Yesaya 45:1-25

  • Wosi ami na Kores be wòaɖu Babilon dzi (1-8)

  • Tsu mate ŋu ahe nya ɖe Zemela ŋu o (9-13)

  • Dukɔ bubuwo de dzesi Israel (14-17)

  • Woate ŋu aka ɖe Mawu dzi le eƒe nuwɔwɔwo kple ɖeɖefiawo ta (18-25)

    • Ðe wowɔ anyigba be woanɔ edzi (18)

45  Ale Yehowa gblɔ na Kores,+ eƒe amesiamina,Ame si ƒe nuɖusi melé,+Ne mabɔbɔ dukɔwo ɖe anyi le eŋkume,+Ne maxɔ aʋawɔnuwo le fiawo si,*Ne maʋu ʋɔtru agaveewo le eŋkume,Ale be agboawo natsi madomado lae nye esi:   “Nye ŋutɔ madze ŋgɔwò,+Eye mana togbɛwo nazu sɔsɔeƒe. Magbã akɔbliʋɔtruwo gudugudu,Eye maŋe gametiwo.+   Matsɔ kesinɔnu siwo le blukɔ meKple kesinɔnu siwo wodzra ɖo ɖe ɣaɣlaƒe la ana wò,+Ne nàdze sii be nyee nye Yehowa,Israel ƒe Mawu, Ame si tsɔ wò ŋkɔ le yɔwòm.+   Nye subɔla Yakob kple nye ame tiatia Israel taeMetsɔ wò ŋkɔ yɔ wò ɖo. Metsɔ bubuŋkɔ na wò togbɔ be mèdze sim o hã.   Nyee nye Yehowa, eye bubu aɖeke megali o. Nye ɖeɖe koe nye Mawu, ɖeke megali o.+ Mado ŋusẽ wò* togbɔ be mèdze sim o hã,   Ne amewo nanyaeLe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒeBe ame aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.+ Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o.+   Nyee wɔ kekeli,+ eye nyee wɔ viviti,+Nyee wɔa ŋutifafa,+ eye nyee hea gbegblẽ vɛ;+Nye Yehowa, nyee wɔ nu siawo katã.   Mi dziƒowo, midza;+Alilikpowo nedza dzɔdzɔenyenye. Anyigba neke nu, ne xɔname namie,Eye dzɔdzɔenyenye nemie kplii.+ Nye Yehowa ye wɔe.”   Baba na ame si le dzre hem kple Ewɔla,*Elabena ze kakɛ dzro ko wònye,Le ze kakɛ bubuwo dome le anyigba! Ðe tsu agblɔ na zemela* be: “Nu ka wɔm nèlea?”+ Eye ɖe wò asinudɔwɔwɔ agblɔ be: “Mèto asi oa”?* 10  Baba na ame si bia fofoa be: “Nu kae nye esi nèdzi?” Eye wòbia dadaa be: “Nu ka dzim nèle?”* 11  Ale Yehowa, Israel Ƒe Kɔkɔetɔ+ kple Emèla, gblɔe nye esi: “Ðe miabia nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge lam,Eye miabia nyam le vinyewo+ ŋu alo aɖe gbe nam le nye asinudɔwɔwɔwo ŋua? 12  Nyee wɔ anyigba+ hewɔ ame ɖe edzi.+ Nye ŋutɔ nye asiwoe metsɔ he dziƒo me,+Eye nyee ɖea gbe na eŋunuwo katã.”+ 13  “Menyɔ ame aɖe le dzɔdzɔenyenye me,+Eye mana eƒe mɔwo katã nadzɔ. Eyae atso nye du la,+Eye wòaɖe asi le nye aboyomewo ŋu,+ menye le ga alo zãnuxɔxɔ ta o,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe. 14  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Egipte ƒe viɖe kple Etiopia ƒe adzɔnuwo kpakple Sabatɔ tsralaawoAva gbɔwò ahazu tɔwò. Woanɔ kɔsɔkɔsɔwo me adze yowòme. Woava bɔbɔ na wò.+ Woado gbe ɖa na wò agblɔ be: ‘Nyateƒee, Mawu li kpli wò,+Eye ame bubu aɖeke megali o; Mawu bubu aɖeke megali o.’” 15  Nyateƒee, Mawu si ɣlaa eɖokui nènye,Oo Israel ƒe Mawu nènye, Xɔnametɔ+ nènye. 16  Ŋukpe alé wo katã, eye woado vlo wo;Legbamèlawo katã aɖu ŋukpe anɔ yiyim.+ 17  Ke Yehowa atsɔ xɔname mavɔ axɔ na Israel ya.+ Ŋukpe malé mi alo woado vlo mi tegbee o.+ 18  Elabena ale Yehowa,Dziƒowɔla,+ Eya, ame si nye Mawu vavã la,Anyigba la Mèla kple Ewɔla, Ame si ɖo egɔme anyi,+Menye ɖeko wòwɔe dzodzro* o, ke boŋ ɖe wòmèe be woanɔ edzi la, gblɔe nye esi:+ “Nyee nye Yehowa, bubu aɖeke megali o. 19  Nyemeƒo nu le ɣaɣlaƒe,+ le anyigba doblukɔ dzi o;Eye nyemegblɔ na Yakob ƒe dzidzimevi la be:‘Midim dzodzro o.’* Nyee nye Yehowa, ame si gblɔa nya dzɔdzɔe kple nya si le eteƒe.+ 20  Miƒo takpli ne miava. Mi ame siwo si tso dukɔwo me, miwɔ ɖeka miava.+ Ame siwo lé woƒe legbawo ɖe taKple ame siwo doa gbe ɖa na mawu si mate ŋu axɔ na ame o la, menya naneke o.+ 21  Miƒo nu, eye miagblɔ miaƒe nya. Miwɔ ɖeka, mialé nyawo kpɔ. Ame kae gblɔ esia ɖi tso gbe aɖe gbe ke?Eye wòɖe gbeƒãe tso blema ke? Menye nye, Yehowa, ye oa? Mawu bubu aɖeke mekpe ɖe ŋunye o;Mawu dzɔdzɔetɔ kple Xɔnametɔ+ menye, bubu aɖeke meli kpe ɖe ŋunye o.+ 22  Mi anyigba ƒe mlɔenu nɔlawo katã, mitrɔ ɖe ŋunye, ne miakpɔ ɖeɖe;+Elabena nyee nye Mawu, eye bubu aɖeke megali o.+ 23  Metà nye ŋutɔ ɖokuinye;Nya la do tso nye nu me le dzɔdzɔenyenye me,Eye magbugbɔ o:+ Ame sia ame adze klo nam,Aɖe sia aɖe aka atam nam le nyateƒe me+ 24  Agblɔ be: ‘Nyateƒee, dzɔdzɔenyenye vavãtɔ kple ŋusẽ le Yehowa me. Ame siwo katã do dziku ɖe eŋu la ava eŋkume kple ŋukpe. 25  Yehowa mee woatso afia dzɔdzɔe na Israel ƒe dzidzimeviwo katã le,+Eye eya mee woaƒo adegbe le.’”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ne matu ali dzi na fiawo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Mabla ali dzi na wò sesĩe.”
Alo, “Emèla.”
Alo, “Ame si mèe.”
Agate ŋu afia, “Alo ɖe tsu agblɔ be: ‘Alɔ mele wò dɔ la ŋu oa’?”
Alo, “Nu ka nèlé ku dzi?”
Agate ŋu afia, “be wòatsi ƒuƒlu.”
Alo, “dzodzro o.”