Yohanes 17:1-26

  • Gbe mamlɛa si Yesu do ɖa kple eƒe apostolowo (1-26)

    • Míakpɔ agbe mavɔ ne míenya Mawu (3)

    • Kristotɔwo menye xexea ƒe akpa aɖeke o (14-16)

    • “Wò nya la nye nyateƒe” (17)

    • “Mena wonya wò ŋkɔ la” (26)

17  Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, ewu mo dzi kpɔ dziƒo gblɔ be: “Fofo, gaƒoƒo la de. Do viwò la ɖe dzi, ne viwò la hã nado wò ɖe dzi,+  abe ale si ko nèna ŋusẽe ɖe ŋutilãwo* katã dzi ene+ ale be wòana agbe mavɔ+ ame siwo katã nètsɔ nɛ.+  Esiae nye agbe mavɔ+ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la,+ kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.*+  Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi,+ esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu.+  Eya ta Fofo, tsɔ ŋutikɔkɔe si nɔ asinye le gbɔwò hafi xexea va dzɔ la dom ɖe dzi le ɖokuiwò gbɔ.+  “Meɖe wò ŋkɔ la fia ame siwo nèɖe tso xexea me nam.+ Tɔwòe wonye, eye nètsɔ wo nam, eye wolé wò nya la me ɖe asi.  Wova nyae azɔ be nu siwo katã nètsɔ nam la tso gbɔwò;  elabena megblɔ nya siwo nède asi nam la na wo, +eye woxɔ wo, eye wova nyae vavã be tewòƒenɔlae+ menye va, eye woxɔe se be wòe dɔm ɖa.+  Mele kuku ɖem ɖe wo ta, menye ɖe xexea ta o, ke boŋ ɖe ame siwo nètsɔ nam la ta, elabena tɔwòe wonye; 10  eye nu siwo katã nye tɔnye la, tɔwòe, eye tɔwòwo hã tɔnyee,+ eye wodom ɖe dzi le wo dome. 11  “Azɔ mele dzodzom le xexea me, eye megbɔna gbɔwò, gake woawo ya wole xexea me.+ Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta+ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nènam la ta, ne woawɔ ɖeka abe ale si míawo hã míele ɖeka ene.+ 12  Esi mele wo gbɔ la, medzɔ wo ŋu+ le wò ŋutɔ wò ŋkɔ si nètsɔ nam la ta; mekpɔ wo ta, eye wo dometɔ aɖeke metsrɔ̃ o,+ negbe tsɔtsrɔ̃vi la ko,+ ale be ŋɔŋlɔ la nava eme.+ 13  Ke azɔ megbɔna gbɔwò, eye mele nya siawo gblɔm le xexea me, ale be nye dzidzɔ la nayɔ wo fũu.+ 14  Metsɔ wò nya la na wo, ke xexea lé fu wo, elabena womenye xexea ƒe akpa aɖeke o,+ abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene. 15  “Nyemele biabiam be nàɖe wo ɖa le xexea me o, ke boŋ be nàkpɔ wo ta le vɔ̃ɖitɔ la ta.+ 16  Womenye xexea ƒe akpa aɖeke o,+ abe ale si ko nyemenye xexea ƒe akpa aɖeke o ene.+ 17  Kɔ wo ŋu* to nyateƒe+ la me; wò nya la nye nyateƒe.+ 18  Abe ale si ko nèdɔm ɖe xexea me ene la, nye hã medɔ wo ɖe xexea me.+ 19  Eye mewɔ ɖokuinye kɔkɔe le wo ta, ne woawo hã woanɔ kɔkɔe to nyateƒe la me. 20  “Nyemele esia biam na ame siawo ɖeɖe ko o, ke boŋ mele ebiam na ame siwo ava xɔ dzinye ase to woƒe nya me la hã, 21  ne wo katã woawɔ ɖeka,+ abe ale si wò, Fofo la, nèwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mewɔ ɖeka kpli wò la ene,+ ale be woawo hã woawɔ ɖeka le mía me, ne xexea nanyae be wòe dɔm ɖa. 22  Metsɔ ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam la na wo, ne woazu ɖeka, abe ale si míele ɖeka ene.+ 23  Mewɔ ɖeka kpli wo, eye nèwɔ ɖeka kplim, ale be woawɔ ɖeka bliboe, ne xexea nadze sii be wòe dɔm ɖa, eye be èlɔ̃ wo abe ale si nèlɔ̃m ene. 24  Fofo, medi be ame siwo nètsɔ nam la nanɔ gbɔnye le afi si mele la,+ bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe si nètsɔ nam, elabena èlɔ̃m do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi.*+ 25  Fofo dzɔdzɔe, nyateƒee, xexea medze si wò o,+ ke nye ya medze si wò,+ eye ame siawo va nyae be wòe dɔm ɖa. 26  Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae,+ ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “amegbetɔwo; amewo.”
Alo, “woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la ŋuti sidzedze xɔm.”
Alo, “Ðe wo ɖe vovo; Wɔ wo kɔkɔe.”
Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.