Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?

Ðe Woatsrɔ̃ Anyigba La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Kpao, womatsrɔ̃ anyigba, atɔ dzoe wòafiã, alo awɔ bubu ɖe eteƒe gbeɖe o. Biblia fia nu be Mawu wɔ anyigba la be woanɔ edzi tegbee.

  •   “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

  •   “[Mawu] ɖo anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi; maʋã akpɔ o tso mavɔ me yi mavɔ me.”—Psalmo 104:5.

  •   “Anyigba . . . li tegbee.”—Nyagblɔla 1:4.

  •   “Anyigba la Mèla kple Ewɔla, Ame si ɖo egɔme anyi, menye ɖeko wòwɔe dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.”—Yesaya 45:18.

Ðe amegbetɔwo agblẽ anyigba la?

 Mawu maɖe mɔ be amegbetɔwo nato ɖiƒoƒonuwɔnawo, aʋawɔwɔ alo mɔ bubu aɖeke dzi agblẽ anyigba gbidii o. Ke boŋ ‘atsrɔ̃ ame siwo le anyigba la gblẽm.’ (Nyaɖeɖefia 11:18) Aleke wòawɔ esiae?

 Mawu aɖɔli amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo mete ŋu kpɔ anyigbaa ta o la kple eƒe Dziƒofiaɖuƒe deblibo la. (Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10) Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo ye anye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia. (Yesaya 9:6, 7) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ekpɔ ŋusẽ wɔnuku ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi. (Marko 4:35-41) Eya ta abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene la, Yesu akpɔ ŋusẽ ɖe anyigba la kple emenuwo dzi. Agbugbɔ awɔ alo atrɔ asi le anyigbadzinuwo ŋu woazu yeye, abe ale si wònɔ va yi le Eden-bɔ me ene.—Mateo 19:28; Luka 23:43.

Ðe Biblia megblɔ be woatɔ dzo anyigbaa oa?

 Ao, menye nenemae o. Susu totro sia tso ale si amewo mese 2 Petro 3:7 me nyawo gɔme nyuie o la gbɔ, afi ma gblɔ be: ‘Wodzra dziƒo kple anyigba si li fifia la ɖo ɖi na dzo.’ Kpɔ susu vevi eve siwo kpe ɖe mía ŋu míese nu si nya mawo fia gɔme la ɖa:

  1.   Biblia zãa nya “dziƒo,” “anyigba,” kple “dzo” wofiaa nu vovovowo. Le kpɔɖeŋu me, 1 Mose 11:1 gblɔ be: “Anyigba blibo la katã doa gbe ɖeka.” Le afi sia la, “anyigba” la fia amegbetɔƒomea.

  2.   Nya siwo ƒo xlã 2 Petro 3:7 na míese nu si dziƒo, anyigba kple dzo siwo woyɔ le afi ma fia la gɔme. Hafi Petro nagblɔ nya si le kpukpui 7 me la, eƒo nu tso Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa me nudzɔdzɔa ŋu le kpukpui 5 kple 6 me. Ɣemaɣi la, wotsrɔ̃ blema xexea, gake womewɔ naneke míaƒe anyigba la o. Ke boŋ, Tsiɖɔɖɔa tsrɔ̃ “anyigba” alo ameƒome sẽŋuta la. (1 Mose 6:11) Etsrɔ̃ “dziƒo” tɔgbi aɖe—si nye ame siwo nɔ ameƒomea dzi ɖum ɣemaɣi la hã. Eya ta ame vɔ̃ɖiwoe wotsrɔ̃, ke menye míaƒe anyigba la ŋutɔ o. Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe le xexe ma tsrɔ̃ɣi eye wonɔ anyigba la dzi le Tsiɖɔɖɔa megbe.—1 Mose 8:15-18.

 Abe Tsiɖɔɖɔa ene la, tsɔtsrɔ̃, alo “dzo” si ŋu 2 Petro 3:7 ƒo nu tsoe la ahe ame vɔ̃ɖiwo ƒe xexea va nuwuwui, ke menye anyigba la ŋutɔ o. Mawu do “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” la ŋugbe na mí. (2 Petro 3:13) “Dziƒo yeye” alo dziɖuɖu yeye si nye Mawu Fiaɖuƒea aɖu “anyigba yeye,” alo amegbetɔƒome yeye dzi. Le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te la, anyigbaa azu paradiso si me ŋutifafa axɔ aƒe ɖo.—Nyaɖeɖefia 21:1-4.