Yesaya 35:1-10

  • Paradiso gbugbɔɖoanyi (1-7)

    • Ŋkuagbãtɔwo akpɔ nu; tokunɔwo ase nu (5)

  • Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ na ame siwo woxɔ (8-10)

35  Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ,+Tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.+   Aƒo se;+Akpɔ dzidzɔ eye wòatso aseye. Woatsɔ Lebanon ƒe ŋutikɔkɔe anɛ,+Woatsɔ Karmel+ kple Saron+ ƒe atsyɔ̃ anɛ. Woakpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe, mía Mawu ƒe atsyɔ̃.   Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo,Eye mido ŋusẽ klo siwo le ƒoƒom.+   Migblɔ na ame siwo tsi dzimaɖi la be: “Misẽ ŋu. Migavɔ̃ o. Kpɔ ɖa! Mia Mawu ava kple hlɔ̃biabia,Mawu ava kple teƒeɖoɖo.+ Ava ɖe mi.”+   Ɣemaɣi la, ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu,+Eye tokunɔwo ƒe to aʋu.+   Ɣemaɣi la, bunɔwo ati kpo abe zi ene,+Eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.+ Elabena tsi aŋɔ tso gbegbe,Eye tɔsisi atso tagba.   Bleziblezi azu ta,Eye kuɖiɖinyigba azu tsidzɔƒe.+ Agbotoewo nɔƒe, afi si wotsyɔa akɔ ɖo la+Azu afi si gbe, aɖa kple aƒla mie ɖo.   Mɔ gã aɖe anɔ afi ma,+Ɛ̃, woayɔe be Kɔkɔenyenye ƒe Mɔ. Ame makɔmakɔ aɖeke mato edzi o.+ Anye toƒe na ame siwo zɔna le mɔ la dzi,Eye bometsila aɖeke matra ava to edzi o.   Dzata aɖeke manɔ afi ma o,Eye lã wɔadã aɖeke mato edzi o. Womakpɔ wo le afi ma o;+Ame siwo wogbugbɔ ƒle la koe ato afi ma.+ 10  Ame siwo Yehowa xɔ ƒle la atrɔ agbɔ,+ eye woava Zion kple aseyetsotso.+ Dzidzɔ mavɔ anɔ ta na wo wòanye woƒe atsyɔ̃.+ Woakpɔ dzidzɔ atso aseye,Eye nuxaxa kple hũɖeɖe abu ɖe wo.+

Etenuŋɔŋlɔ