Yohanes 15:1-27

  • Wainti vavã la ŋuti kpɔɖeŋu (1-10)

  • Yesu de se be woaɖe Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ afia (11-17)

    • ‘Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si o’ (13)

  • Xexea lé fu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo (18-27)

15  “Nyee nye wainti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la.  Alɔ sia alɔ si le ŋunye, eye metsea ku o la, elãnɛ ɖa, eye ɖe sia ɖe si tsea ku la, eɖea eŋu, ale be wòatse ku geɖe wu.+  Mia ŋuti kɔ xoxo le nya si megblɔ na mi la ta.+  Miwɔ ɖeka kplim, eye nye hã mawɔ ɖeka kpli mi. Ale si ko alɔ la mate ŋu atse ku le eɖokui si o, negbe ɖe wòle wainti la ŋu hafi la, nenema kee miawo hã miate ŋui o, negbe ɖe miewɔ ɖeka kplim hafi.+  Nyee nye wainti la; miawoe nye alɔawo. Ame si wɔa ɖeka kplim, eye nye hã mewɔa ɖeka kplii la, ame sia tsea ku geɖe;+ elabena nye manɔmee la, miate ŋu awɔ naneke kura o.  Ne ame aɖe mewɔa ɖeka kplim o la, ele abe atilɔ si wolã ɖa tsɔ ƒu gbe ene, eye aƒu. Woƒoa atilɔ siawo nu ƒu, eye wotsɔa wo dea dzo me wofiãna.  Ne miewɔ ɖeka kplim, eye nye nyawo kpɔtɔ le mia me la, mibia nu sia nu si miedi, eye ava eme na mi.+  Nu si me wodoa Fofonye ɖe dzi le lae nye be miayi edzi anɔ ku geɖe tsem, eye miaɖee afia be nye nusrɔ̃lawoe mienye.+  Ale si ko Fofo la lɔ̃m,+ eye nye hã melɔ̃ mi la; miyi edzi mianɔ nye lɔlɔ̃ la me. 10  Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, ekema miayi edzi anɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe ale si ko meléa Fofonye ƒe sewo me ɖe asi, eye mekpɔtɔ le eƒe lɔlɔ̃ la me ene. 11  “Nya siawoe megblɔ na mi, be nye dzidzɔ la nanɔ mia me, eye miaƒe dzidzɔ la nagba go.+ 12  Se si nam mele mie nye be, mialɔ̃ mia nɔewo, abe ale si melɔ̃ mi ene.+ 13  Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si, be ame natsɔ eƒe agbe* aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.+ 14  Ne miewɔa nu siwo ƒe se mede na mi la, ekema xɔ̃nyewoe mienye.+ 15  Nyemegayɔa mi be kluviwo o, elabena kluvi menyaa nu si eƒe aƒetɔ wɔna o. Ke boŋ meyɔa mi be xɔ̃nyewo, elabena nu siwo katã mese tso Fofonye gbɔ la, mena mienya wo. 16  Menye miawoe tiam o, ke boŋ nyee tia mi, eye meɖo mi be miayi edzi anɔ ku tsem, eye miaƒe kutsetse la anɔ anyi ɖaa, ale be nu ka kee mieɖabia Fofo la le nye ŋkɔ me o, atsɔe ana mi.+ 17  “Nu siawo ƒe se dem mele na mi, be mialɔ̃ mia nɔewo.+ 18  Ne xexea lé fu mi la, minyae be etre fulélem.+ 19  Ne ɖe mienye xexea ƒe akpa aɖe la, anye ne xexea alɔ̃ eya ŋutɔ tɔwo. Ke esi mienye xexea ƒe akpa aɖeke o,+ hafi boŋ metia mi tso xexea me la, esia tae xexea léa fu mi ɖo.+ 20  Nya si megblɔ na mi la nenɔ susu me na mi be: Kluvi mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã mia yome;+ ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé mia tɔ hã me ɖe asi. 21  Ke woawɔ nu siawo katã ɖe mia ŋu le nye ŋkɔ la ta, elabena womenya Ame si dɔm ɖa la o.+ 22  Ne ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, anye ne womaɖi nu vɔ̃ ƒe fɔ o.+ Ke azɔ la, taflatsɛdodo aɖeke mele wo si le woƒe nu vɔ̃ ŋuti o.+ 23  Ame si lé fum la lé fu Fofonye hã.+ 24  Ne ɖe nyemewɔ dɔ siwo ame aɖeke mewɔ kpɔ o la le wo dome o la, anye ne womaɖi nu vɔ̃ ƒe fɔ o;+ ke azɔ la wokpɔ dɔ siwo mewɔ, eye wolé fu nye kple Fofonye siaa. 25  Gake ele alea be nya si woŋlɔ ɖe woƒe Se la me be, ‘Wolé fum dzodzro’+ la nava eme. 26  Ne kpeɖeŋutɔ si maɖo ɖe mi tso Fofo la gbɔ, si nye nyateƒegbɔgbɔ+ si Fofo la nana, va ɖo la, eya aɖi ɖase le ŋunye;+ 27  eye miawo hã miaɖi ɖase,+ elabena mieli kplim tso gɔmedzedzea me ke.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “luʋɔ.”