Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Axɔ Na Anyigba?

Ame Kae Axɔ Na Anyigba?

 Ame geɖe tsi dzi ɖe ale si wokpɔe be amewo le anyigba kple nu gbagbe siwo le edzia dome gblẽm ŋu. Nutoameŋutinunyala aɖewo gblɔ be amegbetɔwo le nu gblẽm le nu gbagbe ƒomevi vovovowo ŋu eteƒe mekɔ o, eye esia ate ŋu awɔe be nu gbagbe ƒomevi aɖewo nu nayi tegbee.

 Ðe amegbetɔwo agblẽ anyigba dome keŋkeŋua? Ðe wòate ŋu ava dzɔ be amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo magagblẽ nu le anyigba kple edzinuwo ŋu oa?

Ðe amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo adze edzia?

 Numekula geɖewo ka ɖe edzi be amegbetɔwo ate ŋu akpɔ anyigba ta ahalé be na edzinuwo. Gake wo dometɔ aɖewo hã gblɔna be hafi amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo nadze edzia, ele be woawɔ tɔtrɔ vovovo aɖewo le ɣeyiɣi ɖeka me. Tɔtrɔ mawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  •   Ele be woalé be na avewo, anyigbawo, tagbawo kple atsiaƒuwo nyuie wu.

  •   Woazã agbledemɔnu siwo nyo wu eye woawɔ asitɔtrɔwo le mɔ siwo dzi wotona kpɔa elektrikŋusẽ la ŋu.

  •   Ele be amewo naɖu nukuwo kple amagbewo geɖe wu ʋulã kple tɔmelã, eye womegagblẽ nuɖuɖu dome o.

  •   Ele be amewo nase egɔme be menye kesinɔnu gbogbowo ƒe ame si nɔnɔe ana agbea nadze edzi na ame o.

 Nu kae nèsusu? Ðe wòanya wɔ be dziɖuɖuwo, asitsahawo kple ame ɖekaɖekawo nawɔ nu aduadu le go mawo katã me le xexea me godooa? Alo ɖe nèsusu be ale si ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ xɔ aƒe ɖe amewo me eye womebua etsɔme ŋu oa ana be esia manya wɔ oa?—2 Timoteo 3:1-5.

Mɔkpɔkpɔ li

 Biblia ka ɖe edzi na mí be amegbetɔwo magblẽ anyigba dome keŋkeŋ o. Biblia na míenya nu si tae amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo ɖeɖe mate ŋu akpɔ anyigba ta o, eye eƒo nu tso tɔtrɔ vavã siwo ana anyigba nanɔ dedie hã ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋua, ena míenya ale si tɔtrɔ mawo ava emee.

 Nu si tae amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze ɖeɖe makpɔ anyigba ta o. Yehowa a Mawu ye wɔ anyigba eye wòde dɔ asi na amegbetɔwo be woalé be nɛ. (1 Mose 1:28; 2:15) Ne woɖo to wo Wɔlaa hewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ko hafi woate ŋu awɔ dɔ sia ade goe. (Lododowo 20:24) Gake le ema teƒea, wogbe Yehowa eye wotiae be yewoawɔ nu si dze yewo ŋutɔwo ŋu. (Nyagblɔla 7:29) Amegbetɔwo mate ŋu alé be na anyigbaa wo Wɔlaa manɔmee o, eye ne wodze agbagba wɔ wo tɔ sinua gɔ̃ hãa, made edeƒe gbeɖe o.—Lododowo 21:30; Yeremiya 10:23.

 Tɔtrɔ si hiã. Mawu ɖoe be yeatsrɔ̃ ame siwo le anyigba gblẽm. (Nyaɖeɖefia 11:18) Mawu mava na kpekpeɖeŋu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple habɔbɔ siwo le anyigba dome gblẽm la o, ke boŋ atsɔ dziɖuɖu bubu aɖo wo teƒe. (Nyaɖeɖefia 21:1) Le esia taa, Yehowa gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.”—Nyaɖeɖefia 21:5.

 Ale si tɔtrɔ sia ava emee. Yehowa ana dziɖuɖu aɖe si le dziƒo si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒea naxɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. Yesu Kristoe nye dziɖuɖu ma ƒe Fia eye le eƒe kpɔkplɔ tea, woaɖɔ nuwo ɖo le anyigba dzi.—Daniel 2:44; Mateo 6:10.

 Le Mawu Fiaɖuƒea tea, woafia amegbetɔwo ale si woanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo nu. Ne amegbetɔwo bɔbɔ ɖe wo Wɔla te eye wowɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzia, woate ŋu alé be na anyigba kple edzinuwo. (Yesaya 11:9) Biblia gblɔ ale si Mawu Fiaɖuƒea ana eteviwo nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me evɔ womagblẽ nu le anyigba ŋu o. Nu siwo wòawɔ ƒe ɖewoe nye esi:

 Àte ŋu akpɔ mɔ be Mawu Fiaɖuƒea ahe tɔtrɔ siawo vɛ kpuie. Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋua, xlẽ nyati si nye “Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?

a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.—Psalmo 83:18.