Nyaɖeɖefia 21:1-27

  • Dziƒo yeye kple anyigba yeye (1-8)

    • Ku maganɔ anyi o (4)

    • Wowɔ nuwo katã yeyee (5)

  • Woɖɔ ale si Yerusalem yeyea le (9-27)

21  Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye;+ elabena dziƒo tsãtɔ kple anyigba tsãtɔ nu va yi,+ eye atsiaƒu+ megali o.  Mekpɔ du kɔkɔe, si nye Yerusalem Yeye la hã wòle ɖiɖim tso dziƒo gbɔna tso Mawu gbɔ,+ eye wodzrae ɖo abe ŋugbetɔ si wowɔ leke na hena srɔ̃a ene.+  Eye mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ wògblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔ. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo.+  Eye atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume,+ eye ku maganɔ anyi akpɔ o,+ konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.+ Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”  Eye Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia+ dzi la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.”+ Eye wògagblɔ hã be: “Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nyateƒenyawo* kple nya vavãwo.”  Eye wògblɔ nam be: “Wova eme! Nyee nye Alfa kple Omega,* gɔmedzedze kple nuwuwu.+ Ame sia ame si tsikɔ le wuwum la, mana tsi si le sisim tso agbetsidzɔƒe lae faa.*+  Ame sia ame si ɖu dzi la anyi nu siawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya anye vinye.  Ke vɔvɔ̃nɔtɔwo, dzimaxɔsetɔwo,+ ŋunyɔnuwɔlawo, amewulawo,+ ahasiwɔlawo,*+ gbɔgbɔyɔlawo, trɔ̃subɔlawo kple aʋatsokalawo+ katã ya la, woakpɔ wo tɔ gome le dzota si me dzokpe le bibim le la me.+ Esia le tsitre ɖi na ku evelia.”+  Eye mawudɔla adre siwo lé kplu adre siwo me yɔ fũu kple fuwɔame+ adre mamlɛawo ɖe asi la dometɔ ɖeka va gblɔ nam be: “Va mafia ŋugbetɔ la, ame si nye Alẽvi la srɔ̃ la wò.”+ 10  Eye wòkɔm le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me yi to gã kɔkɔ aɖe dzi, eye wòɖe du kɔkɔe, Yerusalem, si le ɖiɖim tso dziƒo tso Mawu gbɔ la fiam,+ 11  eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe le eŋu.+ Eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔ aɖe ene, eye wòle dzo dam abe yaspis-kpe si me kɔ abe kristalo ene.+ 12  Gli kɔkɔ titri aɖe le eŋu, eye agbo wuieve le eŋu, eye mawudɔla wuieve le agboawo nu, eye woŋlɔ Israel-to wuieveawo ƒe ŋkɔwo ɖe agboawo ŋu. 13  Agbo etɔ̃ le ɣedzeƒe gome, eye agbo etɔ̃ le dziehe gome, agbo etɔ̃ le anyiehe gome, eye agbo etɔ̃ le ɣetoɖoƒe gome.+ 14  Woɖo gɔmeɖokpe wuieve na dua ƒe gli la hã, eye woŋlɔ Alẽvi la ƒe apostolo+ wuieveawo ƒe ŋkɔ wuieveawo ɖe wo ŋu. 15  Ke ame si le nu ƒom kplim la lé sikanudzidzeti si le abe aɖa ene la ɖe asi be yeadzidze du la kple eƒe agbowo kpakple eƒe gli la.+ 16  Du la le dzogoe ene me, eye eƒe didime kple eƒe kekeme sɔ. Eye wòtsɔ nudzidzeti la dzidze du la: ele stadio akpe wuieve;* eƒe didime, kekeme kple kɔkɔme sɔ. 17  Edzidze eƒe gli la hã kple amegbetɔ ƒe nudzidzenu si ganye mawudɔla hã ƒe nudzidzenu wòle abɔklugui alafa ɖeka blaene vɔ ene.* 18  Ke wotsɔ yaspis-kpe+ ɖo eƒe gli lae, eye du la nye sika dzadzɛ abe ahuhɔ̃e si me kɔ ene. 19  Wotsɔ kpe xɔasi ɖe sia ɖe ƒomevi ɖo atsyɔ̃ na dua ƒe gɔmeɖoanyi: gɔmeɖokpe gbãtɔ nye yaspis, evelia nye safir, etɔ̃lia nye kalkedon, enelia nye emerald, 20  atɔ̃lia nye sardonik, adelia nye sardis, adrelia nye krisolit, enyilia nye beril, asiekelia nye topaz, ewolia nye krisopas, wuiɖekɛlia nye hiakint, eye wuievelia nye ametist. 21  Eye agbo wuieveawo nye dzonu wuieve; wotsɔ dzonu ɖeka wɔ agboawo dometɔ ɖe sia ɖe. Eye du la ƒe ablɔ gã la nye sika dzadzɛ, abe ahuhɔ̃e, si me wokpɔa nu tonɛ ene. 22  Nyemekpɔ gbedoxɔ le dua me o, elabena Yehowa* Mawu, Ŋusẽkatãtɔ+ la kple Alẽvi lae nye eƒe gbedoxɔ. 23  Eye du la mehiã ɣe alo ɣleti be woaklẽ ɖe edzi o, elabena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽ ɖe edzi,+ eye Alẽvi lae nye eƒe akaɖi.+ 24  Dukɔwo azɔ le eƒe kekeli me,+ eye anyigbadzifiawo atsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ava eme. 25  Womatu eƒe agbowo le ŋkeke me akpɔ o, elabena zã mado le afi ma o.+ 26  Eye woatsɔ dukɔwo ƒe ŋutikɔkɔe kple bubu ava eme.+ 27  Ke nu makɔmakɔ ɖe sia ɖe kple ame sia ame si wɔa ŋunyɔnu hekaa aʋatso la mage ɖe eme akpɔ o;+ negbe ame siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe Alẽvi la ƒe agbegbalẽ la me koe age ɖe eme.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nya siwo ŋu kakaɖedzi le.”
Alo, “A kple Z.” Alfa kple Omega nye Helagbe me alfabeta ŋɔŋlɔdzesi gbãtɔ kple mamlɛtɔ.
Alo, “femaxee.”
Alo, “ame siwo ƒoa wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Anɔ kilometa 2,220. Stadio ɖeka anɔ meta 185. Kpɔ Megbenyawo B14.
Anɔ meta 64. Kpɔ Megbenyawo B14.