Yohanes 19:1-42

  • Woƒo Yesu kple atam heɖu fewu le eŋu (1-7)

  • Pilato gabia gbe Yesu (8-16a)

  • Wohe Yesu ɖe ati ŋu le Golgata (16b-24)

  • Yesu wɔ ɖoɖo na dadaa (25-27)

  • Yesu ku (28-37)

  • Yesu ɖiɖi (38-42)

19  Eya ta Pilato na woƒo Yesu kple atam.+  Asrafoawo tsɔ ŋù lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ, eye wodo awudziwui hɛ̃ aɖe nɛ;+  eye wotena ɖe eŋu gblɔna be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!” Woƒoa tome hã nɛ.+  Pilato gado go va gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa! Mekplɔe do goe vɛ na mi, be miadze sii be nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”+  Ale Yesu do va, ŋùfiakuku la le ta nɛ eye awudziwui dzĩ la le eŋu. Pilato gblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye esi!”  Ke esi nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu! Hee ɖe ati ŋu!”+ Pilato gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ mikplɔe yi, ne miahee ɖe ati ŋu, elabena nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.”+  Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Se le mía si, eye le se sia nu la, edze be wòaku,+ elabena ewɔ eɖokui Mawu ƒe vii.”+  Esi Pilato se woƒe nyaawo la, vɔvɔ̃ gaɖoe ɖe edzi,  egage ɖe aƒea me, eye wòbia Yesu be: “Afi kae nètso?” Ke Yesu meɖo nya aɖeke ŋu nɛ o.+ 10  Eya ta Pilato gblɔ nɛ be: “Mèle nyaa ŋu ɖo ge nam oa? Mènya be ŋusẽ le asinye be maɖe asi le ŋuwò, eye ŋusẽ le asinye be mahe wò ɖe ati ŋu oa?” 11  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ŋusẽ aɖeke kura manɔ asiwò ɖe dzinye o, negbe ɖe wona wò tso dziƒo. Esia tae ame si tsɔm de asi na wò la ƒe nu vɔ̃ lolo wu.” 12  Esia na Pilato va nɔ mɔ si dzi wòato aɖe asi le eŋu la dim, ke Yudatɔwo do ɣli be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o. Ame sia ame si wɔa eɖokui fiae la ƒoa nu tsia tsitre ɖe Kaisaro+ ŋu.” 13  Esi Pilato se nya siawo la, ekplɔ Yesu do goe, eye wòbɔbɔ nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi, le teƒe si woyɔna be Kpenyigba la. Woyɔa teƒe sia le Hebrigbe me be Gabata. 14  Ke gbe ma gbee nye Dzadzraɖoŋkeke+ na Ŋutitoto la; anye gaƒoƒo adelia* me lɔƒo. Eye wògblɔ na Yudatɔwo be: “Mikpɔ ɖa! Miaƒe fia lae nye esi!” 15  Ke wodo ɣli be: “Bu mo nɛ! Bu mo nɛ! Hee ɖe ati ŋu!” Pilato bia wo be: “Mahe miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlawo ƒe tatɔwo ɖo eŋu be: “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.” 16  Ale wòɖe asi le eŋu na wo be woahee ɖe ati ŋu.+ Eye wokplɔ Yesu dzoe. 17  Eya ŋutɔ tsɔ fuwɔameti* la zɔ yi teƒe si woyɔna be Ametakoliƒe.+ Woyɔa teƒe sia le Hebrigbe me be Golgata.+ 18  Wohee ɖe ati ŋu le afi ma,+ eye wohe ame eve bubu ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu, le eƒe axa eveawo dzi, eye Yesu le wo titina.+ 19  Azɔ hã Pilato ŋlɔ dzesideŋkɔ aɖe tsɔ ɖo fuwɔameti* la ŋu. Nu si wòŋlɔ lae nye: “Yesu, Nazaretetɔ, Yudatɔwo ƒe Fia la.”+ 20  Yudatɔ geɖewo xlẽ dzesideŋkɔ sia, elabena afi si wohe Yesu ɖe ati ŋu le la gogo dua, eye woŋlɔe ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me. 21  Ke Yudatɔwo ƒe nunɔlawo ƒe tatɔwo gblɔ na Pilato be: “Mègaŋlɔ be, ‘Yudatɔwo ƒe Fia’ o, ke boŋ be egblɔ be, ‘Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia.’” 22  Pilato ɖo eŋu be: “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo.” 23  Ke esi asrafowo he Yesu ɖe ati ŋu la, wotsɔ eƒe awudziwuiwo, eye woma wo ɖe akpa ene me, be asrafo ɖeka naxɔ ɖeka, eye wotsɔ awutewui la hã. Ke wometɔ awutewuia ya o, ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24  Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be: “Migana míadzee o, ke boŋ mina míadzidze nu ɖe edzi ne míakpɔ ame si tɔ wòanye.”+ Esia dzɔ, ne ŋɔŋlɔ la nava eme be: “Woma nye awuwo ɖe wo nɔewo dome, eye wodzidze nu ɖe nye awu dzi.”+ Eye nu siawo tututue asrafoawo wɔ. 25  Ke Yesu dada+ kple dadaa nɔvinyɔnu kpakple Klopa srɔ̃ Maria, kple Maria Magdalatɔ le tsitre ɖe Yesu ƒe fuwɔameti* la gbɔ.+ 26  Esi Yesu kpɔ dadaa kple nusrɔ̃la si wòlɔ̃na+ vevie wole tsitre ɖe afi ma la, egblɔ na dadaa be: “Nyɔnu, kpɔ ɖa! Viwòe nye esi!” 27  Egblɔ na nusrɔ̃la la be: “Kpɔ ɖa! Dawòe nye esi!” Eye tso ɣemaɣi dzi la, nusrɔ̃la la kplɔe yi eya ŋutɔ ƒe me. 28  Le nu siawo megbe, esi Yesu nya be wowu nuwo katã nu vɔ azɔ, eye be ŋɔŋlɔ la nava eme la, egblɔ be: “Tsikɔ le wuyem.”+ 29  Ze aɖe le afi ma, si wain tsitsi yɔ fũu. Eya ta wotsɔ ƒumekutsa de wain tsitsia me, tsɔe ɖo isop ti* nu, eye wotsɔe ɖo nu nɛ.+ 30  Ke esi Yesu ɖɔ wain tsitsia kpɔ la, egblɔ be: “Wowu enu!”+ eye esi wòbɔbɔ ta la, eƒe gbɔgbɔ nu tso.*+ 31  Azɔ esi wònye Dzadzraɖoŋkekee,+ eye womedi be woƒe kukuawo natsi fuwɔametia+ ŋu le Sabat dzi o ta la (elabena Sabat gãe sabat ŋkeke ma nye),+ Yudatɔwo bia Pilato be wòana woaŋe woƒe afɔwo, eye woaɖe woƒe kukuawo adzoe. 32  Eya ta asrafoawo va, eye woŋe ame eve siwo wohe ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu la ƒe afɔwo. 33  Ke esi wova Yesu gbɔ la wokpɔ be eku xoxo, eya ta womeŋe eƒe afɔwo o. 34  Gake asrafoawo dometɔ ɖeka tɔ akplɔ eƒe axadame,+ enumake ʋu kple tsi do go. 35  Eye ame si kpɔ nu siawo teƒe lae ɖi ɖase le wo ŋu, eye eƒe ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, eye ame ma nya be nya si yegblɔna la nye nyateƒe, ne miawo hã miaxɔe ase.+ 36  Le nyateƒe me la, nu siawo dzɔ, ne ŋɔŋlɔ la nava eme be: “Womaŋe eƒe ƒu ɖeka pɛ hã o.”+ 37  Eye ŋɔŋlɔ bubu hã gblɔ be: “Woafɔ ŋku ɖe ame si woƒo nu ɖo la dzi.”+ 38  Ke le nu siawo megbe la, Yosef si tso Arimatia, ame si nye Yesu ƒe nusrɔ̃la le adzame le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la,+ bia Pilato be yeaxɔ Yesu ƒe kukua, eye Pilato ɖe mɔ nɛ. Ale wòva tsɔ eƒe kukua yii.+ 39  Nikodemo,+ ame si va egbɔ va yi le zã me hã va, eye wòtsɔ mire kple aloe si wotsaka, si ade pounde alafa ɖeka kloe* la vɛ.+ 40  Eya ta wotsɔ Yesu ƒe kukua, eye wosi atike ʋeʋĩwo nɛ heblae ɖe aklala me,+ abe ale si ko Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hafi ɖina ene. 41  Ke abɔ aɖe hã nɔ teƒe si wohee ɖe ati ŋu le, eye yɔdo* yeye aɖe,+ si me wometsɔ ame aɖeke mlɔ kpɔ o la, le abɔ la me. 42  Esi wònye Yudatɔwo ƒe Dzadzraɖoŋkekee,+ eye yɔdoa hã gbɔ medidi o ta la, wotsɔ Yesu mlɔ eme.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Alo, “eku.”
Efia, Romatɔwo ƒe pounde 100, si ade kilogram 32.7. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”