Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

A3

Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si

Biblia la Ŋlɔla kple Ame si gbɔ emenyawo tso la kee ganye Etakpɔla hã. Eyae na woŋlɔ nya sia ɖi be:

“Mía Mawu ƒe nya ya nɔa anyi tegbee.”—Yesaya 40:8.

Nya ma nye nyateƒe, togbɔ be Hebrigbe kple Aramgbe me Ŋɔŋlɔawo a alo Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo dometɔ aɖeke megali va de asi na míaƒe ŋkekea o hã. Ekema aleke míawɔ aka ɖe edzi be Biblia si le mía si egbea la me nyawo sɔ kple esi Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ zi gbãtɔ?

NUGBUGBƆŊLƆLAWO KPƆ MAWU ƑE NYA LA TA

Le nu si na míeka ɖe Hebri Ŋɔŋlɔawo dzi gome la, ŋuɖoɖoa ƒe akpa aɖe dze le ɖoɖo aɖe si Mawu wɔ le blema, si nye be woagbugbɔ anɔ emenyawo ŋlɔm la me. b Le kpɔɖeŋu me, Yehowa de se na Israel-fiawo be woawo ŋutɔwo nagbugbɔ aŋlɔ Se la na wo ɖokui. (5 Mose 17:18) Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa wɔ ɖoɖo be Se la nanɔ Lewi-viwo ƒe dzikpɔkpɔ te eye woafia emenyawo yeƒe amewo. (5 Mose 31:26; Nehemiya 8:7) Esi Yudatɔwo yi aboyo me le Babilon vɔ megbe la, nugbugbɔŋlɔla, alo agbalẽfiala siwo wogayɔna be Soferimwo va do. (Ezra 7:6, etenuŋɔŋlɔwo) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agbalẽfiala mawo gbugbɔ ŋlɔ Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 39 la ƒe gbogbo aɖewo.

Agbalẽfialawo yi edzi nɔ agbalẽ mawo me nyawo gbugbɔ ŋlɔm ŋuɖɔɖɔɖotɔe ƒe alafa geɖe. Le Titinaɣeyiɣiwo me la, Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo woyɔna be Masoretwo yi nugbugbɔgaŋlɔ ƒe dɔ sia dzi. Masoretwo ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ si le blibo lae nye Leningrad Codex, si wobu akɔnta be woŋlɔ le ƒe 1008/1009 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.). Ke hã le ƒe alafa 20 lia ƒe domedome la, woke ɖe Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ alo agbalẽ kakɛ 220 aɖewo ŋu le Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo dome. Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ mawo nɔ anyi ƒe akpe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ na Leningrad Codex la. Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa siawo siwo wotsɔ sɔ kple Leningrad Codex la na woɖo kpe nya vevi aɖe dzi: Togbɔ be Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo me nyagbe aɖewo to vovo vie hã la, vovototo mawo dometɔ aɖeke mewɔe be Biblia me gbedeasia ŋutɔ trɔ o.

Ke Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 27-awo ya ɖe? Yesu Kristo ƒe apostoloawo dometɔ aɖewo kple eƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo dometɔ ʋɛ aɖewoe ŋlɔ wo zi gbãtɔ. Abe ale si Yudatɔ agbalẽfialawo nɔ ewɔm ene la, Kristotɔ gbãtɔwo hã gbugbɔgaŋlɔ agbalẽ mawo. (Kolosetɔwo 4:16) Togbɔ be Roma Fiagã Diocletian kple ame bubuwo dze agbagba be yewoagblẽ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe agbalẽwo katã dome hã la, blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ siawo kple agbalẽ kakɛ akpe geɖe gali va de asi na egbea.

Woɖe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo gɔme ɖe gbe bubuwo hã me. Gbe siwo me woɖe Biblia gɔme ɖo le blema la dometɔ aɖewoe nye Armeniagbe, Coptgbe, Ethiopiagbe, Georgiagbe, Latingbe kple Aramgbe.

ALE SI WOWƆ KPƆ HEBRI KPLE HELA GBE ME NUŊLƆÐI SIWO DZI WONƆ TE ÐO ÐE BIBLIA GƆME LA TA

Ne wotsɔ Biblia ƒe blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ vovovoawo sɔ kple wo nɔewo la, menye wo katã me nyawoe sɔ pɛpɛpɛ o. Ekema aleke míawɔ anya nu si nɔ nuŋlɔɖi gbãtɔa me?

Míate ŋu atsɔ nɔnɔmea asɔ kple nufiala si bia tso sukuvi 100 si be woagbugbɔ aŋlɔ agbalẽ aɖe ƒe ta ɖeka aɖe me nyawo. Ne agbalẽ si dzi wokpɔ ŋlɔ nua va bu gɔ̃ hã la, woate ŋu anya nu si nɔ agbalẽa me ne wotsɔ sukuvi 100 la ƒe nuŋɔŋlɔwo sɔ kple wo nɔewo tɔ. Togbɔ be sukuviawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ vodada aɖewo hã la, asesẽ ŋutɔ be sukuviawo katã nawɔ vodada ɖeka ma ke. Nenema kee ne agbalẽnyalawo tsɔ Biblia ƒe agbalẽ kakɛwo kple asinuŋɔŋlɔ akpe naneawo sɔ kple wo nɔewo la, woate ŋu akpɔ afi si nugbugbɔŋlɔlawo da vo le ahanya nu si nɔ nuŋɔŋlɔ gbãtɔa me.

“Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔŋui be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo woŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o”

Ðe míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nya si nɔ Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me la tututue va ka mía sia? Agbalẽnyala William H. Green gblɔ tso Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋu be: “Míate ŋu agblɔe ɖikekemanɔŋui be blemagbalẽ aɖeke meli si me nyawo woŋlɔ ɖi wòde pɛpɛpɛ alea kpɔ o.” Biblia ŋuti nunyala F. F. Bruce gblɔ tso Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, si wogalɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Yeyea ŋu be: “Míaƒe Nubabla Yeye la ŋuti kpeɖodzi siwo ŋu woke ɖo la de ŋgɔ sãsãsã wu blemanuŋlɔɖi bubu geɖewo tɔ, eye ame aɖeke meku drɔ̃e kpɔ be yeake ɖi le wo me nyawo ƒe dede pɛpɛpɛ ŋu gbeɖe o.” Egblɔ kpee be: “Ne ɖe ŋutinyagbalẽ aɖee Nubabla Yeyea nye la, anye ne ame sia ame alɔ̃ ɖe edzi be emenyawo de pɛpɛpɛ.”

Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 40 lia si wokpɔ le Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo dome (woŋlɔe le ƒe 125 va ɖo 100 D.Y.)

Esi wotsɔe sɔ kple Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ siwo wova ŋlɔ anɔ abe ƒe akpe ɖeka ene megbe la, vovototo vivivi aɖewo koe wokpɔ, vevietɔ le ale si woŋlɔ nyaawoe me

Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 40 lia si dze le Aleppo Codex la me, enye Masoretwo ƒe Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ vevi aɖe si nɔ anyi tso ƒe 930 K.Ŋ. lɔƒo

Hebri Ŋɔŋlɔawo: Biblia Hebraica, si nye Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽwo me nya siwo Rudolf Kittel tsɔ ƒo ƒu la dzie wokpɔ ɖe New World Translation of the Hebrew Scriptures (1953-1960) la gɔme. Tso ɣemaɣi la, wogaku nu me nyitsɔ laa le Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo kple blemasinuŋɔŋlɔgbalẽ bubuwo me hegbugbɔ trɔ asi le Hebri ŋɔŋlɔ ma ŋu tsɔ ta esiwo nye Biblia Hebraica Stuttgartensia kple Biblia Hebraica Quinta. Leningrad Codex la me nyawo koŋue dze le agbalẽ siawo me, gake etenuŋɔŋlɔwo, siwo me nyawo woɖe tso asinuŋɔŋlɔgbalẽwo abe Samaritan Pentateuch, Ƒukukua Ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo, Helagbe me Septuagint, Aramgbe me Targum-wo, Latin Vulgate kple Syriac Peshitta ene me hã le eme be woatsɔ wo me nyawo asɔ kple wo nɔewo. Wowɔ Biblia Hebraica Stuttgartensia kple Biblia Hebraica Quinta la siaa ŋu dɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe ƒe tata yeye sia me.

Hela Ŋɔŋlɔawo: Le ƒe alafa 19 lia me la, agbalẽnyala B. F. Westcott kple F.J.A. Hort tsɔ Biblia ƒe asinuŋɔŋlɔgbalẽwo kple agbalẽ kakɛ siwo li la sɔ kple wo nɔewo heta Helagbe me ŋɔŋlɔ si dzi woka ɖo be emenyawo sɔ kple asinuŋɔŋlɔ gbãtɔwo tɔ wu. Le ƒe alafa 20 lia ƒe domedome la, Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia wɔ Helagbe me ŋɔŋlɔ ma ŋu dɔ le woƒe gɔmeɖeɖea me. Wowɔ blema aƒlagbalẽ aɖewo siwo wobu akɔnta be woŋlɔ le ƒe alafa evelia kple etɔ̃lia K.Ŋ. la hã ŋu dɔ. Wogava ke ɖe aƒlagbalẽ bubuwo hã ŋu emegbe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Helagbe me ŋɔŋlɔ bubu siwo dzi amewo ka ɖo, siwo ŋu Nestle kple Aland kpakple Biblia Habɔbɔ Ƒoƒuawo trɔ asi le la nye nyitsɔ laa tɔ siwo ŋu wowɔ numekuku deto le. Wowɔ nu siwo ŋu woke ɖo le numekuku mawo me la hã ŋu dɔ le Biblia gɔmeɖeɖe sia me.

Helagbe me ŋɔŋlɔ mawo na eme va kɔ ƒãa be Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me mawunyakpukpui aɖewo siwo dze le gɔmeɖeɖe xoxo aɖewo, abe King James Version, ene me la nye nya siwo nugbugbɔŋlɔla aɖewo tsɔ va de eme emegbe eye womenye Ŋɔŋlɔ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la ƒe akpa aɖe o. Gake esi wònye be xexlẽdzesi siwo nu woɖo mawunyakpukpuiwo ɖo le Bibliawo me la nɔ anyi tso ƒe alafa 16 lia me ke ta la, mawunyakpukpui mawo ɖeɖe ɖa wɔe be teƒe aɖewo va tsi ƒuƒlu le ɖoɖo si nu woɖo mawunyakpukpuiwo ɖo le Biblia akpa gãtɔ me. Mawunyakpukpui mawoe nye Mateo 17:21; 18:11; 23:14; Marko 7:16; 9:44, 46; 11:26; 15:28; Luka 17:36; 23:17; Yohanes 5:4; Dɔwɔwɔwo 8:37; 15:34; 24:7; 28:29; kple Romatɔwo 16:24. Le gɔmeɖeɖe yeye sia me la, wotsɔ etenuŋɔŋlɔ de dzesi afi si woɖe mawunyakpukpui mawo ɖa le.

Edze ƒãa be nyataƒonya legbetɔ si dze le Marko 16 (kpukpui 9-20) kple Marko 16 ƒe nyataƒonya kpuitɔ kpakple nya si dze le Yohanes 7:53–8:11 la dometɔ aɖeke menɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔawo me o. Eya ta nya tutɔ mawo medze le gɔmeɖeɖe yeye sia me o. c

Míetrɔ asi le ale si míeɖe nya aɖewo gɔmee hã ŋu be wòawɔ ɖeka kple nu siwo dzi agbalẽnyalawo va lɔ̃ ɖo be wowɔ ɖeka kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ gbãtɔwo wu. Le kpɔɖeŋu me, le asinuŋɔŋlɔgbalẽ aɖewo me la, Mateo 7:13 me nyawo yi ale: “Mito agbo xaxɛ la nu yi ɖe eme, elabena agbo la keke eye mɔ si kplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me la le gbadza, eye ame geɖewoe toa enu yina.” Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe ƒe tata siwo do ŋgɔ me la, nya “agbo la” medze le kpukpui ma me o. Ke hã asinuŋɔŋlɔgbalẽwo ŋuti numekuku detowo ɖee fia be nya “agbo la” nɔ ŋɔŋlɔ gbãtɔa me. Eya ta wodee tata sia me. Míewɔ asitɔtrɔ bubuwo hã abe esia tɔgbi ene. Gake menye tɔtrɔ gãwoe wonye o, eye wo dometɔ aɖeke mena Biblia me gbedeasia ŋutɔ trɔ o.

2 Korintotɔwo 4:13–5:4 si wotsɔ asi ŋlɔ ɖe aƒlagbalẽ dzi le ƒe 200 K.Ŋ. lɔƒo.

a Míayɔe ko be Hebri Ŋɔŋlɔawo tso fifia dzi yina.

b Susu siwo tae wòhiã be woakpɔ asinuŋɔŋlɔgbalẽ mawo dzi agbugbɔ aŋlɔ la dometɔ aɖee nye be nu siwo dzi woŋlɔ gbãtɔawo ɖo la nyunyɔna bɔbɔe.

c Numeɖeɖe bubu siwo ɖo kpe edzi be mawunyakpukpui mawo nye nya tutɔwo la dze le New World Translation of the Holy Scriptures​—With References, si wota le ƒe 1984 me la ƒe etenuŋɔŋlɔwo me.