Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?

Ðe Amegbetɔwo Agblẽ Anyigbaa Gbidiia?

“Dzidzime nu yina, eye bubu vana; ke anyigba ya li tegbee.”—FIA SALOMO, ƑE ALAFA 11 LIA DO ŊGƆ NA YESU (D.Y.) *

Le Biblia ŋlɔla sia ƒe susu nu la, amegbetɔ ƒe agbenɔƒe le kpuie ŋutɔ ne wotsɔe sɔ kple anyigba si li tegbee la. Nyateƒee, ƒe akpe geɖe ye nye esia la, dzidzimewo nu yina eye bubuwo vana, ke Anyigba ya kpɔtɔ li eye ŋutete gale eŋu be wòalé agbe ɖe te, va se ɖe fifia.

Tso Xexemeʋa II lia megbe la, tɔtrɔwo va xexea me kabakaba wu tsã. Le dzidzime ɖeka pɛ ko me la, amewo kpɔ eteƒe xexea wɔ ŋgɔyiyi le mɔzɔnyawo, kadodomɔnuwo, kple mɔ̃ɖaŋununya bubuwo me, si wɔe be tɔtrɔ gã si tɔgbi menɔ anyi kpɔ o la va ganyawo me. Nuwo va dze edzi na ame geɖe wu ale si wosusui. Ɣemaɣi tututu la, anyigbadzinɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ sɔŋ.

Ke hã ŋgɔyiyi mawo katã gblẽ nu le anyigbaa ŋu le mɔ aɖe nu. Wogblɔ be amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo le nu gblẽm le anyigbaa ŋu ale gbegbe be esusɔ vie magate ŋu alé agbe ɖe te o. Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔ be míeva ɖo ɣeyiɣi aɖe si me amegbetɔwo ƒe nuwɔnawo gblẽ nu le míaƒe anyigbaa ŋu wu gbɔgblɔ.

Biblia gblɔe ɖi tso blema ke be ɣeyiɣi aɖe ava la, amegbetɔwo ‘agblẽ anyigba la.’ (Nyaɖeɖefia 11:18) Ame aɖewo biana be ɖe woanye be ɣeyiɣi ma mee míele fifia mahã. Ðe woagagblẽ nu le anyigba la ŋu wu esia? Ðe woagblẽ anyigbaa kaka wòagbɔ dzadzraɖo me ayia? Ðe amegbetɔwo agblẽ anyigbaa gbidiia?

 ÐE WOAGBLẼ ANYIGBAA ÐIKAA?

Ðe anyigba la gbegblẽ ɖo ta afi si womagate ŋu awɔ naneke le eŋu oa? Dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo gblɔ be asesẽ ŋutɔ be woanya ale si tɔtrɔawo ava gblẽ nu le anyigba ŋui le etsɔme. Le esia ta, wotsi dzimaɖi be ate ŋu anye be míele tetem ɖe yame ƒe nɔnɔme ƒe tɔtrɔ kpata siwo awɔe be nu sia nu nagblẽ kura la ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, bu nu si woyɔna be West Antarctic Ice Sheet (Ɣetoɖoƒe Antarktika Tsikpe Gbadza) la ŋu kpɔ. Ame aɖewo susui be ne yamenutome kple atsiaƒutsi ƒe dzoxɔxɔ nu le sesẽm ɖe edzi abe ale si wòle fifia ene la, ava ɖo teƒe aɖe si womate ŋu awɔ naneke be tsikpea naganyi o. Nu si tae nye be le dzɔdzɔme nu la, tsikpe gbadzaa la trɔa mɔ na dzoxɔxɔ dona ɖe yame. Gake esi tsikpea le nyinyim hele vɔvɔm ta la, atsiaƒutsi si le ete, si metea ŋu trɔa mɔ na dzoxɔxɔ o la va tsia anyi. Atsiaƒutsia, si me do viviti ya léa dzoxɔxɔ ɖi, eye esia gadoa tsɔtsɔe tsikpea ƒe nyinyi. Ne edzɔ alea la, ɖeko esia ana tsikpea nanɔ nyinyim ɖaa. Tsikpea ƒe nyinyi ana atsiaƒutsiwo nayɔ agbagba, eye esia ate ŋu ahe afɔku avɛ na ame miliɔn alafa geɖe.

WOLE ANYIGBADZINUWO ZÃM WÒGBƆ EME

Dukɔwo wɔ ɖoɖo vovovo siwo dzi woato akpɔ tɔtrɔ kpata siwo ava anyigbaa dzi le etsɔme gbɔ la ɖi. Wo dometɔ ɖeka si dzi woda asi ɖo ɣeyiɣi didi aɖe enye sia lae nye be woawɔ ɖoɖo ɖe ganyawo ƒe ŋgɔyiyi kple amegbetɔ ƒe dzidzi ɖe edzi ŋu ale gbegbe be woagagblẽ nu le ŋutete si le anyigbaa ŋu be wòalé agbe ɖe te la ŋu o. Vi kae wòɖe?

Nublanuitɔe la, abe ale si ko xexea ƒe ganyawo yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi ene la, nenema kee woyi edzi le anyigbadzinuwo dome gblẽm madzudzɔmadzudzɔe. Amegbetɔwo le anyigbadzinuwo zãm wògbɔ eƒe ŋutete ŋu. Ðe woate ŋu awɔ nane tso eŋua? Nu gbagbewo kple wo nɔƒewo dome ƒomedodo ŋuti nunyala aɖe gblɔ kã be: “Ne míagblɔe la, míenya naneke tso ale si míawɔ alé be na anyigbaa nyuie ŋu o.” Eƒe nyaa sɔ kple nya si Biblia gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la, menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”Yeremiya 10:23.

Gake Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu, ame si nye Wɔla la, maɖe mɔ amegbetɔwo nagblẽ anyigbadzinuwo katã dome o. Psalmo 115:16 gblɔ be: “[Mawu  tsɔ] anyigba na amegbetɔviwo.” Ɛ̃, anyigba la nye “nunana nyui” aɖe si mía Fofo si le dziƒo la na mí. (Yakobo 1:17) Ðe nu si Mawu na mí la anɔ anyi ɣeyiɣi aɖe ko enu nayia? Gbeɖe! Ale si Mawu wɔ anyigba la ŋutɔ hã ɖee fia be enu mayi o.

TAME SI WƆLA LA ÐO ÐE ANYIGBAA ŊU

Biblia gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒo nu tso ɖoɖo si nu Mawu wɔ anyigba kple edzinuwo ɖo aɖaŋutɔe la ŋu tsitotsito. Le gɔmedzedzea me la, wogblɔ be “anyigba le nyama, nɔnɔme meli nɛ o, ele ƒuƒlu.” Gake wogblɔ be “tsi,” si léa agbe ɖe te la, nɔ anyigba la dzi. (1 Mose 1:2) Eye Mawu gblɔ be: “Kekeli nedo!” (1 Mose 1:3) Edze ƒãa be ɣemaɣi la, ɣe ƒe keklẽ ge ɖe alilia me, si wɔe be wokpɔ kekeli zi gbãtɔ le anyigba dzi. Eyome woƒo nu tso ale si Mawu ma anyigba la tso atsiaƒu gbɔe la ŋu. (1 Mose 1:9, 10) Emegbe “anyigba mie gbe fẽwo, nu miemie, siwo tsea ku wo tɔ wo tɔwoe, kple ati, siwo tsena, siwo me ku le, wo tɔ wo tɔwoe.” (1 Mose 1:12) Esiawo wɔe be nu siwo hiã be agbe nanya nɔ le anyigba dzi la katã sɔ gbe. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ŋutete si le nu miemiewo si be wona nuɖuɖu kple ya nyui mí. Taɖodzinu kae le dzadzraɖo gbogbo siawo gbegbe ŋu?

Nyagblɔɖila Yesaya si nɔ anyi le blema la gblɔ tso Mawu ŋu be “eya ame si mè anyigba, eye wòwɔe; eya ame si ɖoe anyi, menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Edze ƒãa be ɖe Mawu wɔ anyigbaa be amegbetɔwo nanɔ edzi tegbee.

Nublanuitɔe la, amegbetɔwo melé be na Mawu ƒe nunana nyui sia o, ke boŋ wole edome gblẽm. Ke hã tame si Wɔla la ɖo ɖe anyigbaa ŋu metrɔ o. Ŋutsu aɖe si nɔ anyi le blema gblɔ la be: “Mawu menye amegbetɔ wònye, ne wòaka aʋatso o, eye menye amegbetɔwo ƒe vi wònye, ne wòatrɔ nya o. Ðe wòagblɔ nya, eye mawɔ edzi oa?” (4 Mose 23:19) Le nyateƒe me la, Mawu maɖe mɔ woagblẽ anyigba la keŋkeŋ o, ke boŋ ɣeyiɣi si Mawu “[ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm” dzi la le du dzi gbɔna.Nyaɖeɖefia 11:18.

ANYIGBAA ANYE MÍAƑE AƑE TEGBEE

Yesu Kristo gblɔ le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5) Le todzimawunya ma ke me la, Yesu ƒo nu tso mɔ si dzi Mawu ato akpɔ  anyigbaa ta be woagagblẽ edome keŋkeŋ o la ŋu. Egblɔ na eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” Ɛ̃, Mawu Fiaɖuƒea, alo eƒe dziɖuɖua, ana tame si Mawu ɖo ɖe anyigbaa ŋu la nava eme.Mateo 6:10.

Mawu gblɔ tso tɔtrɔ wɔnuku siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ ŋu be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.” (Nyaɖeɖefia 21:5) Ðe esia fia be Mawu le anyigba bubu wɔ ge ɖe esia teƒea? Ao, elabena naneke megblẽ le míaƒe anyigbaa ŋutɔ ŋu le dzɔdzɔme nu o. Ke boŋ Mawu atsrɔ̃ “ame siwo le anyigba la gblẽm” alea, si fia be, aɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo li egbea kple woƒe nuɖoanyiwo ɖa. “Dziƒo yeye kple anyigba yeye,” si nye dziɖuɖu si le dziƒo, alo Mawu Fiaɖuƒea, si anɔ ameƒome si le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm dzi ɖum, la ava xɔ ɖe esiawo katã teƒe.Nyaɖeɖefia 21:1.

Mawu agbugbɔ ado ŋusẽ ŋutete si le anyigbaa ŋu be wòaɖɔ eɖokui ɖo la atsɔ aɖɔ nu siwo katã amegbetɔwo gblẽ le anyigba ŋu la ɖo. Esi hakpalaa nɔ nu ƒom tso nu si Mawu awɔ ŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wògblɔ be: “Èléa be na anyigba la, ènana wòwɔa nu eye wònyoa nu ale gbegbe.” Ne tsidzaɣi, nuƒãɣi kple nuŋeɣi va ɖe woƒe ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ eye Mawu ƒe yayra hã le edzi la, anyigba la azu paradiso eye nuɖuɖu abɔ ɖe edzi fũu.Psalmo 65:9-13, NW.

Mohandas Gandhi, si nye India subɔsubɔhakplɔla ƒe agbalẽŋlɔla, Pyarelal, gblɔ be: “Anyigbaa wɔa nu geɖe si asu na ame sia ame ƒe hiahiã gake menye na ame sia ame ƒe ŋukeklẽ o.” Mawu Fiaɖuƒea ana amewo natrɔ woƒe dziwo atsɔ akpɔ nu si koŋ gbɔ wòtso be wogblẽ anyigbaa alea la gbɔ. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔe ɖi be, le Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, amewo “[mawɔ] vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava” wo nɔewo dzi loo alo anyigbaa dzi o. (Yesaya 11:9) Le nyateƒe me la, ame ƒomevi vovovo miliɔn geɖe le Mawu ƒe se kple ɖoɖo dzɔdzɔewo srɔ̃m fifia. Wole nu fiam wo be woalɔ̃ Mawu kple wo haviwo, woanye akpedalawo, woalé be na anyigbaa kple edzinuwo nyuie, eye woanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple tame si Wɔla la ɖo ɖe anyigbaa kple amegbetɔwo ŋu. Wole wo dzram ɖo fifia be woava nɔ agbe le paradisonyigba la dzi.Nyagblɔla 12:13; Mateo 22:37-39; Kolosetɔwo 3:15.

Anyigba la xɔ asi na Mawu ale gbegbe be maɖe mɔ woagblẽe gbidii o

Xexemewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me la wu enu kple nya siawo be: “Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:31) Vavãe, anyigba la xɔ asi na Mawu ale gbegbe be maɖe mɔ woagblẽe gbidii o. Nyanya be etsɔme nyui aɖe li na míaƒe anyigba la eye wòle dedie le mía Wɔla lɔ̃ame, Yehowa Mawu, si me la faa akɔ na mí. Eya ŋutɔ do ŋugbe be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Neva eme be wò hã nànɔ ‘ame dzɔdzɔe’ siwo agblɔ be anyigba la nye yewoƒe aƒe tegbee la dome.

^ mm. 3 Àkpɔe le Biblia me, le Nyagblɔla 1:4.