Yohanes 8:12-59

  • Fofo la ɖia ɖase le Yesu ŋu (12-30)

    • Yesu, “xexea ƒe kekeli” (12)

  • Abraham ƒe dzidzimeviwo (31-41)

    • “Nyateƒe la ana ablɔɖe mi” (32)

  • Abosam viwo (42-47)

  • Yesu kple Abraham (48-59)

8  12  Eye Yesu gagblɔ na wo be: “Nyee nye xexea ƒe kekeli.+ Ame si dzea yonyeme la mele viviti me zɔ ge akpɔ o, ke boŋ agbe ƒe kekeli+ anɔ esi.” 13  Eya ta Farisitɔwo gblɔ nɛ be: “Wò ŋutɔe le ɖase ɖim le ɖokuiwò ŋu; wò ɖaseɖiɖi la menye nyateƒe o.” 14  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Ne nye ŋutɔe le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋu hã la, nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe, elabena menya afi si metso kple afi si meyina.+ Ke miawo ya mienya afi si metso kple afi si meyina o. 15  Miedrɔ̃a ʋɔnu le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu;*+ nye ya nyemedrɔ̃a ʋɔnu ame aɖeke o. 16  Eye ne medrɔ̃ ʋɔnu hã la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la nye nyateƒe, elabena menye nye ɖekae li o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la li kplim.+ 17  Woŋlɔ ɖe miawo ŋutɔ miaƒe Se la me hã be: ‘Ame eve ƒe ɖaseɖiɖi nye nyateƒe.’+ 18  Nyee nye ame si le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo si dɔm ɖa la hã le ɖase ɖim le ŋunye.”+ 19  Eya ta wobiae be: “Afi kae Fofowò le?” Yesu ɖo eŋu be: “Mienyam o, eye mienya Fofonye hã o.+ Ne ɖe mienyam la, anye ne mienya Fofonye hã.”+ 20  Egblɔ nya siawo le teƒe si nudzɔɖakawo+ nɔna esime wòle nu fiam le gbedoxɔa me. Ke hã ame aɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo la meɖo haɖe o.+ 21  Eya ta egagblɔ na wo be: “Nye la mele dzodzo ge, eye miadim, gake miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃ me.+ Afi si yim mele la, miate ŋu ava o.”+ 22  Yudatɔwo de asi gbɔgblɔ me be: “Ðe wòyina eɖokui wu gea? Elabena egblɔ be, ‘Afi si yim mele la, miate ŋu ava o.’” 23  Egagblɔ na wo be: “Miawo la, anyigba dzie mietso; nye ya dziƒoe metso.+ Miawo mietso xexe sia me; nye ya nyemetso xexe sia me o. 24  Eya tae megblɔ na mi be: Miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me ɖo. Elabena ne miexɔe se be nyee o la, miaku ɖe miaƒe nu vɔ̃wo me.” 25  Eya ta wobiae be: “Ame kae nènye?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Nu ka tae megale nu ƒom kpli mi ɖo ya? 26  Nya geɖewo le asinye magblɔ tso mia ŋu, eye nu geɖewo li si ŋu madrɔ̃ ʋɔnu le. Le nyateƒe me la, Ame si dɔm ɖa la nye nyateƒetɔ, eye nu siwo tututu mese tso egbɔ la, nu siawo gblɔm mele le xexea me.”+ 27  Womese egɔme be Fofo la ŋue wòle nu ƒom le na yewo o. 28  Eye Yesu gblɔ be: “Ne miehe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu*+ vɔ hafi miadze sii be nyee,+ eye be nyemewɔa naneke le ɖokuinye si o;+ ke boŋ nu siwo tututu Fofo la fiam lae megblɔna. 29  Eye Ame si dɔm ɖa la li kplim; megblẽ nye ɖeka ɖi o, elabena mewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.”+ 30  Esi wògblɔ nya siawo la, ame geɖewo xɔ edzi se. 31  Yesu gagblɔ na Yudatɔ siwo xɔ edzi se la be: “Ne mieyi edzi lé nye nya la me ɖe asi la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, 32  eye miadze si nyateƒe la,+ eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”+ 33  Woɖo eŋu nɛ be: “Abraham ƒe dzidzimeviwoe míenye, eye míenye kluviwo na ame aɖeke kpɔ o. Nu ka ŋuti nègblɔ be, ‘Woana ablɔɖe mi’?” 34  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ame sia ame si wɔa nu vɔ̃ la, nu vɔ̃ ƒe kluvi wònye.+ 35  Eye kluvi menɔa aƒe me ɖaa o; vi ya nɔa anyi ɖaa. 36  Eya ta ne Vi la na ablɔɖe mi la, ekema mianye ablɔɖeviwo vavã. 37  Menya be Abraham ƒe dzidzimeviwoe mienye. Gake miele didim be yewoawum, elabena miexɔ nye nufiafia la o. 38  Nu siwo mekpɔ le Fofonye gbɔ lae megblɔna;+ eye miawo hã nu siwo miese tso mia fofo gbɔ lae miewɔna.” 39  Woɖo eŋu nɛ be: “Mía fofoe nye Abraham.” Yesu gblɔ na wo be: “Ne Abraham viwoe mienye la,+ anye ne miawɔ Abraham ƒe dɔwo. 40  Ke azɔ miele didim be yewoawu, nye ame si gblɔ nyateƒe si mese tso Mawu gbɔ la na mi.+ Abraham mewɔ nu alea o. 41  Mia fofo ƒe dɔwo miewɔna.” Wogblɔ nɛ be: “Menye ahasiviwo* míenye o; Fofo ɖekae le mía si, eyae nye Mawu.” 42  Yesu gblɔ na wo be: “Ne Mawue nye mia Fofo la, anye ne mielɔ̃m,+ elabena Mawu gbɔe metso va afi sia. Nyemeva le ɖokuinye si o, ke boŋ Ame mae dɔm ɖa.+ 43  Nu ka tae miese nya si gblɔm mele la gɔme o? Elabena miate ŋu ase nye nya o. 44  Miawo la mietso mia fofo si nye Abosam me, eye mia fofo la ƒe nudzodzrowoe miedina be yewoawɔ.+ Eya la amewulae wònye tso eƒe aglãdzeɣi ke,*+ eye meli ke ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eme o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.+ 45  Ke esi nye ya mele nyateƒe tom ta la, miexɔ dzinye se o. 46  Mia dometɔ kae ate ŋu abu fɔm le nu vɔ̃ aɖe ŋu? Ne nyateƒe tom mele la, ekema nu ka tae miexɔ dzinye se o? 47  Ame si tso Mawu me la ɖoa to Mawu ƒe nyawo.+ Esia tae mieɖoa to o, elabena mietso Mawu me o.”+ 48  Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Ðe míegblɔe wòsɔ be, ‘Samariatɔ nènye,+ eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò oa’?”+ 49  Yesu ɖo eŋu be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ mele menye o, ke boŋ mele bubu dem Fofonye ŋu, ke miawo miele vlo domem. 50  Ke nyemele kafukafu dim na ɖokuinye o;+ Ame aɖe li, si le edim, eye wònye ʋɔnudrɔ̃la. 51  Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, ne ame aɖe wɔa nye nya dzi la, maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o.”+ 52  Yudatɔwo gblɔ nɛ be: “Azɔ ko míenya be gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, evɔ wò ya nèle gbɔgblɔm be, ‘Ne ame aɖe wɔ nye nya dzi la, maɖɔ ku akpɔ gbeɖe o.’ 53  Ðe nènye gã wu mía fofo Abraham, ame si ku la? Nyagblɔɖilawo hã ku. Ame kae nèle ɖokuiwò bumee?” 54  Yesu ɖo eŋu be: “Ne nye ŋutɔe kafua ɖokuinye la, ekema nye kafukafu la menye naneke o. Fofonye, si miebe eyae nye miaƒe Mawu lae kafuam.+ 55  Gake mienyae o,+ ke nye ya menyae.+ Eye ne megblɔ be nyemenyae o la, ekema mezu aʋatsokala abe miawo ke ene. Gake menyae, eye meléa eƒe nya la me ɖe asi. 56  Mia fofo Abraham tso aseye be yeakpɔ nye ŋkeke la, ekpɔe hã, eye dzi dzɔe.”+ 57  Yudatɔwo biae be: “Mèkpɔ xɔ ƒe blaatɔ̃ haɖe o, evɔ nèbe yekpɔ Abraham mahã?” 58  Yesu gblɔ na wo be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi be, hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.”+ 59  Ale wofɔ kpewo be yewoaƒui, ke Yesu si bè, eye wòdo go le gbedoxɔa me.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilã nu.”
“Ne miehe Amegbetɔvi la ɖe ati ŋu” gɔme ɖeɖe tẽe nye “ne miekɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi.”
Helagbe, pornia. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “tso gɔmedzedzea me ke.”