Yeremiya 10:1-25

  • Dukɔwo ƒe mawuwo kple Mawu gbagbe la (1-16)

  • Tsɔtsrɔ̃ si gbɔna kple aboyomeyiyi (17, 18)

  • Yeremiya xa nu (19-22)

  • Nyagblɔɖila la ƒe gbedodoɖa (23-25)

    • Amegbetɔ mate ŋu afia mɔ eƒe zɔzɔme o (23)

10  Oo Israel ƒe aƒe, mise nya si Yehowa gblɔ ɖe mia ŋu.  Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migasrɔ̃ dukɔwo ƒe mɔwo o,+Eye dziƒoŋudzesiwo megadzi ŋɔ na mi,Le esi wodzia ŋɔ na dukɔwo ta o.+   Elabena dukɔwo ƒe kɔnuwo la, alakpanue.* Ati ko wonye aɖaŋudɔwɔla tso le ave meHetsɔ dɔwɔnu* kpa.+   Wofaa klosalo kple sika ɖe eŋu tsɔ ɖoa atsyɔ̃ nɛ.+Wotsɔa zu kple gatagbadzɛwo klãnɛ be magamu o.+   Wole abe nu si wotsɔ nyaa xeviwo le aŋanyigble me ene, womeƒoa nu o;+Ðe wokɔa wo, elabena womezɔna o.+ Migavɔ̃ wo o, elabena womate ŋu awɔ vɔ̃ aɖeke o,Eye nyuiwɔwɔ aɖeke hã mele wo ŋu o.”+   Oo Yehowa, ame aɖeke mede nuwò o.+ Èlolo, wò ŋkɔ tri akɔ eye ŋusẽ le eŋu.   Oo, dukɔwo ƒe Fia,+ ame kae mavɔ̃ wò o, elabena wòe dze nɛ;Elabena le dukɔwo ƒe nunyalawo katã kple woƒe fiaɖuƒewo katã dome laAme aɖeke meli de nuwò o.+   Wo katã wonye ame mabutamewo kple bometsilawo.+ Ati kpakpɛ ƒe mɔfiame nye beble* sɔŋ.+   Wotsɔ klosalo gbabɛwo tso Tarsis+ vɛ, eye wotsɔ sika tso Ufaz,Wonye aɖaŋudɔwɔla kple nutula ƒe asinudɔwɔwɔwo. Woƒe awuwo nye ka blɔtɔ kple alẽfu si wode ama aɖabɛ dzĩtɔe. Aɖaŋudɔwɔla bibiwoe wɔ wo katã. 10  Ke Yehowae nye Mawu vavã. Eyae nye Mawu gbagbe+ la kple Fia mavɔ.+ Anyigba aʋuʋu le eƒe dziku ta,+Eye dukɔ aɖeke manɔ te ɖe eƒe dziku nu o. 11  * Ale miagblɔ na woe nye esi: “Mawu siwo mewɔ dziƒo kple anyigba o laNu ayi le anyigba la dzi kple dziƒoa te.”+ 12  Eyae nye Ame si tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ anyigba,Ame si tsɔ eƒe nunya ɖo anyigba wɔnu la gɔme anyi+Kple Ame si tsɔ eƒe gɔmesese keke dziƒowo me.+ 13  Ne eɖe gbe la,Tsi siwo le dziƒowo dzea agbo,+Enana alilikpowo* tsoa anyigba ƒe mlɔenuwo yia dzi.+ Ewɔ dzikedzo na tsidzadza,*Eye wòkplɔa ya doa goe tso eƒe nudzraɖoƒewo.+ 14  Amegbetɔwo katã wɔa movinu ale gbegbe be sidzedze bu ɖe wo. Ŋukpe alé ganutulawo katã le woƒe legbawo ŋu;+Elabena aʋatsoe eƒe galegba* la nye,Eye gbɔgbɔ aɖeke mele wo me o.+ 15  Tofloko* kple dɔwɔwɔ si ŋu woaɖe alɔme le wonye.+ Ne ɣeyiɣi de be woabia akɔnta wo la, wo nu ayi. 16  Yakob ƒe Gome ya mele abe nu siawo ene o,Elabena eyae nye nuwo katã mèla,Eye Israel ye nye eƒe domenyinu ƒe atikplɔ.+ Eŋkɔe nye aʋakɔwo ƒe Yehowa.+ 17  Oo, nyɔnu si woɖe to ɖo,Fɔ agba si nèdo la le anyigba. 18  Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, fifia ya la, matsɔ anyigbadzinɔlawo aƒu gbe,+Eye mana woaxa nu.” 19  Baba nam le nye anyidzedze* la ta!+ Gbedada mele nye abi la ŋu o. Megblɔ be: “Nyateƒee, dɔléle sia dze nam, ɖeko mado dzi atsɔe. 20  Wogblẽ nye agbadɔ la dome, eye wotso nye agbadɔkawo.+ Vinyewo dzo le gbɔnye, eye womegali o.+ Ame aɖeke megali ahe nye agbadɔ me alo atsi nye agbadɔvɔwo o. 21  Elabena lãkplɔviwo nye movitɔwo,+Eye womedi Yehowa yome mɔ o.+ Esia tae womewɔ nu nunyatɔe o,Eye lã siwo kplɔm wole la katã ka hlẽ.”+ 22  Ƒu to anyi! Nya aɖe le ɖiɖim! Egbɔna! Hoowɔwɔ gã aɖe tso dziehenyigba dzi,+Ne wòana Yuda duwo nazu gbegbe kple agbotoewo nɔƒe.+ 23  Oo Yehowa, menyae nyuie be amegbetɔ ƒe mɔ mele eya ŋutɔ si me o. Eye ŋusẽ mele amegbetɔ si be eya ŋutɔ nafia mɔ eƒe zɔzɔme o.+ 24  Oo Yehowa, ɖɔm ɖo, le dzɔdzɔenyenye me,Ke menye le wò dziku me o,+ ne nàgana nunye nayi o.+ 25  Trɔ wò dɔmedzoe ƒo ɖe dukɔ siwo metsɔa ɖeke le eme na wò o+Kple ƒome siwo meyɔa wò ŋkɔ o la dzi. Elabena wovuvu Yakob,+Ɛ̃, woɖui, eye wole didim be yewoatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ,+Eye wona eƒe anyigba zu aƒedo.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dzodzroe.”
Alo, “hɛ.”
Alo, “tofloko.”
Aramgbe mee woŋlɔ kpukpui 11 lia sia ɖo gbã.
Agate ŋu afia, “Eɖea toƒe na tsidzadza.”
Alo, “afu.”
Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “Nu dzodzro.”
Alo, “abi.”