Psalmowo 83:1-18

  • Gbedodoɖa le futɔwo ƒe hoho ɖe ame ŋu ta

    • “Oo Mawu, mègazi kpi o” (1)

    • Futɔwo le abe gbe ƒuƒu le ya nu ene (13)

    • Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa (18)

Hadzidzi. Asaf ƒe ha.+ 83  Oo Mawu, mègazi kpi o;+Oo Ŋusẽkatãtɔ, mègazi ɖoɖoe loo alo anɔ anyi kpoo o.   Elabena kpɔ ɖa, wò futɔwo le nyanyram;+Ame siwo lé fu wò la le wo ɖokuiwo dom ɖe dzi.*   Wole tame vɔ̃ ɖom ɖe wò dukɔ la ŋu le aye me;Wole nugbe ɖom ɖe ame siwo gbɔ mèlɔ̃a nu le o* la ŋu.   Wole gbɔgblɔm be: “Miva míatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ, ne woaganye dukɔ azɔ o,+Ne woagaɖo ŋku Israel ƒe ŋkɔ dzi azɔ o.”   Wowɔ ɖeka ɖo nugbe;*Wobla ɖe ŋuwò,+   Edom ƒe agbadɔwo kple Ismaeltɔwo, Moabtɔwo+ kple Hagritɔwo,+   Gebal, Amon+ kple Amalek,Filistia+ hekpe ɖe Tiro+ nɔlawo ŋu.   Asiria+ hã wɔ ɖeka kpli wo;Wodoa alɔ* Lot viwo.+ (Sela)   Wɔ wo abe ale si nèwɔ Midiantɔwo ene,+Abe ale si nèwɔ Sisera kple Yabin le Kison-tɔʋu+ la nu ene. 10  Wotsrɔ̃ gbidii le En-Dor;+Wozu aɖu na anyigba. 11  Wɔ woƒe bubumewo abe Oreb kple Zeeb ene+Kple woƒe amegãwo* abe Zeba kple Zalmuna ene,+ 12  Elabena wogblɔ be: “Mina míaxɔ teƒe si Mawu le la wòazu mía tɔ.” 13  Oo nye Mawu, wɔ wo abe gbe ƒuƒu le ya nu ene,+Abe tsro si ya lɔ ɖe enu ene. 14  Ale si dzo bia avee,Kple ale si dzoƒaɖe fiãa towoe la,+ 15  Tsɔ wò ahom sesẽ ti wo yome nenema,+Eye nàtsɔ wò ya ʋuduʋudu ado ŋɔdzi na wo.+ 16  De ŋukpe mo na wo,Ne woadi wò ŋkɔ, Oo Yehowa. 17  Ŋu nekpe wo, eye ŋɔdzi hã nelé wo tegbee;Woƒe mo netsi dãa, eye wo nu neyi; 18  Na woadze sii be wò, ame si ŋkɔe nye Yehowa la,+Wò ɖeɖe koe nye Dziƒoʋĩtɔ ɖe anyigba blibo la dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Wò ketɔwo kɔ ta dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo nèɣla.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wode adaŋu kple dzi ɖeka.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Wozu alɔ na.”
Alo, “kplɔlawo.”