Yohanes 18:1-40

  • Yuda de Yesu asi (1-9)

  • Petro da yi (10, 11)

  • Wokplɔ Yesu yi Ana gbɔ (12-14)

  • Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi gbãtɔ (15-18)

  • Yesu le Ana ŋkume (19-24)

  • Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi evelia kple etɔ̃lia (25-27)

  • Yesu le Pilato ŋkume (28-40)

    • “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o” (36)

18  Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖato Kidron Bali*+ la me yi abɔ aɖe si le afi ma la me.+  Yuda, ame si dee asi la, hã nya teƒea, elabena Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ƒoa ƒu ɖe afi ma zi geɖe.  Eya ta Yuda kplɔ asrafoha la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Farisitɔwo ƒe dɔlawo kpe ɖe eɖokui ŋu, eye wolé akakatiwo kple akaɖiwo kpakple lãnuwo ɖe asi va afi ma.+  Ke esi Yesu nya nu siwo katã gbɔna dzɔdzɔ ge ɖe edzi ta la, ezɔ va ŋgɔ hebia wo be: “Ame ka dim miele?”  Woɖo eŋu nɛ be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.”+ Egblɔ na wo be: “Nyee nye esi.” Yuda, ame si dee asi la, hã le tsitre ɖe wo gbɔ.+  Ke esi Yesu gblɔ na wo be, “Nyee nye esi” la, wote yi megbe hedze anyi.+  Eya ta egabia wo be: “Ame ka dim miele?” Wogblɔ be: “Yesu, Nazaretetɔ lae.”  Yesu ɖo eŋu be: “Megblɔ na mi xoxo be nyee. Eya ta ne nye dim miele la, ekema mina ame siawo ya nadzo.”  Ale be nya si wògblɔ la nava eme be, “Nyemebú ame siwo nètsɔ nam la dometɔ ɖeka pɛ hã o.”+ 10  Kasia Simon Petro ɖe yi da nunɔlagã ƒe kluvi hekpa eƒe ɖusimeto ɖa.+ Kluvi la ŋkɔe nye Malko. 11  Ke Yesu gblɔ na Petro be: “Gbugbɔ yi la de aku me.+ Ðe mele be mano kplu si Fofo la tsɔ nam la oa?”+ 12  Eye asrafoha la kple aʋafiagã la kpakple Yudatɔwo ƒe dɔlawo lé Yesu heblae. 13  Wokplɔe yi Ana gbɔ gbã, elabena enye Kayafa,+ si nye nunɔlagã le ƒe ma me la, to.+ 14  Le nyateƒe me la, Kayafa ye nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be enyo wu sãsãsã be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta.+ 15  Ke Simon Petro kple nusrɔ̃la bubu aɖe dze Yesu yome.+ Nunɔlagã la dze si nusrɔ̃la ma, eya ta nusrɔ̃la ma kplɔ Yesu ɖo ge ɖe nunɔlagã la ƒe me, 16  ke Petro ya le tsitre ɖe xexe le ʋɔtrua nu.* Le esia ta nusrɔ̃la ma, si nunɔlagã la dze si la, do go, eye wòƒo nu kple agbonudzɔla la, eye wòkplɔ Petro ge ɖe eme. 17  Eye dɔlanyɔnu, si nye agbonudzɔla la, bia Petro be: “Wò hã, menye ŋutsu sia ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Eɖo eŋu be: “Ao.”+ 18  Kluviwo kple dzɔlawo le tsitre ɖe afi ma le akadzo, si wodo la ƒum, elabena vuvɔ nɔ wɔwɔm. Petro hã le tsitre ɖe wo gbɔ le dzoa ƒum. 19  Nunɔlawo ƒe tatɔ la bia gbe Yesu tso eƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe nufiafia ŋu. 20  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Meƒoa nu na xexea le dutoƒo. Mefiaa nu ɣesiaɣi le ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔa me,+ afi si Yudatɔwo katã va ƒoa ƒu ɖo, eye nyemegblɔa nya aɖeke le bebeme o. 21  Nu ka tae nèle nya biamem? Bia ame siwo se nya siwo megblɔ na wo la. Kpɔ ɖa! Wonya nya siwo megblɔ.” 22  Esi Yesu gblɔ nya siawo la, dɔlawo dometɔ ɖeka si le tsitre ɖe afi ma la ƒo tome nɛ+ gblɔ be: “Aleae nàɖo nya ŋu na nunɔlawo ƒe tatɔa?” 23  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Ne nya si megblɔ mesɔ o la, ekema gblɔ nu si gblẽ le eŋu; ke ne esɔ ɖe, nu ka tae nèƒom?” 24  Enɔ babla eye Ana ɖoe ɖe nunɔlagã Kayafa.+ 25  Ke Simon Petro le tsitrenu ɖe afi ma le dzo ƒum. Eye wobiae be: “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dome ɖekae nènye oa?” Esẽ nu gblɔ be: “Ao.”+ 26  Nunɔlagã la ƒe kluviwo dometɔ ɖeka, si nye ŋutsu si ƒe to Petro kpa la ƒe ƒometɔ,+ biae be: “Menye wòe mekpɔ le abɔa me kplii oa?” 27  Gake Petro gasẽ nu, eye enumake koklo ku atɔ.+ 28  Azɔ le ŋdi kanya la, wokplɔ Yesu tso Kayafa gbɔ yi nutodziɖula la ƒe me.+ Ke woawo ŋutɔwo mege ɖe nutodziɖula la ƒe aƒea me o, be woagagblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui o,+ ale be woate ŋu aɖu Ŋutitoto la. 29  Eya ta Pilato do go va wo gbɔ hebia wo be: “Nya kae mietsɔ ɖe ame sia ŋu?” 30  Woɖo eŋu nɛ be: “Ne menye nu gbegblẽ wɔlae ame sia nye o la, anye ne míedee asi na wò o.” 31  Eya ta Pilato gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔwo mikplɔe yii, ne miadrɔ̃ ʋɔnui le miaƒe se la nu.”+ Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Se meɖe mɔ na mí be míawu ame o.”+ 32  Esia dzɔ, ne Yesu ƒe nya si wògblɔ le ku si ƒomevi ku ge wòala ŋu la nava eme.+ 33  Eya ta Pilato gage ɖe aƒea me ake, eye wòyɔ Yesu hebiae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe Fia la?”+ 34  Yesu ɖo eŋu be: “Wò ŋutɔ ɖokuiwò sie nèle nya sia biam le loo alo ame bubuwoe gblɔ ŋutinye nya na wòa?” 35  Pilato ɖo eŋu be: “Yudatɔe menyea? Wò ŋutɔ wò dukɔ kple nunɔlawo ƒe tatɔwoe tsɔ wò de asi nam. Nu kae nèwɔ?” 36  Yesu ɖo eŋu be:+ “Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o.+ Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu be woagatsɔm ade asi na Yudatɔwo o.+ Ke abe ale si wòle ene la, nye Fiaɖuƒe metso afi sia o.” 37  Eya ta Pilato biae be: “Ekema, fiae nènyea?” Yesu ɖo eŋu be: “Eya tututue nye ema nègblɔ be fiae menye.+ Elabena esia tae wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase na nyateƒe+ la. Ame sia ame si le nyateƒea ƒe akpa dzi la ɖoa to nye gbe.” 38  Pilato biae be: “Nu kae nye nyateƒe?” Esi wògblɔ esia la, egado go yi Yudatɔwo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Nyemekpɔ vodada aɖeke le eŋu o.+ 39  Azɔ hã le miaƒe kɔa nu la, ele be maɖe asi le ame ɖeka ŋu na mi le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi.+ Eya ta miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe fia la ŋu na mia?” 40  Eye wogado ɣli be: “Menye ame sia o, ke boŋ Baraba!” Ke Baraba la, adzodalae wònye.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Kidron-tɔʋu si me tsi sina to le vuvɔŋɔli.”
Alo, “mɔa nu.”