Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 A2

Nu Siwo Ðe Dzesi Le Biblia Gɔmeɖeɖe Sia Ŋu

Woɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia la ɖe go le Eŋlisigbe me le ƒe 1950 me, eye wota Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia bliboa le Eŋlisigbe me le ƒe 1961 me. Tso ɣemaɣi la, Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe gɔmeɖeɖe sia si gɔme woɖe wòsɔ pɛpɛpɛ eye exexlẽ le bɔbɔe la ɖe vi na nuxlẽla miliɔn geɖe siwo doa gbegbɔgblɔ siwo wu 210 sɔŋ.

Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia kpɔ ale si wòhiã be woaɖe Biblia gɔme be emenyawo nade dzi gbɔ na egbegbe nuxlẽlawo la dze sii. Esia ta wozɔ ɖe mɔfiame vevi aɖewo koŋ dzi le atsyã kple nya vovovo siwo wozã le gɔmeɖeɖe sia me la zazã me be woaɖo taɖodzinu siwo gbɔna la gbɔ:

  • Wozã nya siwo amewo nya egbea hese wo gɔme. Abe ale si ko wozã nya siwo nuxlẽlawo nya nyuie le Ŋɔŋlɔ gbãtɔawo me ene la, nenema ke womezã Eʋegbe tsitsiwo le Eʋegbe gɔmeɖeɖe sia me o, ke boŋ wodze agbagba zã aƒegbe siwo amewo nya egbea hese wo gɔme la va se ɖe afi si wòanya wɔ le.

  • Wokɔ Biblia me nya aɖewo me. Wotrɔ asi le nya alo nyagbɔgblɔ aɖewo siwo Eʋegbe Biblia aɖewo zã la ŋu le gɔmeɖeɖe sia me. Le kpɔɖeŋu me, gɔmeɖeɖe bubuwo zãa nya “atitsoga” ne wole nu ƒom tso ati si ŋu wowu Yesu ɖo ŋu la ŋuti, si na wòdze abe atitsoga ŋue Yesu ku ɖo ene. Gake gɔmeɖeɖe sia zã nyagbɔgblɔ si nye “he ɖe ati ŋu” tsɔ he susu yi nyateƒe si wònye be ati dzɔdzɔe alo ati ɖeka ŋue wowu Yesu ɖo la dzi. Azɔ hã, gɔmeɖeɖe sia za nyagbɔgblɔ “amenyɔnyrɔ ɖe tsi me,” alo esia tɔgbi ne wole nu ƒom tso Kristotɔwo nyɔnyrɔ ɖe tsi me ŋu, si ɖenɛ fiana be ɖe wonyrɔa ame ɖe tsi me, ke menye tsie wodea ta na ame, abe ale si wozãe le Biblia bubuwo me ene o.

  • Wotrɔ asi le ŋkɔ aɖewo ŋɔŋlɔ ŋu be wo yɔyɔ nanɔ bɔbɔe. Wotrɔ asi le ale si woŋlɔ ŋkɔ aɖewoe ŋu le gɔmeɖeɖe sia me be wo yɔyɔ nanɔ bɔbɔe ahato mɔ ɖeka le nuxlẽlawo dome. Le kpɔɖeŋu me, wozã ŋkɔ “Zefaniya” le gɔmeɖeɖe sia me ɖe “Zefanya” teƒe, be nuxlẽlawo nate ŋu ayɔ ŋkɔa wòato mɔ ɖeka. Eye wozã ŋkɔ “Malaki” le gɔmeɖeɖe sia me ɖe “Maleaxi” teƒe, be eyɔyɔ nanɔ bɔbɔe na nuxlẽlawo.

Nu bubu siwo ɖe dzesi le Biblia gɔmeɖeɖe sia ŋu:

Etenuŋɔŋlɔwo le gɔmeɖeɖe sia me. Etenuŋɔŋlɔ vovovo siwo tɔgbi le Biblia sia mee nye esiwo gbɔna:

  • “Alo” Enye mɔ bubu siwo nu woagate ŋu aɖe Hebrigbe, Aramgbe, alo Helagbe me nyaawo gɔme le be gɔmesese blibo ma ke nadze.—1 Mose 1:2, etenuŋɔŋlɔ si ku ɖe “Mawu ƒe gbɔgbɔ” ŋu; Yosua 1:8, “gbe blewu.”

  • “Agate ŋu afia” Enye mɔ bubu siwo nu woagate ŋu aɖe nyaawo gɔme le wòasɔ gake wòaɖe gɔmesese bubu afia.—1 Mose 21:6, “ako nu kplim”; Zakariya 14:21, “Kanaantɔ.”

  • “Egɔmeɖeɖe tẽe” Enye gɔmesese si le Hebrigbe, Aramgbe alo Helagbe me nyawo ŋu tẽe la gɔme ɖeɖe nya-ɖe-nya-nu.—1 Mose 30:22, “wòna wòfɔ fu”; 2 Mose 32:9, “dzimesesẽtɔwoe.”

  • Gɔmesesea kple numeɖeɖe bubuwo Ŋkɔwo gɔme ɖeɖe (1 Mose 3:17, “Adam”; 2 Mose 15:23, “Mara”); nuwo ƒe kpekpeme kple dzidzeme vovovoawo (1 Mose 6:15, “abɔklugui”); ame si alo nu si teƒe wozã ŋkɔteƒenɔnya ɖo (1 Mose 38:5, “Enɔ”); wokɔ nya aɖewo me le Megbenyawo kple Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe.—1 Mose 37:35, “Tsiẽƒe”; Mateo 5:22, “Gehena.”

Biblia me nya vevi aɖewo dze le akpa si wotsɔ dze Biblia sia gɔmee, si ƒe tanyae nye “Mawu Ƒe Nya La Me Nya Vevi Aɖewo” la me. Akpa bubu siwo kplɔ afi si Biblia me nyawo wu enu ɖo ye nye “Biblia-gbalẽwo Ŋuti Nuŋlɔɖi,” “Biblia Me Nyawo Diƒe,” kple “Biblia Me Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe.” Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea kpena ɖe nuxlẽla ŋu wòsea ale si tututu wozã nya tɔxɛ aɖewo le Biblia mee la gɔme. Nyati siwo dze le Megbenyawo A la mee nye: “Biblia Gɔme Ðeɖe Ŋuti Mɔfiamewo,”  “Nu Siwo Ðe Dzesi Le Biblia Gɔmeɖeɖe Sia Ŋu,” “Ale Si Biblia Wɔ Va Ka Mía Si,” “Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Hebri Ŋɔŋlɔawo Me,” “Ale Si Wozã Mawu Ƒe Ŋkɔa Le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo Me,” “Nyatakakaɖaka: Nyagblɔɖilawo Kple Fia Siwo Nɔ Yuda Kple Israel,” kple “Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Yesu Ƒe Anyigbadzigbenɔnɔ Me.” Le akpa si nye Megbenyawo B gome la, anyigbatatawo, nyatakakaɖakawo kple nya bubu siwo aɖe vi na ame siwo léa fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu la dze le afi ma.

Le Biblia la ŋutɔ me la, míetò nya siwo le ta ɖe sia ɖe me la ɖe eme, eye míeŋlɔ mawunyakpukpuiawo kpe ɖe wo ŋu tsɔ dze Biblia gbalẽ ɖe sia ɖe gɔmee, ale be nuxlẽla nakpɔ nya vevi siwo le agbalẽ ma me la do ŋgɔ. Titinanuŋɔŋlɔwo le axa ɖe sia ɖe ƒe titina eye wofia asi mawunyakpukpui bubu siwo do ƒome kple kpukpui aɖe le axa ma.