Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?

Ɣekaɣie Mawu Fiaɖuƒea Aɖu Anyigba La Dzi?

Yesu yomedzela wɔnuteƒeawo dometɔ aɖewo di be yewoanya ɣeyiɣi si me Mawu Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme. Yesu na wonya be womate ŋu anya ɣeyiɣi si tututu Fiaɖuƒea aɖu anyigbaa dzi o. (Dɔwɔwɔwo 1:6, 7) Gake do ŋgɔ la, egblɔ na eyomedzelawo be ne wokpɔ nanewo le dzɔdzɔm le ɣeyiɣi ɖeka me la, ekema ‘woadze sii be Mawu Fiaɖuƒe la gogo,’ eye ɣeyiɣia de be wòaɖu xexea dzi.—Luka 21:31.

NU KAWOE YESU GBLƆ BE WOADZƆ?

Yesu gblɔ be: “Dukɔ atso ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu. Anyigba aʋuʋu ŋɔdzitɔe le teƒeteƒewo, eye dɔwuame kple dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo.” (Luka 21:10, 11) Abe asibidɛnufliwo ene la, nudzɔdzɔ siawo katã nye kpeɖodzi si ŋu ɖikeke mele o. Eye abe ale si asibidɛnufliwo nana wonyaa ame si tututu tɔ asibidɛnufliawo nye ene la, nu siawo siwo katã anɔ dzɔdzɔm le ɣeyiɣi ɖeka me la, ana wòadze ƒãa be “Mawu Fiaɖuƒe la gogo.” Ðe nudzɔdzɔ siawo le eme vam le ɣeyiɣi ɖeka me le xexea me godooa? Bu kpeɖodziawo ŋu kpɔ.

1. AƲAWƆWƆWO

Le ƒe 1914 mea, aʋa aɖe si medzɔ kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o la, fe ati! Zi geɖe la, ŋutinyaŋlɔlawo ƒoa nu tso ƒe 1914 ŋu be enye ƒe si me nuwo trɔ kpata le le ŋutinya me, elabe ɣemaɣie xexemeʋa gbãtɔ dzɔ. Aʋa sia na woto aʋawɔʋuwo, yameʋu siwo wua bɔmb, tu siwo dana le wo ɖokui si, aɖiya wuamewo kple nu bubu siwo wua ame la vɛ. Esia he xexemeʋa evelia, si me woto atɔmikʋawɔnuwo hã vɛ le. Tso ƒe 1914 me dzi la, amegbetɔwo wɔa aʋa le teƒeteƒewo, eye wowu ame miliɔn geɖe le aʋawɔwɔwo me.

2. ANYIGBAƲUƲUWO

Britannica Academic ka nya ta be ƒe sia ƒe la, anyigbaʋuʋu gã 100 siwo “gblẽa nu vevie” ye dzɔna. Numekuha aɖe (United States Geological Survey) si le Amerika la ka nya ta be “le akɔntabubu siwo li xoxoxo (tso abe ƒe 1900 ene) ɖee fia be anyigbaʋuʋu gã 16 ye adzɔ ƒe sia ƒe.” Togbɔ be ame aɖewo xɔe se be anyigbaʋuʋuwo dzi ɖe edzi le esi wòle bɔbɔe be woade dzesii fifia wu ta hã la, nya lae nye be, anyigbaʋuʋu gã siwo le dzɔdzɔm le xexea me godoo na ame gbogbo siwo mele xexlẽ me o le fu kpem eye bubuwo ƒe agbe tsi eme.

3. DƆWUAMEWO

Zi geɖe la, aʋawɔwɔ, nu fitifiti wɔwɔ, ganyawo ƒe sesẽ, agbledemɔnuwo ŋu dɔ mawɔmawɔ nyuie kple ɖoɖo nyui mawɔmawɔ ɖe yame ƒe tɔtrɔ kpata abe kuɖiɖi kple tsidzadza gãwo ene ŋu ye nana nuɖuɖu vena le xexea me godoo. Xexeame ƒe Nuɖunyawo Gbɔkpɔha ƒe “Ƒe 2018 Nyatakaka” gblɔ be: “Le xexea me godoo la, ame miliɔn 821 mekpɔa nu ɖuna wòsua wo o, eye dɔ wua wo dometɔ miliɔn 124 ɖia tsi ɖe wo ŋu.” Nunyuimakpɔɖu na ɖevi miliɔn etɔ̃ kple edzivɔ kuna ƒe sia ƒe. Ema gbɔe ɖevi siwo ku le xexea me godoo la ƒe alafa memama 45 tso le ƒe 2011 me.

4. DƆLÉLEWO KPLE DƆ VƆ̃WO

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔ aɖe gblɔ le agbalẽ aɖe me be: “Dɔvɔ̃woe nye nu si ɖe dzesi wu le ƒe alafa 21 lia me. Dɔléle siwo nɔ anyi abe mĩŋɔŋɔ kple xeɖeɖe, dɔvɔ̃ kple asrã (yellow fever) gatrɔ gbɔ, eye dɔléle yeyewo abe SARS, dzamezã, MERS, Ebola kple Zika va do ta ɖa.” Corona dɔvɔã ye nye yeyetɔ si li fifia. Togbɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple ɖɔktawo srɔ̃ nu geɖe tso dɔlélewo ŋu hã la, womete ŋu kpɔ ta na dɔlélewo katã o.

5. XEXEA ME KATÃ ƑE GBEƑÃÐEÐEDƆ

Yesu tɔ asi dzesia ƒe akpa bubu dzi esi wògblɔe ɖi be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Togbɔ be xexea le kuxi sesẽwo me tom hã, ame siwo wu miliɔn enyi siwo tso dukɔwo katã me la le gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 me le dukɔ 240 me. Esia medzɔ le ŋutinya me kpɔ gbeɖe o.

NU KAE DZESIA FIA NA MÍ?

Nu vovovo siwo Yesu gblɔ be woadzɔ la le eme vam egbea. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le esia me? Elabe Yesu gblɔ be: “Ne miekpɔ nu siawo le dzɔdzɔm la, midze sii be Mawu Fiaɖuƒe la gogo.”—Luka 21:31.

Eteƒe madidi o, Fiaɖuƒea akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nyigba dzi

Dzesi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe kple Biblia ƒe akɔntabubuwo kpe ɖe mía ŋu míese egɔme be Mawu ɖo eƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me. a Ɣemaɣie wòɖo Via, Yesu Kristo, wòzu Fia. (Psalmo 2:2, 4, 6-9) Eteƒe madidi o Mawu Fiaɖuƒea ava ɖu anyigba la dzi, aɖe dziɖuɖu siwo katã tsitre ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la ɖa, eye wòana anyigbaa nazu Paradiso be amewo nanɔ edzi tegbee.

Eteƒe madidi o, kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia, si me nya aɖewo gblɔ be: “Wò Fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le anyigba dzi abe ale si wòle le dziƒo ene” la ava eme. (Mateo 6:10) Ke dɔ kae Fiaɖuƒea le wɔwɔm tso esime wòxɔ ŋusẽ le 1914 me? Eye nu kawoe míakpɔ mɔ na ne Fiaɖuƒea va le amegbetɔwo dzi ɖum bliboe?

a Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso ƒe 1914 ŋu le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 32 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.