Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYABIASE 8

Ðe Wòle Be Míabu Fɔ Mawu Ðe Míaƒe Fukpekpewo Ta?

“Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!”

Hiob 34:10

“Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, megagblɔ be: ‘Mawue le teyem kpɔ’ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu akpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔna o.”

Yakobo 1:13

“[Midro] miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe edzi, elabena eléa be na mi.”

1 Petro 5:7

“Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.”

2 Petro 3:9