Dɔwɔwɔwo 8:1-40

  • Saul, yometila la (1-3)

  • Subɔsubɔdɔ si Filipo wɔ le Samaria la tse ku (4-13)

  • Wodɔ Petro kple Yohanes ɖe Samaria (14-17)

  • Simon di be yeaƒle gbɔgbɔ kɔkɔea (18-25)

  • Etiopiatɔwo ƒe amegã (26-40)

8  Ke Saul da asi ɖe edzi be woawui.+ Gbe ma gbe kee yometiti gã aɖe va hame si le Yerusalem la dzi; wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria nutowo me, negbe apostoloawo ko.+  Ke ŋutsu mawuvɔ̃la aɖewo kɔ Stefano yi ɖaɖi, eye wofae vevie.  Saul ya de asi nugbegblẽ le hame la ŋu me. Egena ɖe aƒewo me ɖekaɖeka, eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa doa goe, eye wònana wodea wo gaxɔ me.+  Ke ame siwo woka hlẽ la nɔ gbeƒã ɖem nya nyui la le afi sia afi si woyi.+  Filipo yi Samaria-dua*+ me, eye wònɔ gbeƒã ɖem Kristo la na wo.  Esi amehawo se nya siwo gblɔm Filipo nɔ eye wokpɔ dzesi siwo wɔm wònɔ la, woɖo toe nyuie kple dzi blibo.  Elabena gbɔgbɔ makɔmakɔwo le ame geɖe me, eye wodoa ɣli sesĩe hedoa go.+ Eda gbe le ame geɖe siwo nye lãmetututɔwo kple nuwɔametɔwo hã ŋu.  Ale dua me tɔwo kpɔ dzidzɔ ale gbegbe.  Ke ŋutsu aɖe le dua me, si ŋkɔe nye Simon; enye dzotɔ si wɔa nukunuwo tsã wòwɔa nuku na amewo le Samaria dua me, eye wògblɔna be ŋusẽtɔ gã aɖee yenye. 10  Eye wo katã, tso ɖeviwo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, léa to ɖe eŋu hegblɔna be: “Ame siae nye Mawu ƒe Ŋusẽ, si woyɔna be Ŋusẽ Triakɔ.” 11  Ale woléa to ɖe eŋu, elabena tso ɣeaɖeɣi ke la, dzesi siwo wòwɔna nana amewo ƒe nu kuna. 12  Ke esi Filipo nɔ gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe+ la kple Yesu Kristo ƒe ŋkɔ ŋuti nya nyuia la, amewo xɔ Filipo dzi se, eye wonyrɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ɖe tsi me.+ 13  Simon ŋutɔ hã va zu xɔsetɔ, eye esi wòxɔ nyɔnyrɔ vɔ la, enɔ Filipo ŋu kplikplikpli;+ eye esi wòkpɔ dzesiwo kple ŋusẽdɔ gã siwo wɔm wòle la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ. 14  Esi apostolo siwo le Yerusalem se be Samaria xɔ Mawu ƒe nyaa+ la, wodɔ Petro kple Yohanes ɖe wo gbɔ; 15  eye ame siawo yi ɖado gbe ɖa ɖe wo ta be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe.+ 16  Togbɔ be wonyrɔ wo ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ me hã la, womexɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la haɖe o.+ 17  Eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi,+ eye woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la. 18  Ke esi Simon kpɔ be, ne apostoloawo da asi ɖe amewo dzi la, woxɔa gbɔgbɔa la, etsɔ ga vɛ na wo 19  gblɔ be: “Mina ŋusẽ sia nye hã, ale be ame sia ame si dzi mada nye asiwo ɖo la naxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea.” 20  Ke Petro gblɔ nɛ be: “Wò kple wò klosalo la siaa miatsrɔ̃, elabena èbu xaa be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana faa la kple ga.+ 21  Wɔƒe alo gome aɖeke meli na wò le nya sia me o, elabena wò dzi mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o. 22  Eya ta trɔ dzi me tso tame vɔ̃ sia si nèɖo la me nàƒo koko na Yehowa,* ɖewohĩ atsɔ tame vɔ̃ si nèɖo le dzi me la ake wò; 23  elabena mekpɔe be aɖi veve kple nu madzɔmadzɔ ƒe kluvie nènye.” 24  Simon ɖo eŋu na wo be: “Miawo ŋutɔwo miɖe kuku na Yehowa* ɖe tanye, ne nu siwo miegblɔ la ƒe ɖeke nagadzɔ ɖe dzinye o.” 25  Eya ta esi woɖi ɖase tsitotsito hegblɔ Yehowa* ƒe nya la na wo vɔ la, wogatrɔ ɖo ta Yerusalem, eye wogblɔ nya nyui la le Samaria kɔƒe geɖe me le mɔa dzi.+ 26  Ke Yehowa* ƒe dɔla+ ƒo nu kple Filipo be: “Tso nàyi anyiehe gome le mɔ si tso Yerusalem yi Gaza la dzi.” (Mɔ sia nye gbedzimɔ.) 27  Ale wòtso heyi, eye kpɔ ɖa, Etiopiatɔwo ƒe amegã* aɖe, si nye ŋusẽtɔ le Etiopia-fianyɔnu Kandake te, eye wònye eƒe kesinɔnuwo katã dzi kpɔla, lae nye esi. Eyi Yerusalem va de ta agu,+ 28  eye wòtrɔ gbɔna hebɔbɔ nɔ eƒe tasiaɖam me nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm sesĩe. 29  Eya ta gbɔgbɔ la gblɔ na Filipo be: “Te ɖe tasiaɖam sia ŋu.” 30  Filipo ƒu du yi egbɔ, eye wòsee ŋutsua nɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm sesĩe, eye wòbiae be: “Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sem ŋutɔŋutɔa?” 31  Egblɔ be: “Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?” Eya ta ebia tso Filipo si be wòaɖo tasiaɖam la anɔ anyi ɖe ye gbɔ. 32  Ke Ŋɔŋlɔa ƒe akpa si xlẽm wònɔ lae nye esi: “Wokplɔe abe alẽ ene yi wuwuƒe, eye meke nu o, abe ale si alẽvi zia ɖoɖoe le eƒe fukola ŋkume ene.+ 33  Esi wobɔbɔe ɖe anyi la, womedrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nɛ o.+ Ame kae agblɔ eƒe dzidzimeŋunya? Elabena woɖe eƒe agbe ɖa le anyigba dzi.”+ 34  Amegã la bia Filipo be: “Meɖe kuku, ame ka ƒe nya gblɔmee nyagblɔɖila la le? Eya ŋutɔ ŋu nyae loo alo ame bubu aɖea?” 35  Ale Filipo ƒo nu, eye wòdze egɔme tso ŋɔŋlɔ sia dzi gblɔ Yesu ŋu nya nyui la nɛ. 36  Ke esi wole mɔa dzi yina la, wova ɖo tsi aɖe gbɔ, eye amegã la gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Tsie nye esi; nu kae xe mɔ na nye nyɔnyrɔxɔxɔ?” 37  * —— 38  Ale wòna wotɔ tasiaɖam la, eye Filipo kple amegã la woɖi yi tsi la me, eye wònyrɔe. 39  Esi wodo le tsia me la, Yehowa* ƒe gbɔgbɔ kplɔ Filipo dzoe enumake, eye amegã la megakpɔe o, ke eyi eƒe mɔzɔzɔa dzi kple dzidzɔ. 40  Filipo va do ɖe Asdod, eye wòle tsatsam le nutoa me godoo le nya nyui la gblɔm le duawo katã me va se ɖe esime wòɖo Kaisarea.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Samaria-du aɖe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame tata.”