Mateo 23:1-39

  • Migakpɔ agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe nuwɔna miawɔ o (1-12)

  • Baba na agbalẽfialawo kple Farisitɔwo (13-36)

  • Yesu fa konyi ɖe Yerusalem ŋu (37-39)

23  Azɔ Yesu ƒo nu na amehawo kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ be:  “Agbalẽfialawo kple Farisitɔwo bɔbɔ nɔ Mose ƒe zikpui dzi.  Eya ta miwɔ nu siwo katã wogblɔna na mi la, eye milé wo me ɖe asi, ke migakpɔ woƒe nuwɔna miawɔ o, elabena wogblɔnɛ, gake womewɔa nu si wogblɔna la dzi o.+  Woblaa agba kpekpewo tsɔ ɖoa amewo ƒe abɔta,+ gake woawo ŋutɔwo medina be yewoƒe asibidɛ ɖeka teti naka wo ŋu o.+  Dɔ siwo katã wowɔna la, wowɔnɛ be amewo nakpɔ;+ elabena wowɔa nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo le la wòkekena eye woblaa wo ɖe ŋgonu kple abɔ be woakpɔ yewo ta,+ eye wowɔa woƒe awu togawo wòdidina.+  Wolɔ̃a bubunɔƒewo* nɔnɔ le fiẽnuɖuƒewo kple ŋgɔgbezikpuiwo dzi nɔnɔ le ƒuƒoƒewo,+  eye wodina be amewo nado gbe na yewo bubutɔe le ablɔwo* me, eye woayɔ yewo be Rabi.*  Ke miawo la, migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe Nufiala,+ ke mi katã la, nɔviwo mienye.  Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi hã o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo,+ Ame si le dziƒo. 10  Eye womegayɔ mi be kplɔlawo hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, eyae nye Kristo la. 11  Ke ame si nye gãtɔ le mia dome la nanye miaƒe subɔla.+ 12  Ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi,+ eye ame si bɔbɔa eɖokui la, woadoe ɖe dzi.+ 13  “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mietua Dziƒofiaɖuƒe la ƒe ʋɔwo ɖe amewo nu; eye esi miawo ŋutɔwo mieyina ɖe eme o ta la, mieɖea mɔ na ame siwo le mɔ dzi yina ɖe eme la be woayi ɖe eme o.+ 14  *—— 15  “Baba na mi agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo!+ Elabena miezɔ to ƒu dzi kple anyigba dzi be miatrɔ ame ɖeka wòazu Yudatɔ, eye ne ezui vɔ la, miewɔnɛ wòdzena na Gehena* yiyi wu miawo ŋutɔwo zi gbɔ zi eve. 16  “Baba na mi, mɔfiala ŋkuagbãtɔwo,+ mi ame siwo gblɔna be, ‘Ne ame aɖe tà gbedoxɔa la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà sika si le gbedoxɔa me ya la, ele be wòawɔ eƒe atam la dzi godoo.’+ 17  Movitɔwo kple ŋkuagbãtɔwo! Mibu eŋu kpɔ, kae le vevie wu, sika la loo alo gbedoxɔ si na sika la ŋuti kɔ yea? 18  Miegblɔna hã be, ‘Ne ame aɖe tà vɔsamlekpuia la, mehiã be wòawɔ edzi o; ke ne ame aɖe tà nunana si le edzi ya la, ele be wòawɔ edzi godoo.’ 19  Ŋkuagbãtɔwo! Mibu eŋu kpɔ, kae le vevie wu, nunana la loo alo vɔsamlekpui si na nunana la ŋuti kɔ yea? 20  Eya ta ame si tà vɔsamlekpuia la, età vɔsamlekpuia kple nu siwo katã le edzi la siaa; 21  eye ame si tà gbedoxɔa la, età gbedoxɔa kple Ame si le eme la siaa;+ 22  eye ame si tà dziƒo la, età Mawu ƒe fiazikpui kple Ame si bɔbɔ nɔ edzi la siaa. 23  “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mienaa ahamɛ, sikɔni kple adrike ƒe ewolia,+ ke mieŋea aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye+ kple nublanuikpɔkpɔ+ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi. Ehiã be miawɔ nu mawo, gake miagaŋe aɖaba aƒu esiawo hã dzi o.+ 24  Mɔfiala ŋkuagbãtɔ+ siwo tsyɔa nu dzodzoe sue,+ gake mia kposɔ ya!+ 25  “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo! Elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti,+ gake wo me yɔ fũu kple ŋukeklẽ*+ kple nu gbɔme wɔwɔ.+ 26  Farisitɔ ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu kple agba la me gbã, ekema eŋu hã aɖi. 27  “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo!+ Elabena mieɖi yɔdo siwo wosi akalo na,+ siwo nya kpɔ ŋutɔ le gota, ke wo me yɔ fũu kple ame kuku ƒuwo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi. 28  Nenemae miedzena ame dzɔdzɔewoe le gota le amewo ŋkume, gake mia me yɔ fũu kple alakpanuwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ.+ 29  “Baba na mi, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo, alakpanuwɔlawo!+ Elabena miedzraa nyagblɔɖilawo ƒe yɔdowo* ɖo, eye mieɖoa atsyɔ̃ na ame dzɔdzɔewo ƒe yɔdowo,+ 30  eye miegblɔna be, ‘Ne ɖe míenɔ anyi le mía tɔgbuiwo ŋɔli la, míakpɔ gome kpli wo le nyagblɔɖilawo ƒe ʋu kɔkɔ ɖi me o.’ 31  Ale mieɖe ha mia ɖokui be yewonye ame siwo wu nyagblɔɖilawo la ƒe viwo.+ 32  Ekema miwu dɔ si gɔme mia tɔgbuiwo dze la nu. 33  “Mi dawo kple dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo,+ aleke miawɔ asi le Gehena* ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu?+ 34  Eya ta mele nyagblɔɖilawo+ kple nunyalawo kpakple nufialawo+ dɔm ɖe mia gbɔ. Miawu wo dometɔ aɖewo,+ eye miahe wo ɖe ati ŋu, miaƒo wo dometɔ aɖewo kple atam+ le miaƒe ƒuƒoƒewo, eye miati wo yome+ tso du me yi du me, 35  ale be ʋu dzɔdzɔe siwo katã wokɔ ɖe anyi le anyigba dzi la ƒe fɔɖiɖi nava mia dzi, tso ame dzɔdzɔe Abel+ ƒe ʋu dzi va se ɖe Zakariya, Barakiya vi, ame si miewu le gbedoxɔa kple vɔsamlekpuia dome la ƒe ʋu dzi.+ 36  Vavã mele egblɔm na mi be, nu siawo katã ava dzidzime sia dzi. 37  “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ+—zi nenie nyemehedi be maƒo viwòwo nu ƒu abe ale si koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋalawo te ene o! Ke mielɔ̃ o.+ 38  Kpɔ ɖa! Woagblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.*+ 39  Elabena mele egblɔm na mi be: Tso fifia dzi yina la, miegale kpɔ ye ge akpɔ o va se ɖe esime miagblɔ be, ‘Woayra ame si gbɔna le Yehowa* ƒe ŋkɔ me!’”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “teƒe nyuitɔwo.”
Alo, “asiwo.”
alo, “Nufiala.”
Alo, “adzodada.”
Alo “ŋkuɖodziyɔdowo.”
Agate ŋu afia, “Woagblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi wòazu aƒedo.”