Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 12

Ðe Mɔkpɔkpɔ Li Be Míagakpɔ Kukuawoa?

“Esia megawɔ nuku na mi o, elabena gaƒoƒo la gbɔna, esime ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ase eƒe gbe, eye woado go.”

Yohanes 5:28, 29

“Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”

Dɔwɔwɔwo 24:15

“Mekpɔ ame kukuwo, ame tsɛwo kple ame ŋkutawo siaa, le tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye woʋu agbalẽwo. Eye woʋu agbalẽ bubu aɖe; eyae nye agbegbalẽ la. Eye wodrɔ̃ ʋɔnu ame kukuawo ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽawo me le woƒe dɔwɔwɔwo ŋuti la nu. Eye atsiaƒu ɖe ame kuku siwo le eme la na, eye ku kple Tsiẽƒe ɖe ame kuku siwo le wo me la na, eye wodrɔ̃ ʋɔnu wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe dɔwɔwɔwo nu.”

Nyaɖeɖefia 20:12, 13