Mateo 28:1-20

  • Wofɔ Yesu ɖe tsitre (1-10)

  • Wona ga asrafowo be woada alakpa (11-15)

  • Yesu de se be woawɔ amewo nusrɔ̃lawo (16-20)

28  Le Sabat la megbe, le kwasiɖaa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi xexea me de asi kɔkɔ me la, Maria Magdalatɔ kple Maria kemɛa va yɔdoa kpɔ ge ɖa.+  Eye kpɔ ɖa, anyigba ʋuʋu sesĩe, elabena Yehowa* ƒe dɔla ɖi tso dziƒo va mli kpe la ɖa le yɔdoa nu hebɔbɔ nɔ edzi.+  Eƒe dzedzeme le abe dzikedzo ene, eye eƒe awu fu tititi abe sno ene.+  Ɛ̃, esia na dzidzi ƒo dzɔlawo, wodzo nyanyanya, eye wozu abe ame kukuwo ene.  Gake mawudɔla la gblɔ na nyɔnuawo be: “Migavɔ̃ o, elabena menyae be Yesu si wohe ɖe ati ŋu la dimee miele.+  Mele afi sia o, elabena wofɔe ɖe tsitre, abe ale si wògblɔe ene.+ Miva kpɔ afi si wotsɔe mlɔ la ɖa.  Eya ta miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yina Galilea.+ Afi mae miakpɔe le. Kpɔ ɖa, gbedeasi siae mehe vɛ na mi.”+  Eya ta woɖe abla dzo le yɔdoa to, eye wotsɔ vɔvɔ̃ kple dzidzɔ gã ƒu du be yewoayi aɖaka eta na eƒe nusrɔ̃lawo.+  Eye kpɔ ɖa, Yesu va do go wo hegblɔ be: “Medo gbe na mi!” Wote ɖe eŋu, eye wolé eƒe afɔwo hebɔbɔ nɛ. 10  Eye Yesu gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo, ne woayi Galilea, eye woakpɔm le afi ma.” 11  Esi wole mɔa dzi yina la, dzɔlaawo+ dometɔ aɖewo yi dua me ɖaka nu siwo katã dzɔ la ta na nunɔlawo ƒe tatɔwo. 12  Eye esi woawo kple dumegãwo kpe ta hede adaŋu vɔ la, wona klosaloga gbogbo aɖe asrafoawo, 13  eye wogblɔ na wo be: “Migblɔ be: ‘Eƒe nusrɔ̃lawo va fii le zã me esime míele alɔ̃ dɔm.’+ 14  Eye ne nya sia ɖo nutodziɖula la ƒe to me la, ekema míaɖe eme nɛ,* eye mahiã be miatsi dzi o.” 15  Eya ta woxɔ klosalogakuawo, eye wowɔ abe ale si wogblɔ na wo ene; eye nya sia kaka ɖe Yudatɔwo dome va se ɖe egbe. 16  Azɔ nusrɔ̃la wuiɖekɛawo yi Galilea,+ eye woyi ɖe to si dzi Yesu ɖo be yewoado go le la dzi.+ 17  Esi wokpɔe la, wobɔbɔ nɛ, ke wo dometɔ aɖewo mexɔe se be eyae o. 18  Eye Yesu te ɖe wo ŋu gblɔ na wo be: “Wotsɔ ŋusẽ si le dziƒo kple anyigba dzi la katã de asi nam.+ 19  Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo+ woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ+ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔ me, 20  miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.+ Eye kpɔ ɖa, meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”*+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “míable enu.”