Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 5

Nyati Vevi Kae Le Biblia Me?

“Mana fuléle nanɔ wò kple nyɔnu la dome, wò dzidzimevi kple nyɔnu la ƒe dzidzimevi dome. Eya agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”

1 Mose 3:15

“Anyigbadzidukɔwo katã ayra wo ɖokuiwo to wò dzidzimevi la dzi, elabena èɖo to nye gbe.”

1 Mose 22:18

“Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi, abe ale si wòle le dziƒo ene.”

Mateo 6:10

“Mawu si naa ŋutifafa la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie.”

Romatɔwo 16:20

“Ne wotsɔ nuwo katã de ete vɔ la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, ale be Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.”

1 Korintotɔwo 15:28

“Ke wodo ŋugbeawo na Abraham kple eƒe dzidzimevi . . . , si nye Kristo. Eye ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye vavã.”

Galatiatɔwo 3:16, 29

“Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la ƒe Fiaɖuƒe, eye aɖu fia tso mavɔ me yi mavɔ me.”

Nyaɖeɖefia 11:15

“Eya ta wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, si woyɔna be Abosam kple Satana, ame si le anyigbadzinɔlawo katã blem la, ƒu gbe; wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe kpe ɖe eŋu.”

Nyaɖeɖefia 12:9

“Elé ʋɔ driba, si nye da xoxo la, si nye Abosam kple Satana, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.”

Nyaɖeɖefia 20:2