+ eyae tsɔa gbɔgbɔ kɔkɔe nyrɔa amewo.’+ 34  Mekpɔe, eye meɖi ɖase be ame siae nye Mawu ƒe Vi la.”+ 35  Esi ŋu gake la, Yohanes kple eƒe nusrɔ̃la eve va tɔ ɖi, 36  esi wòkpɔ Yesu wòva yina la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi+ lae nye ekem!” 37  Esi nusrɔ̃la eveawo se nya si wògblɔ la, wodze Yesu yome. 38  Yesu trɔ, eye esi wòkpɔ wo le eyome la, ebia wo be: “Nu ka dim miele?” Wobiae be: “Rabi (si gɔmee nye “Nufiala” ), afi kae nènɔna?” 39  Eɖo eŋu na wo be: “Miva kpɔe ɖa.” Eya ta woyi ɖakpɔ afi si wònɔna, le gaƒoƒo ewolia* lɔƒo, eye wonɔ egbɔ gbe ma gbe. 40  Ame eve siwo se nya si Yohanes gblɔ, eye wokplɔ Yesu ɖo la dometɔ ɖekae nye Andrea,+ Simon Petro nɔvi. 41  Ame sia kpɔ eya ŋutɔ nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la”+ (Mesia gɔmee nye “Kristo”), 42  eye wòkplɔe yi Yesu gbɔ. Esi Yesu kpɔe la, egblɔ be: “Wòe nye Simon,+ Yohanes vi; woayɔ wò be Kefas” (si gɔmee nye “Petro” ).+ 43  Esi ŋu ke la, Yesu di be yeadzo ayi Galilea. Eye esi wòkpɔ Filipo+ la, egblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”* 44  Ke Filipo tso Betsaida, si nye du si me Andrea kple Petro hã tso. 45  Filipo kpɔ Nataniel,+ eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ ame si ŋuti woƒo nu tsoe le Mose ƒe Se la kple Nyagblɔɖilawo ƒe nuŋlɔɖiwo me, si nye Yesu, Yosef+ vi tso Nazaret.” 46  Ke Nataniel biae be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu ado tso Nazaret mahã?” Filipo ɖo eŋu nɛ be: “Va kpɔ.” 47  Esi Yesu kpɔ Nataniel wògbɔna egbɔ la, egblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.”+ 48  Nataniel biae be: “Aleke nèwɔ nyam?” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Hafi Filipo nayɔ wò, esi nèle gbotia te la, mekpɔ wò.” 49  Nataniel ɖo eŋu nɛ be: “Rabi, wòe nye Mawu ƒe Vi la, wòe nye Israel ƒe Fia.”+ 50  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Esi megblɔ na wò be mekpɔ wò le gbotia te tae nèxɔe se ɖoa? Èle nu siwo lolo wu esiawo la kpɔ ge.” 51  Egagblɔ nɛ be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be: Miakpɔ dziƒo nu wòaʋu, eye mawudɔlawo anɔ dzi liam ahanɔ ɖiɖim ava Amegbetɔvi la gbɔ.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã.”
Alo, “mawu tenuvi.”
Alo, “si le Fofoa ƒe akɔnu.” Nya sia fia ɖoƒe tɔxɛ aɖe.
Efia, ɣetrɔ ga 4 lɔƒo.
Esia fia be ame nava zu Yesu ƒe nusrɔ̃la.