Marko 4:1-41

  • FIAÐUƑEA ŊUTI LODODOWO (1-34)

    • Nukuwula (1-9)

    • Nu si ta Yesu zã lododowo (10-12)

    • Nukuwula ƒe lododoa gɔme ɖeɖe (13-20)

    • Womesia akaɖi dana ɖe kusi te o (21-23)

    • Dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem (24, 25)

    • Nukuwula si dɔ alɔ̃ (26-29)

    • Sinapi-ku (30-32)

    • Lododowo zazã (33, 34)

  • Yesu blu ɖe ya ta, eye wòtɔ te (35-41)

4  Yesu gadze nufiafia gɔme le ƒua ta, eye ameha gã aɖe ŋutɔ ƒo ƒu ɖe eŋu. Eya ta ege ɖe tɔdziʋu aɖe me, eye wòbɔbɔ nɔ eme le ƒua dzi le adzɔge tso ƒua nu, ke ameha blibo la le ƒua nu.+  Eye wòfia nu geɖe wo le lododowo me.+ Esime wòle nua fiam wo la, egblɔ na wo be:+  “Mise ɖa. Nukuwula do go yi nuku wu ge.+  Esi wòle nukua wum la, nuku aɖewo ge ɖe mɔ to, eye xeviwo va fɔ wo mi.  Bubuwo ge ɖe kpenyigba dzi, afi si womekpɔ anyi sɔgbɔ le o, eye womie enumake, elabena anyia mede to o.+  Esi ŋdɔ ʋu la, ŋdɔkutsu ɖu wo, eye woyrɔ, elabena woƒe ke meyi to o.  Nuku bubuwo ge ɖe ŋùwo me, eye ŋùawo vu tsyɔ wo dzi, eye wometse ku aɖeke o.+  Ke bubuwo ge ɖe anyigba nyui dzi, eye esi womie la, wotsi, eye wode asi tsetse me, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo teƒe blaade, eye ɖewo teƒe alafa ɖeka.”+  Eye wògblɔ kpee be: “Ame si to senu li na la, nesee.”+ 10  Ke esi eya ɖeka li la, ame siwo le eŋu kple Ame Wuieveawo bia nu si lododoawo fia lae.+ 11  Egblɔ na wo be: “Miawo la, wona miese Mawu Fiaɖuƒe la ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe+ la gɔme, ke ame siwo le egodo ya la, nuwo katã le lododowo me na wo,+ 12  ale be togbɔ be wole nu kpɔm hã la, womakpɔ nu adze sii o, eye togbɔ be wole nu sem hã la, womase egɔme o; eye womatrɔ gbeɖe ne woatsɔe ake wo o.”+ 13  Egagblɔ na wo hã be: “Miese lododo sia gɔme oa? Ekema aleke miawɔ ase lododo bubuawo katã gɔme? 14  “Nukuwulaa le nya la wum.+ 15  Ke esiwo le mɔ to afi si wowu nya la ɖo lae nye ame siwo ne wonya se nyaa ko la, Satana vana,+ eye wòɖea nya si wowu ɖe wo me la dzonɛ.+ 16  Eye esiwo wowu ɖe kpenyigba dzi lae nye ame siwo ne wose nya la ko la, woxɔnɛ enumake kple dzidzɔ.+ 17  Gake womelia ke le wo ɖokuiwo me o, ke boŋ wonɔa anyi ɣeyiɣi aɖe ko; eye ne xaxa alo yometiti nya va le nya la ta ko la, wogbea nu le xɔse la gbɔ.* 18  Eye wowu bubuwo hã ɖe ŋùwo me. Woawoe nye ame siwo se nya la,+ 19  gake nuɖoanyi* sia me dzimaɖitsitsiwo+ kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ+ kpakple nu bubuawo katã ƒe amedzodzro+ gena ɖe wo me hevuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o. 20  Mlɔeba esiwo wowu ɖe anyigba nyui dzi la woe nye ame siwo sea nya la, eye woxɔnɛ nyuie, eye wotsea ku, ɖewo teƒe blaetɔ̃, ɖewo teƒe blaade, eye ɖewo teƒe alafa ɖeka.”+ 21  Eye wògagblɔ na wo be: “Ðe wosia akaɖi dana ɖe kusi* alo abati tea? Menye akaɖiti dzi boŋ ye wosinɛ dana ɖo oa?+ 22  Elabena womeɣla naneke, si womava ɖe ɖe go o; eye wometsyɔ nu naneke dzi nyuie, si dzi womava klo nu le o.+ 23  Ame si to senu li na la, nesee.”+ 24  Egagblɔ na wo be: “Milé to ɖe nya si sem miele la ŋu nyuie.+ Dzidzenu si mietsɔ le nu dzidzem na amewo la, eya kee woatsɔ adzidze nu na miawo hã, ɛ̃, woagade edzi na mi akpee. 25  Elabena ame si si nu le la, woatsɔ geɖe akpee nɛ,+ ke ame si si nu mele o la, woaxɔ nu si le esi la gɔ̃ hã le esi.”+ 26  Eye wògagblɔ be: “Mawu Fiaɖuƒe la le abe ale si ame wua nuku ɖe anyigba ene. 27  Eye wòdɔa alɔ̃ le zã me, eye wòfɔna le ŋkeke me, eye nukuawo miena hetsina—gake menyana ale si tututu wòdzɔna ya o. 28  Anyigba la ŋutɔ nana nuku wɔna le eɖokui si vivivi: gbã la, aŋgba dona, emegbe eƒoa se, eye mlɔeba etsea ku. 29  Ke ne kutsetsea tsi ko la, edoa hɛ gobɛ ɖa, elabena nuŋeɣi ɖo.” 30  Eye wògagblɔ be: “Nu kae míatsɔ Mawu Fiaɖuƒe la asɔ kplii, alo lo kae míado atsɔ aɖe eme? 31  Esɔ kple sinapi-ku,* si nye anyigbadzinuku suetɔ le eƒãɣi.+ 32  Ke ne woƒãe la, etsina, eye wòva lolona wu abɔmenu miemiewo katã, eye wòɖea alɔ gãwo, ale be dziƒoxewo tea ŋu nɔa eƒe vɔvɔli te.” 33  Aleae wògblɔa nya nyui la na wo to lododo+ sia ƒomevi geɖewo me, zi ale si woate ŋu ase wo gɔme ko. 34  Le nyateƒe me la, meƒoa nu na wo ne menye le lododo me o, ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gɔme na wo.+ 35  Eye gbe ma gbe, esi fiẽsi ɖo la, egblɔ na wo be: “Mina míayi go kemɛ dzi.”+ 36  Eya ta esi woɖe asi le ameha la ŋu vɔ la, ekpɔtɔ nɔ ʋua me, eye wokui yii; tɔdziʋu bubuwo hã kpe ɖe eŋu.+ 37  Azɔ ya sesẽ aɖe de asi ƒoƒo me, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe tɔdziʋua me ale gbegbe be esusɔ vie ʋua nanyrɔ.+ 38  Ke eya ŋutɔ le tɔdziʋua ƒe megbe lɔƒo, ziɔ suɖui, nɔ alɔ̃ dɔm. Eya ta wonyɔe hebiae be: “Nufiala, mètsɔ ɖeke le eme be míeku vɔ oa?” 39  Esi wòfɔ la, eblu ɖe ya la ta, eye wògblɔ na ƒu la be: “Zi ɖoɖoe! Dze akɔ anyi!”+ Ale yaƒoƒo la tɔ, eye ɖoɖoe zi toŋtoŋtoŋ. 40  Ebia wo be: “Nu ka tae vɔvɔ̃ ɖo mi nenema gbegbe? Ðe xɔse mele mia si haɖe oa?” 41  Ke vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ, eye wobia wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Yaƒoƒo kple atsiaƒu gɔ̃ hã ɖoa toe.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ezua nukikli na wo.”
Alo, “nudokusi.”
Enye atiku sue aɖe si le Palestina-nyigba dzi. Eƒe atia tea ŋu kɔna dea meta 4 eye wòɖea alɔ.