1 Petro 4:1-19

  • Nɔ agbe hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, abe ale si Kristo wɔe ene (1-6)

  • Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ (7-11)

  • Fukpekpe abe Kristotɔ ene (12-19)

4  Esi Kristo kpe fu le ŋutilã me ta la,+ miawo hã mitsɔ tamesusu ƒe nɔnɔme* ma ke bla akpae; elabena ame si kpe fu le ŋutilã me la dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ,+  ale be wòagazã ɣeyiɣi si susɔ be wòanɔ agbe le ŋutilã me la na amewo ƒe nudzodzrowo dzi wɔwɔ o,+ ke boŋ na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.+  Elabena ɣeyiɣi si va yi la sɔ gbɔ be miewɔ dukɔwo ƒe lɔlɔ̃nu,+ esi mieƒo mia ɖokui ɖe ŋukpenanuwɔwɔ,* dzodzro vɔ̃wo dzi maɖumaɖu, aha tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, hoʋiʋli le ahanono me kple trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ me.+  Ewɔa nuku na wo be miegale du ƒum kpli yewo yina agbe baɖa nɔnɔ ƒe ba ma ke me o, eya ta wole nya manyomanyowo gblɔm ɖe mia ŋu.+  Ke ame siawo abu akɔnta na ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo.+  Le nyateƒe me la, esia tae woɖe gbeƒã nya nyui la na ame siwo nye ame kukuwo+ hã ɖo, ale be, togbɔ be wodrɔ̃ ʋɔnu wo le ŋutilã me le amegbetɔwo ƒe nukpɔkpɔ nu hã la, woanɔ agbe le gbɔgbɔ me le Mawu ƒe nukpɔkpɔ nu.  Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta miɖɔ ŋu ɖo,+ eye minɔ ŋudzɔ hena gbedodoɖa.+  Vevietɔ la, milɔ̃ mia nɔewo vevie,+ elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.+  Miwɔ amedzro na mia nɔewo liʋiliʋĩlilĩ manɔmee.+ 10  Nunana ale si nu ame sia ame xɔ le Mawu ƒe amenuveve si wòɖe fia le mɔ vovovowo nui la, mitsɔe subɔ mia nɔewo abe aƒedzikpɔla nyuiwo ene.+ 11  Ne ame aɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe Mawu ƒe nya kɔkɔe ene; ne ame aɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ si Mawu nana la subɔ;+ ale be le nuwo katã me la, woakafu+ Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen. 12  Lɔlɔ̃tɔwo, migana tetekpɔ sesẽ siwo me tom miele la,+ nawɔ moyaa na mi, abe nu madzɔkpɔ aɖee le dzɔdzɔm ɖe mia dzi ene o. 13  Ke boŋ miyi edzi mianɔ dzidzɔ kpɔm,+ be miele edzi le gome kpɔm le fu siwo Kristo kpe la me,+ ale be miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye hã le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefiaɣi la.+ 14  Ne wodo vlo mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, miekpɔa dzidzɔ,+ elabena ŋutikɔkɔe ƒe gbɔgbɔ, ɛ̃, Mawu ƒe gbɔgbɔ la, nɔa mia dzi. 15  Gake mia dometɔ aɖeke megakpe fu abe amewula alo fiafitɔ alo nu gbegblẽ wɔla alo ame si dea nu nya si metsɔ egbɔ o me la ene o.+ 16  Ke ne ame aɖe kpea fu le esi wònye Kristotɔ ta la, megakpe ŋu nɛ o,+ ke boŋ neyi edzi wòanɔ Mawu kafum be ŋkɔ sia le ye ŋu. 17  Elabena ɣeyiɣi la de be ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze egɔme, eye adze egɔme tso Mawu ƒe aƒe la dzi.+ Ke ne edze egɔme tso mía dzi gbã ɖe,+ ekema aleke wòava wu enu na ame siwo meɖoa to Mawu ƒe nya nyui la o?+ 18  “Eye ne bebli hafi woaxɔ ame dzɔdzɔe ɖe agbe ɖe, ekema afi kae ame mavɔ̃mawu kple nu vɔ̃ wɔla ya ava do ɖo?”+ 19  Eya ta ame siwo le fu kpem le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta la nayi edzi atsɔ wo ɖokuiwo* ade Wɔla nuteƒewɔla la si, esi wole nu nyui wɔwɔ dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “tameɖoɖo kplikpaa.”
Alo, “woƒe luʋɔwo.”