Luka 22:1-71

  • Nunɔlawo ɖo nugbe be yewoawu Yesu (1-6)

  • Dzadzraɖo hena Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa (7-13)

  • Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la ɖoɖo anyi (14-20)

  • “Ame si adem asi la le kplɔ̃a ŋu kplim” (21-23)

  • Nyaʋiʋli sesẽ ku ɖe ame si nye gã ŋu (24-27)

  • Yesu bla nu kpli wo hena fiaɖuƒe (28-30)

  • Yesu gblɔ ɖi be Petro agbe nu le ye gbɔ (31-34)

  • Dzadzraɖo hiã; yi eve la (35-38)

  • Yesu ƒe gbedodoɖa le Amitoa dzi (39-46)

  • Wolé Yesu (47-53)

  • Petro gbe nu le Yesu gbɔ (54-62)

  • Woɖu fewu le Yesu ŋu (63-65)

  • Wodrɔ̃ ʋɔnu Yesu le Sanhedrin la (66-71)

22  Ke Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui, si woyɔna be Ŋutitoto,+ la gogo.+  Eye nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo le mɔ si dzi woato awu Yesu la dim,+ elabena wole vɔvɔ̃m na dukɔ la.+  Azɔ Satana ge ɖe Yuda, si woyɔna be Iskariot, eye wònye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka la me+  eye wòyi ɖaƒo nu kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple gbedoxɔa dzi kpɔlawo ƒe amegãwo le ale si wòawɔ adee asi na wo la ŋu.+  Ale dzi dzɔ wo, eye wolɔ̃ ɖe edzi be yewoana klosalogae.+  Yuda lɔ̃ ɖe edzi, eye wòle mɔnu dim be yeadee asi esime ameha la manɔ eŋu o.  Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyuia ƒe ŋkeke si dzi wòle be woatsɔ ŋutitotolã la asa vɔe le la ɖo;+  eya ta Yesu dɔ Petro kple Yohanes gblɔ be: “Miheyi ɖadzra ŋutitotoa ɖo na mí ne míaɖu.”+  Wobiae be: “Afi kae nèdi be míadzrae ɖo le?” 10  Eɖo eŋu na wo be: “Kpɔ ɖa! Ne miege ɖe dua me la, ŋutsu aɖe si tsɔ tsize la ado go mi. Midze eyome yi aƒe si me wòage ɖo la me.+ 11  Eye migblɔ na aƒea tɔ be, ‘Nufiala be míabia wò be: “Afi kae amedzroxɔ si me nye kple nye nusrɔ̃lawo míaɖu Ŋutitotoa le la le?”’ 12  Eye ame ma afia xɔ gã aɖe mi le dziƒoxɔ dzi, si me xɔmenuwo le. Midzrae ɖo le afi ma.” 13  Ale woyi, eye wokpɔe abe ale si tututu wògblɔe na wo ene, eye wodzra ɖo ɖe Ŋutitotoŋkekenyui la ŋu. 14  Esi gaƒoƒo la de la, eya kple eƒe apostoloawo bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu.+ 15  Eye wògblɔ na wo be: “Medi vevie be maɖu Ŋutitoto sia kpli mi hafi makpe fu; 16  elabena mele egblɔm na mi be, nyemagaɖui ake o va se ɖe esime wòva eme keŋ le Mawu Fiaɖuƒe la me.” 17  Eye esi wòxɔ kplu la, eda akpe eye wògblɔ be: “Mia dometɔ ɖe sia ɖe nexɔe eye wòano le enu, 18  elabena mele egblɔm na mi be, tso fifia dzi la, nyemegale wain no ge akpɔ o va se ɖe esime Mawu Fiaɖuƒe la va ɖo.” 19  Azɔ etsɔ abolo,+ da akpe, ŋe eme, eye wòtsɔe na wo gblɔ be: “Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã+ si woatsɔ ana ɖe mia ta.+ Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”+ 20  Nenema kee wòtsɔ kplu la hã le fiẽnuɖuɖu la megbe hegblɔ be: “Kplu sia le tsitre ɖi na nubabla yeye+ si wowɔ to nye ʋu,+ si woakɔ ɖe anyi le mia ta la, dzi.+ 21  “Ke mikpɔ ɖa, ame si adem asi la le kplɔ̃a ŋu kplim.+ 22  Elabena vavãe, Amegbetɔvi la le kuku ge abe ale si wogblɔe ɖi le eŋuti ene;+ gake baba na ame ma, si adee asi!”+ 23  Ke wode asi wo nɔewo biabia me be yewo dometɔ ka gɔ̃e le nu sia wɔ ge hã.+ 24  Azɔ nyaʋiʋli sesẽ aɖe hã ɖo wo dome le wo dometɔ si nye gãtɔ la ŋuti.+ 25  Ke egblɔ na wo be: “Dukɔwo ƒe fiawo ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woyɔa ame siwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la be Dɔmenyolawo.+ 26  Ke miawo ya miganɔ nenema o.+ Ke boŋ ame si nye gãtɔ le mia dome la nanɔ abe ɖevitɔ ene,+ eye ame si xɔa ŋgɔ la nanɔ abe ame si le subɔsubɔm ene. 27  Evɔ la, ame kae nye gã wu, ame si le nu ɖum le kplɔ̃ ŋu lae loo alo ame si le subɔsubɔm yea? Menye ame si bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti ye oa? Ke nye la, mele mia dome abe ame si le subɔsubɔm ene.+ 28  “Ke miawoe nye ame siwo ku ɖe ŋunye+ le nye tetekpɔwo me;+ 29  eya ta mele nu blam kpli mi, abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene, hena fiaɖuƒe,+ 30  be miaɖu nu ano nu le nye kplɔ̃ ŋu le nye Fiaɖuƒe la me,+ eye mianɔ fiazikpuiwo dzi+ adrɔ̃ ʋɔnu Israel to wuieveawo.+ 31  “Simon, Simon, kpɔ ɖa, Satana le didim be yeagbɔ mi katã abe ale si wogbɔa lu ene.+ 32  Ke meɖe kuku ɖe tawò, be wò xɔse nu nagatsi o;+ eye wò la, ne ètrɔ la, do ŋusẽ nɔviwòwo.”+ 33  Ke egblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mele klalo be mayi gaxɔ me kple ku me siaa kpli wò.”+ 34  Eye Yesu gblɔ nɛ be: “Petro, mele egblɔm na wò be: Koklo mele atɔ ku ge egbea hafi nàsẽ nu zi etɔ̃ be yemenyam o.”+ 35  Egabia wo be: “Esi medɔ mi, eye gakotoku, nuɖuɖukotoku kple afɔkpa menɔ mia si o la,+ ɖe nane hiã mia?” Woɖo eŋu be: “Ao!” 36  Eye wògblɔ na wo be: “Ke azɔ la, ame si si gakotoku le la, netsɔe, nenema kee mitsɔ nuɖuɖukotoku hã, eye ame si si yi mele o la nedzra eƒe awudziwui, ne wòaƒle ɖeka. 37  Elabena mele egblɔm na mi be, ele be nu si woŋlɔ ɖi be, ‘Wobui ɖe sedzimawɔlawo dome’+ la nava eme ɖe dzinye. Elabena nu si woŋlɔ ɖi le ŋunye la le eme vam.”+ 38  Eye wogblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa! Yi evee nye esi.” Egblɔ na wo be: “Esɔ gbɔ.” 39  Esi wòdo go la, eyi Amito la dzi abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ ene, eye nusrɔ̃lawo kplɔe ɖo.+ 40  Esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo be: “Minɔ gbedodoɖa dzi, be miagadze tetekpɔ me o.”+ 41  Eye wòdzo le wo gbɔ yi adzɔge vie* hedze klo do gbe ɖa 42  be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, na kplu sia nato ŋunye. Gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.”+ 43  Eye mawudɔla aɖe tso dziƒo ɖe eɖokui fiae hedo ŋusẽe.+ 44  Ke exa nu vevie, eye wògado gbe ɖa vevie wu;+ eye eƒe fifia zu abe ʋu ene le gegem ɖe anyigba toŋtoŋ. 45  Esi wòdo gbe ɖa vɔ la, etso yi nusrɔ̃lawo gbɔ eye wòkpɔ wo wole alɔ̃ dɔm elabena nuxaxa na wogbɔdzɔ.+ 46  Eye wògblɔ na wo be: “Nu ka tae miele alɔ̃ dɔm? Mifɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi, ne miagadze tetekpɔ me o.”+ 47  Esi wògale nuƒoƒo dzi la, kpɔ ɖa, ameha aɖe si Yuda, si nye Ame Wuieveawo dometɔ ɖeka, le ŋgɔ na la va do, eye wòte ɖe Yesu ŋu gbugbɔ nu nɛ.+ 48  Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Yuda, nugbugbɔe nètsɔ le Amegbetɔvi la dem asia?” 49  Esi ame siwo le eŋu la kpɔ nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la, wobia be: “Aƒetɔ, mída yi woa?” 50  Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã da yi nunɔlagã ƒe kluvi, eye wòkpa eƒe ɖusimeto.+ 51  Ke Yesu gblɔ be: “Nese ɖe afi ma.” Eye wòka asi amea ƒe to ŋu heda gbe le eŋu. 52  Azɔ Yesu gblɔ na nunɔlawo ƒe tatɔwo kple gbedoxɔ la dzi kpɔlawo ƒe amegãwo kpakple dumegã siwo va elé ge la be: “Yiwo kple kpowoe mietsɔ va be yewoalém abe adzodala enea?+ 53  Esi menɔ mia gbɔ le gbedoxɔa me tso ŋkeke yi ŋkeke la,+ mielém kpɔ o.+ Ke esiae nye miaƒe gaƒoƒo kple viviti ƒe ŋusẽ la.”+ 54  Eye wolée hekplɔe yi nunɔlagã la ƒe me;+ ke Petro le wo yome le adzɔge ɖaa.+ 55  Esi wodo dzo ɖe aƒea titina, eye wo katã wonɔ anyi ɖe egbɔ la, Petro hã nɔ anyi ɖe wo dome.+ 56  Ke dɔlanyɔnu aɖe kpɔe wònɔ anyi ɖe dzo si klẽ ɖe teƒea la gbɔ, eye wòkpɔe dũu hegblɔ be: “Ame sia hã nɔ eŋu.” 57  Ke esẽ nu be: “Nyɔnu, nyemenyae o.” 58  Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la ame bubu kpɔe, eye wògblɔ be: “Wò hã wo dometɔ ɖekae nènye.” Ke Petro ɖo eŋu be: “Ŋutsu, nyemele wo dome o.”+ 59  Eye anɔ gaƒoƒo ɖeka megbe la, ame bubu aɖe hã va gblɔ kple kakaɖedzi be: “Nyateƒee, ame sia hã nɔ eŋu; elabena Galileatɔ hãe wònye!” 60  Ke Petro ɖo eŋu be: “Ŋutsu, nyemenya nya si gblɔm nèle o.” Eye enumake esi mekpɔ ɖe nu le nyaa me o la, koklo ku atɔ. 61  Eye Aƒetɔ la trɔ kpɔ Petro, eye Petro ɖo ŋku Aƒetɔ la ƒe nya si wògblɔ nɛ la dzi be: “Hafi koklo naku atɔ egbea la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.”+ 62  Eye wòdo go yi xexe ɖafa avi vevie. 63  Ke ame siwo le eŋu dzɔm la de asi fewuɖuɖu me le eŋu+ hele eƒom,+ 64  eye wotsyɔ nu mo nɛ henɔ ebiam be: “Gblɔe na mí! Ame kae ƒo wò?” 65  Eye wogblɔ busunya bubu geɖewo ɖe eŋu. 66  Esi ŋu ke la, dumegãwo ƒe ha, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo siaa va ƒo ƒu,+ eye wokplɔe yi woƒe Sanhedrin takpexɔ la me hebiae be: 67  “Ne wòe nye Kristo la, ekema gblɔe na mí.”+ Ke eɖo eŋu na wo be: “Ne megblɔe na mi hã la, miele exɔ ge ase o. 68  Eye ne mebia nya mi la, miele eŋu ɖo ge o. 69  Gake tso fifia dzi la, Amegbetɔvi+ la anɔ anyi ɖe Mawu ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime.”*+ 70  Ale wo katã wobiae be: “Ekema wòe nye Mawu ƒe Vi la?” Eɖo eŋu na wo be: “Eyae nye ema gblɔm miawo ŋutɔwo miele.” 71  Wogblɔ be: “Ðaseɖiɖi bubu kae gahiã mí? Elabena míawo ŋutɔwo míesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “yi afi si woada kpe wòadze.”
Alo, “Mawu ƒe ŋusẽ ƒe ɖusime.”