1 Mose 2:1-25

  • Mawu dzudzɔ le ŋkeke adrelia dzi (1-3)

  • Yehowa Mawu, dziƒo kple anyigba Wɔla (4)

  • Ŋutsu kple nyɔnu le Eden-bɔ me (5-25)

    • Wotsɔ anyi mè ame (7)

    • Sidzedze ƒe ati si ŋu wode se ɖo (15-17)

    • Nyɔnu wɔwɔ (18-25)

2  Ale wowu dziƒo kple anyigba kpakple wo me nuwo* katã wɔwɔ nu.+  Eye kaka ŋkeke adrelia naɖo la, Mawu wu dɔ si wɔm wònɔ la nu, eye wòte ɖiɖi ɖe eme le ŋkeke adrelia dzi tso dɔ siwo katã wɔm wònɔ la me.+  Eye Mawu yra ŋkeke adrelia eye wòwɔe kɔkɔe, elabena eyae nye ŋkeke si dzi Mawu le dzudzɔm tso dɔ siwo katã wòwɔ la me, ewɔ nu siwo katã wòɖo tame be yeawɔ la.  Esiae nye dziƒo kple anyigba ƒe ŋutinya le wo wɔɣi, le ŋkeke si Yehowa* Mawu wɔ anyigba kple dziƒo.+  Gbemeti aɖeke mele anyigba la dzi haɖe o, eye gbe aɖeke hã memie haɖe o, elabena Yehowa Mawu mena tsi dza ɖe anyigba la dzi o, eye ame aɖeke meli ade agble ɖe anyigba la dzi o.  Ke afu dona tso anyigba me eye wònyɔ́na ɖe anyigba la katã dzi.  Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame,+ eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me,+ eye ame la zu ame* gbagbe.+  Eye Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden,+ le ɣedzeƒe gome; eye wòtsɔ ame si wòmè la ɖo afi ma.+  Eye Yehowa Mawu na ati siwo katã nya kpɔ, eye wonyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; agbeti+ la hã le abɔ la titina hekpe ɖe sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la ŋu.+ 10  Tɔ aɖe sina tso Eden hedea tsi abɔ la, eye tɔsisi la dze alɔ ene* tso afi ma. 11  Gbãtɔ ŋkɔe nye Pison; eyae ƒo xlã Havila-nyigba la katã, afi si sika le. 12  Anyigba ma ƒe sika nyo. Bedolak-ŋe* kple oniks-kpe hã le afi ma. 13  Tɔsisi evelia ŋkɔe nye Gihon; eyae ƒo xlã Kus-nyigba la katã. 14  Tɔsisi etɔ̃lia ŋkɔe nye Hidekel;*+ eyae ɖo ta Asiria ƒe ɣedzeƒe gome.+ Eye tɔsisi eneliae nye Frat.+ 15  Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ la me be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.+ 16  Eye Yehowa Mawu de se sia hã na ame la be: “Àte ŋu aɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa.+ 17  Ke sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atia ya la, mègaɖu eƒe tsetse aɖeke o, elabena gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe la, ku kee nàku.”+ 18  Eye Yehowa Mawu gblɔ be: “Menyo be ame la ɖeka ko nanɔ anyi o. Mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ la nɛ.”+ 19  Ke Yehowa Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo katã, eye wòkplɔa wo vaa ame la gbɔ be yeakpɔ ale si wòayɔ wo dometɔ ɖe sia ɖee ɖa; eye ale si ame la yɔ nu gbagbe* ɖe sia ɖee la, emae nye eƒe ŋkɔ.+ 20  Eye ame la tsɔ ŋkɔ na aƒemelãwo katã kple dziƒoxe dzodzoewo kple gbemelãwo katã, ke kpeɖeŋutɔ aɖeke meli si asɔ na amea ya o. 21  Eya ta Yehowa Mawu na ame la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi, eye esi wòle alɔ̃ me la, eɖe eƒe agbaƒuti ɖeka, eye wòtre lã si le teƒea. 22  Eye Yehowa Mawu tsɔ agbaƒuti si wòɖe le amea me la wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va ame la gbɔe.+ 23  Eye ame la gblɔ be: “Azɔ ko! Esiae nye ƒu tso nye ƒu me,Kple lã tso nye lã me. Woayɔe be Nyɔnu,Elabena ŋutsu mee woɖee tsoe.”+ 24  Esia tae ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòaku ɖe srɔ̃a ŋu,* eye woazu ŋutilã ɖeka.+ 25  Ke wo ame evea wole amama,+ ame la kple srɔ̃a, eye ŋu mekpea wo o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “wo me nu gbogboawo.”
Afi siae nye teƒe gbãtɔ si Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si ɖe dzesi, si nye יהוה (YHWH) dze le. Kpɔ Megbenyawo A4.
Alo, “luʋɔ.” Hebrigbe nephesh, ne woaɖe egɔme tẽe la, efia, “nu si gbɔna.” Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eye wòdze ta ene.”
Bedolak-ŋe nye atike ʋeʋĩ aɖe si woɖena tso ati aɖewo me.
Alo, “Tigris.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “wòanɔ srɔ̃a gbɔ.”