Mateo 22:1-46

  • Srɔ̃ɖeŋkekenyui ŋuti lododo (1-14)

  • Mawu kple Kaisaro (15-22)

  • Wobia nyae tso tsitretsitsia ŋu (23-33)

  • Sedede gãtɔ eveawo (34-40)

  • Ðe Kristo la nye David via? (41-46)

22  Yesu gado lo bubu na wo be:  “Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃+ na via ene.  Eye wòdɔ eƒe kluviwo be woaɖayɔ ame siwo wokpe la ava srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu, gake womelɔ̃ be yewoava o.+  Egadɔ kluvi bubuwo ɖa gblɔ be, ‘Migblɔ na ame kpekpeawo be: “Kpɔ ɖa, ŋdɔnuɖuɖua sɔ gbe vɔ, wowu nye nyitsuwo kple lã damiwo, eye nu sia nu sɔ gbe. Miva srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.”’  Ke wometsɔ ɖeke le eme o, eye wodzo, ame ɖeka yi eƒe agble me, bubu yi eƒe adzɔ do ge;+  ke mamlɛawo lé eƒe kluviawo, wɔ fu wo eye wowu wo.  “Ale fia la do dziku, eye wòdɔ eƒe aʋakɔwo ɖa woyi ɖawu amewula mawo eye wotɔ dzo woƒe du la.+  Eye wògblɔ na eƒe kluviawo be, ‘Nu sia nu sɔ gbe na srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuɖu, gake ame siwo wokpe la medze o.+  Eya ta miyi dua ƒe mɔ gãwo dzi ne miakpe ame sia ame si miakpɔ la va srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe.’+ 10  Ale kluvi mawo do go yi mɔwo dzi, eye woƒo ame siwo katã wokpɔ la nu ƒu, ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa; ale amewo yɔ srɔ̃ɖekplɔ̃a ŋu fũu le xɔ si me wole srɔ̃a ɖem le la me. 11  “Esi fia la va be yealé ŋku ɖe ame kpekpeawo ŋu la, ekpɔ ŋutsu aɖe si medo srɔ̃ɖewu o la le afi ma. 12  Ebiae be, ‘Xɔ̃, aleke nèwɔ ge ɖe afi sia evɔ mèdo srɔ̃ɖewu o?’ Ke mete ŋu ke nu o. 13  Eye fia la gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Mibla eƒe asiwo kple afɔwo, eye mitsɔe ƒu gbe ɖe viviti la me le xexe. Afi mae wòafa avi ahaɖu aɖukli le.’ 14  “Elabena ame geɖewoe wokpe, ke ame ʋɛ aɖewo koe wotia.” 15  Eye Farisitɔwo dzo yi ɖade adaŋu, ne woatsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.+ 16  Eya ta wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo kple Herodes habɔbɔ+ me nɔlawo ɖe egbɔ gblɔ be: “Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me, eye mèdea ame dzi o, elabena mèwɔa nu ɖe ale si amewo dzena le gotae la nu o. 17  Eya ta gblɔe na mí: Nu kae nèsusu? Ðe se ɖe mɔ* be míaxe adzɔ na Kaisaro loo alo se meɖe mɔ o?” 18  Ke esi Yesu kpɔ woƒe vɔɖivɔ̃ɖi dze sii la, egblɔ be: “Alakpanuwɔlawo, nu ka tae miele mɔ̃ trem nam? 19  Mitsɔ gaku si wotsɔna xea adzɔ la vɛ makpɔ.” Wotsɔ denario* ɖeka vɛ nɛ. 20  Eye wòbia wo be: “Ame ka ƒe nɔnɔmetata kple nuŋɔŋlɔe nye esia?” 21  Wogblɔ be: “Kaisaro tɔe.” Eye wògblɔ na wo be: “Ekema mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, ke mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.”+ 22  Esi wose esia la, woƒe nu ku, eye wogblẽe ɖi dzo. 23  Gbe ma gbe Zadukitɔwo, ame siwo gblɔna be tsitretsitsi+ aɖeke meli o la, va biae be:+ 24  “Nufiala, Mose gblɔ be: ‘Ne ŋutsu aɖe ku, evɔ vi mele esi o la, nɔviaŋutsu naxɔ srɔ̃a aɖe ne wòado ƒome ɖi nɛ.’+ 25  Nɔviŋutsu adre nɔ mía dome. Gbãtɔa ɖe srɔ̃ eye wòku, gake esi medzi vi aɖeke o ta la, nɔvia xɔ nyɔnua ɖe. 26  Nu ma kee dzɔ ɖe evelia kple etɔ̃lia dzi va se ɖe wo ame adrea katã dzi. 27  Mlɔeba nyɔnua hã ku. 28  Eya ta le tsitretsitsia me ɖe, ŋutsu adreawo dometɔ ka srɔ̃ wòanye? Elabena wo katã woɖee kpɔ.” 29  Yesu ɖo eŋu na wo be: “Mieda ƒu, elabena mienya Ŋɔŋlɔawo loo alo Mawu ƒe ŋusẽ la o;+ 30  elabena le tsitretsitsia me la, ŋutsuwo maɖe srɔ̃ o, eye womatsɔ nyɔnuwo ana be woaɖe o, ke boŋ woanɔ abe mawudɔla siwo le dziƒo la ene.+ 31  Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi ŋuti la, ɖe miexlẽ nya si Mawu gblɔ na mi be: 32  ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu’ la oa?+ Menye ame kukuwo ƒe Mawue wònye o, ke boŋ agbagbeawo tɔe.”+ 33  Esi amehaawo se nya siawo la, woƒe nu ku le ale si wòfia nui ta.+ 34  Esi Farisitɔwo se be etsi nya ɖe Zadukitɔwo nu la, wolɔ hoo va. 35  Esi wo dometɔ ɖeka si nya Sea nyuie la di be yeadoe kpɔ la, ebiae be: 36  “Nufiala, sedede kae nye gãtɔ le Se la me?”+ 37  Egblɔ nɛ be: “‘Lɔ̃ Yehowa* wò Mawu kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ* blibo kpakple wò tamesusu blibo.’+ 38  Esiae nye sedede gãtɔ kple gbãtɔ. 39  Evelia si ɖii lae nye esi: ‘Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.’+ 40  Wotu Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ƒe nyawo ɖe sedede eve siawo dzi.”+ 41  Ke esi Farisitɔwo ƒo ƒu la, Yesu bia wo be:+ 42  “Nu kae miesusu le Kristo la ŋu? Ame ka vie wònye?” Woɖo eŋu nɛ be: “David vie.”+ 43  Egabia wo be: “Ekema aleke wɔ gbɔgbɔ ʋã+ David wòyɔe be ‘Aƒetɔ,’ esi wògblɔ be: 44  ‘Yehowa* gblɔ na nye Aƒetɔ be: “Bɔbɔ nɔ nye ɖusime va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo ade wò afɔ te”’?+ 45  Azɔ ne David yɔe be ‘Aƒetɔ’ ɖe, ke aleke wɔ wònye via?”+ 46  Ame aɖeke mete ŋu ɖo nya ŋu nɛ o, eye tso gbe ma gbe la, ame aɖeke mete ŋu do dzi gabia nya bubu aɖekee o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ðe wòsɔ.”