Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

A5

Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo Me

Biblia ŋuti nunyalawo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo (יהוה) tsia tsitre ɖi na la dze zi 7,000 kloe le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me. Gake ame geɖe susunɛ be medze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me o. Eya ta ame siwo ɖe Eʋegbe Biblia yeyeawo gɔme la mezã ŋkɔ Yehowa le Biblia ƒe akpa si amewo lɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeyea me o. Ne Biblia gɔmeɖela akpa gãtɔ le nya siwo woyɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me siwo me Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le gɔ̃ hã gɔme ɖem la, wotsɔa bubuŋkɔ “Aƒetɔ” ɖɔlia Mawu ƒe ŋkɔa.

Gake Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la gɔmeɖelawo ya mewɔe nenema o. Wozã ŋkɔ Yehowa zi 237 sɔŋ le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Gbegɔmeɖelawo bu nu vevi eve ŋu hafi tso nya me be yewoawɔ esia: (1) Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo le mía si egbea la menye esiwo Biblia ŋlɔlawo ŋutɔ ŋlɔ kple woƒe asiwo tẽe o. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpi akpeakpe siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo ƒe nuŋlɔɖiwo wowɔ ƒe alafa eve ya teti le gbãtɔwo ŋɔŋlɔ vɔ megbe. (2) Le ɣeyiɣi mawo me la, ame siwo gbugbɔ nɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽawo ŋlɔm la tsɔa Kyʹri·os, Helagbe me nya si gɔmee nye “Aƒetɔ” ɖɔlia Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo alo wokpɔa asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo me woɖɔli ŋkɔa le xoxo la dzi gbugbɔ ŋlɔna.

Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia kpɔe be kpeɖodzi sẽŋuwo li be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo dze le Helagbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔwo me. Kpeɖodzi siwo dzi wonɔ te ɖo tso nya me ye nye esiwo gbɔna:

  • Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo nɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpi siwo wozã le Yesu kple eƒe apostoloawo ƒe ɣeyiɣiawo me la katã me. Tsã la, ame ʋɛ aɖewo melɔ̃ ɖe nya sia dzi o. Gake fifia wova ke ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe kɔpi aɖewo ŋu le teƒe si gogo Qumran. Woku nu me hekpɔe be ƒe alafa gbãtɔa mee wogbugbɔ ŋlɔ wo eye esia va ɖo kpe nya sia dzi ɖikekemanɔmee.

  • Le Yesu kple eƒe apostoloawo ƒe ɣeyiɣiawo me la, Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo nɔ Hebri Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me la me. Biblia ŋuti nunyala geɖe bui ƒe alafa geɖe be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo menɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe Helagbe me Septuagint ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me o. Gake le ƒe alafa 20 lia ƒe domedome la, Biblia ŋuti nunyalawo va ke ɖe Helagbe me Septuagint si nɔ anyi le Yesu ŋɔli la ƒe kakɛ aɖewo siwo do xoxo ŋutɔ la ŋu. Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ, si wotsɔ Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ la, dze le agbalẽ kakɛ mawo dzi. Eya ta le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me la, Mawu ƒe ŋkɔ nɔ Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Helagbe me la me. Ke hã, le ƒe alafa enelia K.Ŋ. me la, Mawu ƒe ŋkɔ medze le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe Helagbe me Septuagint ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevitɔwo, abe Vatikanus Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ kple Sinaitikus Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ ene me tso Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ va se ɖe Malaki o (evɔ wodze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me hafi). Eya ta mewɔ nuku o be le ɣemaɣi ƒe nuŋlɔɖi siwo wodzra ɖo ɖi va se ɖe egbe me la, Mawu ƒe ŋkɔa medze le Biblia ƒe akpa si nye Hela Ŋɔŋlɔawo si amewo lɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeyea me o.

    Yesu gblɔ tẽe be: “Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me.” Ete gbe ɖe edzi hã be ye ‘Fofo ƒe ŋkɔ me’ yewɔ yeƒe dɔwo le

  • Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yesu zã Mawu ƒe ŋkɔa edziedzi eye wòna amewo nyae. (Yohanes 17:6, 11, 12, 26) Yesu gblɔ tẽe be: “Meva le Fofonye ƒe ŋkɔ me.” Ete gbe ɖe edzi hã be ye ‘Fofo ƒe ŋkɔ me’ yewɔ yeƒe dɔwo le.—Yohanes 5:43; 10:25.

  • Esi wònye be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe Hebri Ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo ŋuti ta la, susu manɔ eme be Yehowa ƒe ŋkɔa nabu le wo me nenema o. Le ƒe alafa gbãtɔ K.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo la, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ na hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem la be: “Simeon gblɔe eme kɔ nyuie, ale si Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu zi gbãtɔ, be yeaɖe amewo tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.” (Dɔwɔwɔwo 15:14) Ne ɖe ƒe alafa gbãtɔ me tɔ aɖeke menya Mawu ƒe ŋkɔa alo yɔnɛ o la, ke susu manɔ Yakobo ƒe nya mawo me o.

  • Mawu ƒe ŋkɔ si woŋlɔ kpuie la dze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Mawu ƒe ŋkɔ dze le nyagbɔgblɔ si nye “Haleluyah” si dze le Nyaɖeɖefia 19:1, 3, 4, 6 me la me. Nya ma tso Hebrigbe me nyagbɔgblɔ si gɔmee nye “Mikafu Yah” me. “Yah” nye ŋkɔ Yehowa ŋɔŋlɔ kpuie. Woɖe ŋkɔ siwo wozã le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la dometɔ geɖe tso Mawu ƒe ŋkɔa me. Nyateƒee, numekugbalẽ aɖewo gblɔ be Yesu ŋutɔ ƒe ŋkɔ gɔmee nye “Yehowae Nye Xɔname.”

  • Yudatɔwo ƒe nuŋlɔɖi gbãtɔwo ɖee fia be Yudatɔ Kristotɔwo zã Mawu ƒe ŋkɔa le woƒe nuŋlɔɖiwo me. Agbalẽ si nye Tosefta, si nye se siwo wogblɔ kple nu, siwo woŋlɔ hewu wo nu ƒoƒo ƒu nu le ƒe 300 K.Ŋ. ƒe ƒeawo me la, gblɔ tso Kristotɔwo ƒe nuŋlɔɖi siwo wotɔ dzo le Sabat dzi la ŋu be: “Wotɔ dzo nya nyui gblɔlawo kple minim [siwo wobuna be wonye Yudatɔ Kristotɔwo] ƒe agbalẽwo. Woɖe mɔ be woatɔ dzo wo le afi siwo woke ɖe wo ŋu le, nuŋlɔɖiawo kple teƒe siwo woyɔ Mawu ƒe Ŋkɔ le le wo me la siaa.” Agbalẽ ma ke gblɔ be Rabi Yosé, Galileatɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa evelia K.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la gblɔ be, le kwasiɖa ƒe ŋkeke bubuwo dzi la, “wolãa afi siwo Mawu ƒe Ŋkɔa dze le [le Kristotɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo] me la ɖa hedzraa wo ɖo, eye wotɔa dzo akpa susɔea.”

  • Biblia ŋuti nunyala aɖewo lɔ̃ ɖe edzi be anɔ eme godoo be Mawu ƒe ŋkɔa dze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa siwo woyɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔa me la me. Agbalẽ si nye The Anchor Bible Dictionary gblɔ le tanya si nye “Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo Le Nubabla Yeyea Me” te be: “Kpeɖodziwo li be Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo, siwo nye Mawu ƒe Ŋkɔ Yahweh, dze le Nubabla Yeyea me nya siwo woyɔ tso Nubabla Xoxoa me la dometɔ aɖewo alo wo katã me esime woŋlɔ Nubabla Yeyea ƒe agbalẽ siawo zi gbãtɔ.” Biblia ŋuti nunyala George Howard gblɔ be: “Esi wònye be wokpɔtɔ ŋlɔa Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo le Hela Biblia [Septuagint] si nye Ŋɔŋlɔ siwo ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo zãna me ta la, susu le eme be míaxɔe ase be ne Nubabla Yeyea ŋlɔlawo yɔ nya aɖe tso Ŋɔŋlɔa me la, wodea Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo Biblia me nuŋlɔɖia me.”

  • Biblia gɔmeɖela xɔŋkɔwo zã Mawu ƒe ŋkɔa le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Biblia gɔmeɖela siawo dometɔ aɖewo wɔ esia xoxoxo hafi wova ta Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia. Biblia gɔmeɖela siawo kple Biblia siwo gɔme woɖe la dometɔ aɖewoe nye: A Literal Translation of the New Testament . . . From the Text of the Vatican Manuscript, si gɔme Herman Heinfetter ɖe (ƒe 1863); The Emphatic Diaglott, si gɔme Benjamin Wilson ɖe (ƒe 1864); The Epistles of Paul in Modern English, si gɔme George Barker Stevens ɖe (ƒe 1898); St. Paul’s Epistle to the Romans, si gɔme W. G. Rutherford ɖe (ƒe 1900); The New Testament Letters, si gɔme J.W.C. Wand si nye London Bisiɔp ɖe (ƒe 1946). Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le Spaniagbe me Biblia si gɔme Pablo Besson ɖe le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze me la, ezã “Jehová” le Luka 2:15 kple Yuda 14, eye le etenuŋɔŋlɔ siwo wu 100 me le eƒe gɔmeɖeɖea mea, egblɔ be Mawu ƒe ŋkɔe wòle be wòadze le teƒe mawo. Tso keke ƒe alafa 16 lia, si nye ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Biblia siawo, me ke la, wozã Ŋɔŋlɔdzesi Eneawo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔ siwo gɔme woɖe ɖe Hebrigbe me la ƒe akpa geɖewo. Le Germanygbe ɖeɖe dzaa me la, “Yehowa” (alo “Yahweh,” si woŋlɔ ɖe Hebri ŋɔŋlɔdzesiwo nu) dze le Biblia gɔmeɖeɖe 11 ya teti me le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me, eye gbegɔmeɖela ene ŋlɔ ŋkɔa ɖe kpɔtɔdzesiwo me le afi siwo bubuŋkɔ “Aƒetɔ” dze le la gbɔ. Mawu ƒe ŋkɔa dze le etenuŋɔŋlɔwo alo numeɖeɖewo me le Germanygbe me Biblia gɔmeɖeɖe 70 kple edzivɔwo me.

    Mawu ƒe ŋkɔ dze le Dɔwɔwɔwo 2:34 le The Emphatic Diaglott si gɔme Benjamin Wilson ɖe (ƒe 1864) la me

  • Mawu ƒe ŋkɔa dze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me le Biblia siwo le gbegbɔgblɔ alafa ɖeka kple edzivɔwo me. Wozã Mawu ƒe ŋkɔa le Biblia siwo le Afrikagbewo, Amerikagbewo, Europagbewo, Asiagbewo kple Pasifik-gbewo me la me geɖe ŋutɔ. (Kpɔ aɖaka si le axa 1742 kple 1743.) Ame siwo ɖe Biblia siawo gɔme tiae be yewoazã Mawu ƒe ŋkɔa le susu siwo míegblɔ va yi la tɔgbi ta. Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe Biblia siwo do nyitsɔ laa la dometɔ aɖewoe nye Rotuman Biblia (ƒe 1999), si zã ŋkɔ “Jihova” zi 51 le mawunyakpukpui 48 me kple Indonesiatɔwo ƒe Batak (Toba) gɔmeɖeɖe (ƒe 1989), si me ŋkɔ “Jahowa” dze le zi 110 sɔŋ.

    Mawu ƒe ŋkɔ dze le Marko 12:29, 30 le Hawaiigbe me Biblia gɔmeɖeɖe aɖe me

Ðikekemanɔmee la, kpeɖodzi sẽŋuwo li siwo ta wòle be woagbugbɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa aɖo teƒe siwo wòdze le le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Nu ma tututue Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔmeɖelawo wɔ. Wodea bubu gã Mawu ƒe ŋkɔa ŋu eye mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ le wo me si wɔe be wokpɔ egbɔ be yewomeɖe nuŋlɔɖi gbãtɔwo me nya aɖeke ɖa o.—Nyaɖeɖefia 22:18, 19.