Daniel 2:1-49

  • Fia Nebukadnezar ku drɔ̃e ɖefuname aɖe (1-4)

  • Nunyala aɖeke mete ŋu ɖe drɔ̃ea gɔme o (5-13)

  • Daniel trɔ ɖe Mawu ŋu hena kpekpeɖeŋu (14-18)

  • Ekafu Mawu be wòɖe nya ɣaɣlawo ɖe go (19-23)

  • Daniel lĩ drɔ̃ea na fia la (24-35)

  • Drɔ̃e la gɔme ɖeɖe (36-45)

    • Fiaɖuƒe ƒe kpe agbã legba la (44, 45)

  • Fia la de bubu Daniel ŋu (46-49)

2  Le Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe evelia me la, Nebukadnezar ku drɔ̃ewo, eye wòtsi dzodzodzoe,*+ ale be alɔ̃ bu ɖee.  Eya ta fia la ɖe gbe be woayɔ akunyawɔlawo, afakalawo, dzotɔwo kple Kaldeatɔwo* vɛ, ne woalĩ fia ƒe drɔ̃eawo nɛ. Eye wova tsi tsitre ɖe fia la ŋkume.+  Eye fia la gblɔ na wo be: “Meku drɔ̃e si na metsi dzodzodzoe* elabena medi be mase drɔ̃e la gɔme.”  Eye Kaldeatɔwo gblɔ na fia la le Aramgbe*+ me be: “Fia nenɔ agbe tegbee. Lĩ drɔ̃e la na wò subɔviwo, ekema míaɖe egɔme.”  Fia la gblɔ na Kaldeatɔwo be: “Nu si meɖo tame kplikpaa be mawɔe nye esi: Ne mielĩ drɔ̃e la heɖe egɔme nam o la, ekema woafli mi kakɛkakɛe, eye miaƒe aƒewo azu nugododeƒewo.*  Ke ne mielĩ drɔ̃e la heɖe egɔme la, ekema miaxɔ nunanawo kple teƒeɖoɖo tso gbɔnye, eye made bubu geɖe mia ŋu.+ Eya ta milĩ drɔ̃e la nam, eye miaɖe egɔme.”  Wogagblɔ zi evelia be: “Fia la nelĩ drɔ̃e la na eƒe subɔviwo, ekema míaɖe egɔme.”  Fia la gblɔ be: “Menyae nyuie be ɣeyiɣi ko dim miele, elabena mienya tame si meɖo kplikpaa.  Ne mielĩ drɔ̃e la nam o la, ekema tohehe ɖeka koe li na mi katã. Ðe mieɖoe be yewoagblɔ alakpanyawo kple ameflunyawo nam va se ɖe esime nuwo natrɔ. Eya ta milĩ drɔ̃e la nam, ekema manyae be miate ŋu aɖe egɔme.” 10  Kaldeatɔwo ɖo eŋu na fia la be: “Amegbetɔ aɖeke mele anyigba dzi, si ate ŋu awɔ nu si dim fia la le o, elabena fiagã alo nutodziɖula aɖeke mebia nu sia tɔgbi tso akunyawɔla alo afakala alo Kaldeatɔ aɖeke si kpɔ o. 11  Nu si biam fia le la sesẽ, eye ame aɖeke meli ate ŋu agblɔe na fia la o, negbe mawuwo ko, ame siwo nɔƒe mele amegbetɔwo* dome o.” 12  Esia na dzi ku fia la, eye wòdo dɔmedzoe helĩhelĩ heɖe gbe be woawu Babilon nunyalawo+ katã. 13  Esi wòde se be woayi aɖawu nunyalawo la, wodi Daniel kple eƒe zɔhɛwo hã be woawu. 14  Ɣemaɣi la, Daniel tsɔ aɖaŋudzedze kple nunya ƒo nu kple fiaŋudzɔlawo ƒe amegã Ariok, ame si tso be yeawu Babilon nunyalawo. 15  Ebia amegã Ariok be: “Nu ka tae fia la de se sesẽ sia ɖo?” Eye Ariok gblɔ nya la na Daniel.+ 16  Eya ta Daniel yi fia la gbɔ ɖabiae be wòana ɣeyiɣi ye, ne yeaɖe drɔ̃ea gɔme na fia la. 17  Emegbe Daniel yi aƒe me, eye wògblɔ nya la na eƒe zɔhɛ Hananiya, Misael kple Azariya. 18  Eye wòbia tso wo si be woado gbe ɖa na dziƒo ƒe Mawu la be wòakpɔ nublanui na yewo le nya ɣaɣla sia ta, ne woagatsrɔ̃ Daniel kple eƒe zɔhɛwo kpe ɖe Babilon nunyala susɔeawo ŋu o. 19  Ale woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã me.+ Eye Daniel kafu dziƒo ƒe Mawu la. 20  Eye Daniel gblɔ be: “Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tso mavɔ me yi mavɔ me,Elabena etɔe nye nunya kple ŋusẽ.+ 21  Eyae trɔa ɣeyiɣiwo kple azãgbewo,+Eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi,+Enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo.+ 22  Eɖea nu goglowo kple nu ɣaɣlawo fiana,+Enya nu si le viviti me,+Eye egbɔe kekeli le.+ 23  Oo tɔgbuinyewo ƒe Mawu, meda akpe na wò hele kafuwòm,Elabena èna nunya kple ŋusẽm. Azɔ èɖe nu si míebia wò la fiam,Èɖe fia ƒe nya la fia mí.”+ 24  Ale Daniel yi Ariok, ame si fia la tia be wòawu Babilon nunyalawo la gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Mègawu Babilon nunyalawo+ dometɔ aɖeke o. Kplɔm yi fia la gbɔe, ne maɖe drɔ̃e la gɔme na fia la.” 25  Ale Ariok kplɔ Daniel yi fia la gbɔ enumake hegblɔ nɛ be: “Mekpɔ ŋutsu aɖe le Yuda ƒe aboyomeawo+ dome, si ate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme na fia la.” 26  Fia la bia Daniel, ame si ŋkɔe nye Beltesazar+ be: “Àte ŋu alĩ drɔ̃e si meku la ahaɖe egɔme nam vavãa?”+ 27  Daniel ɖo eŋu na fia la be: “Nya ɣaɣla si biam fia le la, nunyalawo, afakalawo, akunyawɔlawo alo ɣletivimefakalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o.+ 28  Ke Mawu aɖe le dziƒowo, Ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana;+ eyae ɖe nu siwo ava dzɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuɣi la fia Fia Nebukadnezar. Drɔ̃e si nèku kple ŋutega siwo nèkpɔ esime nèle wò aba dzi lae nye esi: 29  “Oo fia, èle tame bum le nu siwo ava dzɔ la ŋu le wò aba dzi, eye Ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana la ɖe nu si ava dzɔ la fia wò. 30  Ke menye esi nunya le asinye wu agbagbeawo katã tae woɖe nya ɣaɣla sia fiam ɖo o; ke boŋ ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la, eye nànya wò dzimesusuwo tae.+ 31  “Oo fia, èɖo ŋku anyi, eye nèkpɔ legba gã aɖe! Legba la lolo hele dzo dam eteƒe mekɔ o, ele tsitrenu le ŋkuwòme, eye eƒe nɔnɔme dzi ŋɔ. 32  Legba sia ƒe ta nye sika nyuitɔ,+ eƒe akɔta kple eƒe abɔwo nye klosalo,+ eƒe ƒodo kple eƒe atawo nye akɔbli,+ 33  eƒe afɔwo nye gayibɔ,+ eƒe afɔbayawo nye gayibɔ kple tsu tsaka.+ 34  Èle ekpɔm, va se ɖe esime kpe aɖe si menye amegbetɔ ƒe asie kae o la ge va dze legba la ƒe afɔbaya si nye gayibɔ kple tsu tsaka la dzi hegbã wo gudugudu.+ 35  Ale gayibɔ, tsu, akɔbli, klosalo kple sika la siaa gbã gudugudu, eye wozu abe tsro le nukuƒoƒe le dzomeŋɔli ene, eye ya kplɔ wo dzoe, ale be womegakpɔ wo teƒe o. Ke kpe si va dze legbaa dzi la zu to gã aɖe hexɔ anyigba blibo la dzi. 36  “Drɔ̃e lae nye esia, eye azɔ míaɖe egɔme na fia la. 37  Oo fia—wò, ame si nye fiawo dzi fia, wò, ame si dziƒo Mawu la tsɔ fiaɖuƒe,+ ŋusẽ, ŋutete kple bubu na, 38  eye wòtsɔ amegbetɔwo, gbemelãwo kple dziƒoxewo de asiwò me, eye wòtsɔ wò ɖo dziɖulae ɖe wo katã nu la+—wòe nye sikata la.+ 39  “Gake fiaɖuƒe bubu ava ɖe yowòme,+ si made nuwò o; emegbe fiaɖuƒe bubu, si nye etɔ̃lia, akɔblitɔ la ava, eye wòaɖu anyigba blibo la katã dzi.+ 40  “Fiaɖuƒe enelia asesẽ abe gayibɔ+ ene. Ale si gayibɔ gbãa nu, eye wòtua nu sia nu la, nenemae wòagbã fiaɖuƒe siawo katã gudugudu, abe ale si gayibɔ gbãa nu sia nu gudugudui ene.+ 41  “Esi nèkpɔ be afɔbayawo kple afɔbidɛawo ƒe akpa aɖewo nye tsu, eye eƒe akpa aɖewo nye gayibɔ la, efia be fiaɖuƒe la ama, ke gayibɔ ƒe sesẽ anɔ eme, abe ale si nèkpɔ gayibɔ kple tsu tsaka ene. 42  Eye ale si afɔbidɛawo ƒe akpa aɖewo nye gayibɔ kple tsu tsaka la, nenemae fiaɖuƒe la ƒe akpa aɖe asesẽ, eye eƒe akpa aɖe masesẽ o. 43  Ale si nèkpɔ gayibɔ kple tsu tsakae la, nenemae woatsaka kple amegbetɔwo;* ke womalé ɖe wo nɔewo ŋu o, abe ale si ko gayibɔ kple tsu metsakana o ene. 44  “Eye le fia mawo ŋɔli la, dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe+ aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o.+ Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o.+ Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu,+ eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee,+ 45  abe ale si nèkpɔ woka kpe aɖe, ke menye kple amegbetɔ ƒe asi o, wòtso to la dzi va gbã gayibɔ, akɔbli, tsu, klosalo kple sika la gudugudu ene.+ Mawu Gã lae ɖe nu siwo ava dzɔ la fia fia la.+ Drɔ̃e la le eme, eye egɔmeɖeɖe le eteƒe.” 46  Ale Fia Nebukadnezar tsyɔ mo anyi, eye wòde bubu Daniel ŋu. Eye woɖe gbe be woatsɔ nunanawo anɛ, eye woado dzudzɔ ʋeʋĩ nɛ. 47  Eye fia la gblɔ na Daniel be: “Vavãe, miaƒe Mawu la nye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple Ame si ɖea nya ɣaɣlawo fiana, elabena ète ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.”+ 48  Ale fia la do Daniel ɖe dzi, eye wòna nunana nyui geɖewoe, eye wòtsɔe ɖo dziɖula ɖe Babilon fiaɖuƒea ƒe nutowo* katã nu,+ eye wòna wòzu Babilon nunyalawo katã ƒe tatɔ. 49  Eye Daniel bia fia la wòtsɔ Sadrak, Mesak kple Abednego+ ɖo Babilon fiaɖuƒea ƒe nutowo* nu, ke Daniel ŋutɔ ya le fiaƒe me.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “eƒe gbɔgbɔ tsi dzodzodzoe.”
Efia, ame siwo bi ɖe ɣletivimefakaka me.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nye gbɔgbɔ tsi dzodzodzoe.”
Aramgbe mee woŋlɔ Da 2:4b va se ɖe 7:28 ɖo gbã.
Agate ŋu afia, “aɖukpo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutilãwo.”
Alo, “amegbetɔwo ƒe dzidzimeviwo,” efia ame tsɛwo.
Alo, “fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒewo.”
Alo, “fiaɖuƒea ƒe dziɖuƒewo.”