Mateo 4:1-25

  • Abosam te Yesu kpɔ (1-11)

  • Yesu dze gbeƒãɖeɖe gɔme le Galilea (12-17)

  • Eyɔ nusrɔ̃la gbãtɔwo (18-22)

  • Yesu ɖe gbeƒã, fia nu, eye wòda dɔ (23-25)

4  Eye gbɔgbɔ la kplɔ Yesu yi gbedadaƒo be Abosam+ natee kpɔ.+  Esi wòtsi nu dɔ ŋkeke blaene kple zã blaene megbe la, dɔ wui.  Ɣemaɣi la, Tela+ la va gblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be woatrɔ azu abolo.”  Ke eɖo eŋu be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa* ƒe nu me la hã nu.’”+  Azɔ Abosam kplɔe yi du kɔkɔe la me,+ eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔa+ tame  hegblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ti kpo nàɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò,’ eye, ‘Woaxe wò kple woƒe asiwo, be nàgatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.’”+  Yesu gblɔ nɛ be: “Woŋlɔ ɖi hã be: ‘Mègate Yehowa* wò Mawu kpɔ o.’”+  Abosam gakplɔe yi to aɖe si kɔkɔ ŋutɔ la dzi, eye wòɖe xexemefiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe fiae.+  Eye wògblɔ nɛ be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò ne èdze klo de ta agu nam.” 10  Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Yehowa* wò Mawue nàde ta agu na,+ eye eya ɖeka koe nàsubɔ.’”*+ 11  Ale Abosam dzo le egbɔ,+ eye kpɔ ɖa, mawudɔlawo va subɔe.+ 12  Ke esi Yesu se be wolé Yohanes la,+ edzo yi Galilea.+ 13  Eye wòdzo le Nazaret yi ɖanɔ Kapernaum,+ si le ƒua nu, le Zebulon kple Naftali nutoawo me, 14  ale be nya si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi la nava eme, egblɔ be: 15  “Oo Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, siwo le ƒutamɔ dzi, le Yordan ƒe go kemɛ dzi, dukɔwo ƒe Galilea! 16  Dukɔ si nɔ viviti me la kpɔ kekeli gã aɖe, eye kekeli+ klẽ na ame siwo nɔ nuto si dzi ku do vɔvɔli ɖo la.”+ 17  Tso ɣemaɣi la, Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me henɔ gbɔgblɔm be: “Mitrɔ dzi me, elabena Dziƒofiaɖuƒe la gogo.”+ 18  Esi wòto Galilea-ƒua* nu yina la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon si wogayɔna be Petro+ kple nɔvia Andrea, wole asabu dam, elabena tɔƒodelawoe wonye.+ 19  Eye wògblɔ na wo be: “Miva dze yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawoe.”+ 20  Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi hedze eyome.+ 21  Esi wòdzo le afi ma la, ekpɔ nɔviŋutsu eve bubu, Yakobo kple nɔvia Yohanes,+ siwo nye Zebedeo viwo. Wo kple wo fofo Zebedeo wole tɔdziʋu me le woƒe ɖɔ vuvuwo sam, eye wòyɔ wo.+ 22  Enumake wogblẽ tɔdziʋu la kple wo fofo ɖi hedze eyome. 23  Eye wòyi ɖatsa le Galilea+ blibo la le nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo+ hele gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi dam le dukɔ la me.+ 24  Ale Yesu ŋu nya kaka de Siria nutoa katã me; eye wokplɔ ame siwo katã ƒe lãme gblẽ vevie, ame siwo dɔléle kple lãmevee vovovowo le fu wɔmee,+ ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le,+ kple ame siwo le anyidzedɔ*+ lém kpakple lãmetututɔwo va egbɔ, eye wòda dɔ na wo. 25  Le esia ta ameha gã aɖewo, siwo tso Galilea, Dekapoli,* Yerusalem kple Yudea kpakple Yordan ƒe go kemɛ dzi la, dze eyome.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.”
Enye ta; wogayɔnɛ le Biblia me be Genezaret-ta, Galilea-ƒu, kple Tiberia-ƒu.
Alo, “kpeŋui.”
Alo, “Du Ewoawo Ƒe Nuto Me.”