Hosea 2:1-23

  • Wohe to na Israel mawɔnuteƒe la (1-13)

  • Wotrɔ va Yehowa si nye wo srɔ̃ŋutsu la gbɔ (14-23)

    • “Àyɔm be Srɔ̃nye” (16)

2  “Migblɔ na mia nɔviŋutsuwo be, ‘Nye dukɔ!’*+ Eye na mia nɔvinyɔnuwo be, ‘Oo nyɔnu si wokpɔ nublanui na!’*+   Mihe nya ɖe mia dada ŋu; mihe nya ɖe eŋu,Elabena menye srɔ̃nyee wònye o,+ eye nye hã nyemenye srɔ̃a o. Neɖe gbolowɔwɔ ɖa le eɖokui gbɔ,Kple ahasiwɔwɔ ɖa le eƒe nowo domee,   Ne magaɖe amae ana wòanɔ abe gbe si gbe wodzii ene o,Ne nyemagawɔe abe gbegbe eneAhana wòanɔ abe kuɖiɖinyigba ene,Eye mana tsikɔ nawui wòaku o.   Nyemakpɔ nublanui na viawo o,Elabena ahasiviwo wonye.   Elabena wo dada wɔ gbolo.+ Eya ame si fɔ woƒe fu la wɔ ŋukpenanu,+ elabena egblɔ be:‘Medi be madze nye ahiãviwo yome,+Ame siwo naa abolo kple tsi,Lãfuwu kple aklala, ami kple nunonom.’   Eya ta matsɔ ŋù atɔ kpɔ ɖe eƒe mɔ ŋu;Eye maɖo gli ɖe eŋu,Ale be magakpɔ etoƒe o.   Adze eƒe ahiãviwo yome, ke matu wo o;+Adi wo, ke makpɔ wo o. Ekema agblɔ be, ‘Medi be matrɔ ayi srɔ̃nye gbãtɔ gbɔ,+Elabena eme nyo nam ɣemaɣi wu fifia.’+   Medze sii be nyee na agblemenuku,+ wain yeye kple amii o,Eye be nyee na klosaloKple sika, siwo wòzã le Baal subɔsubɔ me la, bɔ ɖe esi o.+   ‘Eya ta magbugbɔ axɔ nye nuku ne eƒe ɣeyiɣi ɖoKple nye wain yeye ne eƒe azã de,+Eye maxɔ nye lãfuwu kple nye aklala si wòtsɔna tsyɔa eƒe amae la. 10  Azɔ maklo nu le eƒe ama dzi le eƒe ahiãviwo ŋkume,Eye ame aɖeke maxɔe le asinye o.+ 11  Mana eƒe aseyetsotso,Eƒe ŋkekenyui,+ eƒe dzinu yeye, eƒe sabat kple eƒe azãɖuɣiwo katã nu natso. 12  Magblẽ eƒe wainka kple eƒe gboti siwo ŋu wògblɔ le be, “Esiawoe nye fetu si nye ahiãviwo nam”;Mana woazu ave,Eye gbemelãwo avuvu wo. 13  Mabia akɔntae ɖe ŋkeke siwo me wòdo dzudzɔ na Baal legbawo,+Esime wòtsɔ eƒe togɛ kple eƒe atsyɔ̃ɖonu ɖo atsyɔ̃e hedze eƒe ahiãviwo yomeEye wòŋlɔm be,’+ Yehowa ye gblɔe. 14  ‘Eya ta mable enu,Makplɔe ayi gbegbe,Eye maƒo nu wòade dzi gbɔ nɛ. 15  Magbugbɔ eƒe waingblewo nɛ tso ɣemaɣi,+Eye matsɔ Akor Bali+ la nɛ wòanye mɔkpɔkpɔ ƒe agbo nɛ.Atɔ nam le afi ma abe le eƒe ɖetugbuimeŋkekewo me ene,Abe gbe si gbe wòʋu tso Egipte-nyigba dzi ene.+ 16  Ava eme gbe ma gbe be,Àyɔm be Srɔ̃nye, eye màgayɔm be Aƒetɔ* azɔ o,’ Yehowa ye gblɔe. 17  ‘Maɖe Baal legbawo ƒe ŋkɔwo ɖa le eƒe nu me,+Eye woƒe ŋkɔ magava ame ƒe tame azɔ o.+ 18  Gbe ma gbe mabla nu kple gbemelãwo,+Dziƒoxe dzodzoewo kple nu siwo tana le anyigba dzi;+Maɖe dati kple yi kpakple aʋawɔwɔ ɖa le anyigba la dzi,+Eye mana woatsyɔ akɔ ɖi bɔkɔɔ.*+ 19  Mana nànye nye ŋugbetɔ ɖaa,Eye mana nànye nye ŋugbetɔ le dzɔdzɔenyenye, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃,Amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ me.+ 20  Mana nànye nye ŋugbetɔ le nyateƒe me,Eye àdze si Yehowa.’+ 21  ‘Eye wòava eme gbe ma gbe be matɔ,’ Yehowa ye gblɔe,‘Matɔ na dziƒowo,Eye woawo hã woatɔ na anyigba;+ 22  Anyigba atɔ na nuku kple wain yeye kpakple ami;Eye woawo hã woatɔ na Yezreel.*+ 23  Maƒãe ɖe anyigba abe nuku ene na ɖokuinye,+Makpɔ nublanui na nyɔnu si womekpɔ nublanui na o;*Magblɔ na ame siwo menye nye dukɔ o* la be: “Nye dukɔ mienye,”+ Eye woawo woagblɔ be: “Mía Mawu nènye.”’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Kpɔ Ho 1:6 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Kpɔ Ho 1:9 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Alo, “Nye Baal.”
Alo, “woanɔ anyi dedie.”
Egɔmee nye, “Mawu Aƒã Nuku.”
Kpɔ Ho 1:6 ƒe etenuŋɔŋlɔ.
Kpɔ Ho 1:9 ƒe etenuŋɔŋlɔ.