Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yame Ƒe Tɔtrɔwo Agblẽ Nu Le Mía Ŋu Ðikaa?—Nya Si Biblia Gblɔ

Ðe Yame Ƒe Tɔtrɔwo Agblẽ Nu Le Mía Ŋu Ðikaa?—Nya Si Biblia Gblɔ

 “Yame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm kura, eye esia nye afɔku gã aɖe. Madidi o, anyigba dzi nɔnɔ asesẽ ale gbegbe.”—The Guardian.

 Amegbetɔwo le kuxi gã aɖe me, eye woawo ŋutɔwoe he kuxi sia va wo ɖokui dzi. Dzɔdzɔmeŋutinunyala geɖe lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔe xexea me ƒe dzoxɔxɔ tso. Xexea ƒe dzoxɔxɔ sia na be yame ƒe nɔnɔme trɔ keŋkeŋ, eye míele emetsonu gbegblẽwo teƒe kpɔm. Emetsonu gbegblẽawo dometɔ aɖewoe nye esiawo:

  •   Dzoxɔxɔ gbãgbãgbã, kuɖiɖi kple ahom sesẽwo, siwo vana edziedzi; eye nu siawo hea tsiɖɔɖɔ gãwo kple dzobibi gblẽnuwo vanɛ zi geɖe.

  •   Tsikpewo kple Artik ƒe tsikpewo ƒe nyinyi.

  •   Atsiaƒu ƒe ɖɔɖɔ.

 Afɔku siawo gblẽ nu le anyigba ƒe akpa sia akpa. Esi nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (New York Times) ƒo nyatakakawo nu ƒu le ale si nuwo le ŋu tso dukɔ 193 mea, wogblɔ be: “Anyigba le avi fam be woaxɔ na ye.” Esi yame ƒe tɔtrɔ wɔe be fukpekpe kple ku va dzidzim ɖe edzi ta la, Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be yame ƒe tɔtrɔ nye “lãmesẽŋutifɔku gã aɖe si dze ŋgɔ amegbetɔƒomea.”

 Gake mɔkpɔkpɔ li. Biblia gblɔ nudzɔdzɔ siwo teƒe kpɔm míele egbea ɖi, eye wògagblɔ nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu awɔ nane tso kuxia ŋu kple nu siwo wòawɔ atsɔ akpɔ egbɔ be anyigba magblẽ kura o la ɖi.

Ðe ale si yame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm egbeae na Biblia ƒe nyagblɔɖiwo va emea?

 Ɛ̃. Xexea me ƒe dzoxɔxɔ si na yame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm sɔ pɛpɛpɛ kple nu siwo Biblia gblɔ ɖi be adzɔ le míaƒe ŋkekea me.

 Nyagblɔɖi: Mawu atsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm.”—Nyaɖeɖefia 11:18.

 Biblia gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava si amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo ana wòadze abe ɖe anyigbaa dome gblẽ vɔ ene. Amegbetɔwo ƒe nuwɔna siwo he xexea me ƒe dzoxɔxɔ vɛ wɔe be anyigba dome gblẽ kura eteƒe mekɔ o.

 Nyagblɔɖia na míekpɔ susu ɖeka si tae mímate ŋu akpɔ mɔ be amegbetɔwo akpɔ anyigba ta o. De dzesii be Mawu atso axɔ na anyigba esime amewo “le anyigba la gblẽm.” Agbagba ɖe sia ɖe si amegbetɔ aɖewo siwo si susu nyui le adze be yewoakpɔ yame ƒe tɔtrɔ ƒe kuxia gbɔ gɔ̃ hã mate ŋu awɔe be amewo nadzudzɔ anyigba gbegblẽ o.

 Nyagblɔɖi: “Woakpɔ nu dovoɖinamewo.”—Luka 21:11.

 Biblia gblɔe ɖi be “nu dovoɖinamewo” alo nu dziŋɔwo adzɔ le míaƒe ŋkekea me. Ale si yame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm wɔe be esia le nu gblẽm le xexea me godoo. Esia wɔe be ame aɖewo tsi dzodzodzoe be anyigba ŋutɔ le tsɔtsrɔ̃ ge.

 Nyagblɔɖi: “Ke nya esia be le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ asesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, . . . ame mawɔnuteƒewo, . . . ame siwo melɔ̃na ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o, . . . yomemɔfialawo, totrilawo.”—2 Timoteo 3:1-4.

 Biblia gblɔ amewo ƒe nɔnɔme siwo ɖem wole fia si wɔe be nu le gbegblẽm le anyigba ŋu nya ɖi. Dziɖuɖuwo kple dɔwɔƒewo tsi dzi ɖe ganyawo ŋu wu amewo ƒe dedienɔnɔ le etsɔme. Nenye be wode ɖoɖowo to me be yewoawɔ dɔ ɖekae gɔ̃ hã, woƒe susuwo toa vovo le nu siwo woawɔ be woatsɔ akpɔ yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ ƒe kuxia gbɔ.

 Nyagblɔɖia ɖee fia be mele be míakpɔ mɔ be amegbetɔwo atrɔ woƒe nɔnɔme awɔ nu siwo akpɔ anyigbaa ta o. Ke boŋ Biblia ɖee fia be ame siwo ɖea ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔmewo fiana “anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi.”—2 Timoteo 3:13.

Nu si tae míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ade nu nyaa me

 Biblia ɖee fia be anyigbaa kple edzinɔlawo siaa le vevie ŋutɔ na Yehowa a Mawu, mía Wɔla la. Kpɔ mawunyakpukpui etɔ̃ siwo ɖee fia be Mawu ade nu nyaa me axɔ na anyigbaa ɖa.

  1.  1. “Menye ɖeko [Mawu wɔ anyigba la] dzodzro o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi.”—Yesaya 45:18.

     Mawu ana tame sia si wòɖo ɖe anyigba la ŋu nava eme. (Yesaya 55:11) Maɖe mɔ woagblẽ anyigbaa ɖikaa alo wòanye teƒe si manya nɔ o.

  2.  2. “Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:11, 29.

     Mawu do ŋugbe be amegbetɔwo anɔ anyigba dzi tegbee le dziɖeɖi blibo me.

  3.  3. “Ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi.”—Lododowo 2:22.

     Mawu do ŋugbe be yeaɖe ame siwo yi edzi le vɔɖivɔ̃ɖim la ɖa le anyigba dzi, siwo dome ame siwo le anyigba gblẽm hã le.

Ale si Mawu ana nuwo nanɔ le etsɔme

 Aleke Mawu ana ŋugbe siwo wòdo ku ɖe anyigba ŋu la nava eme? Ato xexea me katã ƒe dziɖuɖu si woyɔna be Mawu Fiaɖuƒea dzi ana ŋugbedodoawo nava eme. (Mateo 6:10) Fiaɖuƒea anɔ dziƒo aɖu anyigba bliboa dzi. Fiaɖuƒe sia mawɔ ɖeka kple amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo be yewoakpɔ anyigba la kple edzi kuxiwo gbɔ o. Ke boŋ, Mawu Fiaɖuƒea axɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe.—Daniel 2:44.

 Mawu Fiaɖuƒea awɔ nu nyui geɖe na ameƒomea eye wòaɖɔ anyigba dzi kuxiwo katã ɖo. (Psalmo 96:10-13) Kpɔ nu siwo Yehowa Mawu awɔ to eƒe Fiaɖuƒea dzi ɖa.

  •   Aɖɔ anyigba ɖo

     Nya si Biblia gblɔ: “Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

     Ale si esia ava eme: Yehowa aɖɔ anyigba bliboa ɖo. Aɖɔ anyigba ƒe akpa siwo ŋu amegbetɔwo gblẽ nu le vevie hã ɖo.

  •   Aɖɔ yame ƒe nɔnɔme ƒe kuxiwo ɖo

     Nya si Biblia gblɔ: “[Yehowa nana] ahom la dzea akɔ anyi kpoo; ale be ƒutsotsoewo dzea eme.”—Psalmo 107:29.

     Ale si esia ava eme: Ŋusẽ le Yehowa si be wòaɖɔ nu siwo nana yame fãna míamíamía alo xɔa dzo gbãgbãgbã la ɖo. Amegbetɔwo magakpe fu le nu siawo ta o.

  •   Afia nu amegbetɔwo woalé be na anyigba

     Nya si Biblia gblɔ: “Mana gɔmesese deto nasu asiwò, eye mafia mɔ si nàto la wò.”—Psalmo 32:8.

     Ale si esia ava eme: Yehowa de dɔ asi na amegbetɔwo be woalé be na anyigba la. (1 Mose 1:28; 2:15) Afia mí mɔ nyuitɔ si dzi míato alé be na anyigba la nyuie abe aƒedzikpɔla nyuiwo ene, eye mímawɔ naneke si agblẽ nu le anyigba la ŋu o.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?