Marko 15:1-47

  • Yesu le Pilato ŋkume (1-15)

  • Woɖu fewu le eŋu (16-20)

  • Wohee ɖe ati ŋu le Golgata (21-32)

  • Yesu ku (33-41)

  • Yesu ɖiɖi (42-47)

15  Le ŋufɔke ƒe fɔŋli la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo kpakple agbalẽfialawo, ɛ̃, Sanhedrin blibo la, de adaŋu, eye wobla Yesu hekplɔe yi na Pilato.+  Eye Pilato biae be: “Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la?”+ Eɖo eŋu nɛ be: “Eya tututue nye ema nègblɔ.”+  Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo tsɔ nya geɖewo ɖe eŋu.  Azɔ Pilato gabiae be: “Mèle nya aɖeke ŋu ɖo ge oa?+ Kpɔ nya gbogbo siwo tsɔm wole ɖe ŋuwò ɖa.”+  Ke Yesu megaɖo nya aɖeke ŋu o, eye wòwɔ nuku na Pilato ale gbegbe.+  Ke le ŋutitotoŋkekenyui ɖe sia ɖe dzi la, eɖea asi le gamenɔla ɖeka si wobia la ŋu na wo.+  Ɣemaɣi la, ŋutsu aɖe si woyɔna be Baraba la le gaxɔ me hekpe ɖe aglãdzela bubuwo ŋu, ame siawo wu ame le woƒe aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu me.  Eya ta ameha la va do hede asi Pilato biabia me be wòawɔ nu si wòwɔna na yewo ɖaa la.  Pilato bia wo be: “Miedi be maɖe asi le Yudatɔwo ƒe Fia la ŋu na mia?”+ 10  Elabena Pilato nya be ŋuʋaʋã tae nunɔlawo ƒe tatɔwo de Yesu asi ɖo.+ 11  Ke nunɔlawo ƒe tatɔwo ƒlɔ dzo ɖe ameha la te be woabia be wòaɖe asi le Baraba boŋ ŋuti na yewo.+ 12  Eye Pilato gabia wo be: “Ekema nu kae mawɔ ame si mieyɔna be Yudatɔwo ƒe Fia la?”+ 13  Wogado ɣli be: “Hee ɖe ati ŋu!”+ 14  Ke Pilato gabia wo be: “Nu ka tae? Nu vɔ̃ɖi kae wòwɔ?” Ðeko wogado ɣli sesĩe wu be: “Hee ɖe ati ŋu!”+ 15  Eye esi Pilato di be yeadze ameha la ŋu ta la, eɖe asi le Baraba ŋu na wo; eye esi wòna woƒo Yesu kple atam+ vɔ la, eɖe asi le eŋu be woahee ɖe ati ŋu.+ 16  Azɔ asrafoawo kplɔe yi nutodziɖula la ƒe fiasãa ƒe xɔxɔnu, eye woyɔ asrafoha blibo la ƒo ƒu.+ 17  Wodo awu hɛ̃ aɖe nɛ, eye wotsɔ ŋù lɔ̃ fiakuku ɖɔ nɛ; 18  eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm nɛ be: “Míedo gbe na wò, Yudatɔwo ƒe Fia!”+ 19  Eye wotsɔ aɖa nɔ tame ƒom nɛ, woɖe ta ɖe eŋu, eye wodze klo hebɔbɔ nɛ. 20  Mlɔeba esi woɖu fewu le eŋu vɔ la, woɖe awu hɛ̃ la le eŋu, eye wogatsɔ eƒe awudziwuiwo do nɛ. Eye wokplɔe do goe be woahee ɖe ati ŋu.+ 21  Eye wozi Simon, Kirenetɔ, si tso eme va yina, ame si tso agbleta gbɔna, eye wònye Aleksandro kple Rufo fofo la dzi be wòatsɔ Yesu ƒe fuwɔameti*+ la. 22  Eye wokplɔe va teƒe si woyɔna be Golgata, si gɔmee nye “Ametakoliƒe.”+ 23  Wotsɔ wain si wotsaka kple mire la nɛ+ le afi ma, gake menoe o. 24  Eye wohee ɖe ati ŋu, wodzidze nu ɖe eƒe awuwo dzi be woakpɔ esi ame sia ame axɔ, eye woma wo.+ 25  Gaƒoƒo etɔ̃lia* mee wohee ɖe ati ŋu. 26  Eye woŋlɔ nya si wotsɔ tso enu la be: “Yudatɔwo ƒe Fia La.”+ 27  Wohe adzodala eve hã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋu le eƒe axawo dzi, ɖeka le eƒe ɖusime, eye evelia le eƒe miame.+ 28  * —— 29  Eye ame siwo to teƒea va yina la dzui, heʋuʋu ta+ gblɔ be: “Hoo na wò! Wò ame si gblɔ be yeamu gbedoxɔa aƒu anyi ahagbugbɔe atu le ŋkeke etɔ̃ me,+ 30  ɖe ɖokuiwò ne nàɖi tso fuwɔametia ŋu.” 31  Nenema kee nunɔlawo ƒe tatɔwo kple agbalẽfialawo hã le fewu ɖum le eŋu le gbɔgblɔm na wo nɔewo be: “Exɔ na ame bubuwo; mate ŋu axɔ na eɖokui o!+ 32  Kristo, Israel ƒe Fia, neɖi tso fuwɔametia* ŋu míakpɔ azɔ, ne míaxɔ edzi ase.”+ Ame siwo wohe ɖe ati ŋu le exa hã do vloe.+ 33  Esi gaƒoƒo adelia* ɖo la, viviti do ɖe anyigba ma katã dzi va se ɖe gaƒoƒo asiekelia*+ dzi. 34  Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi la, Yesu do ɣli sesĩe be: “Eli, Eli, lama sabaktani?” si gɔmee nye: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?”+ 35  Esi ame siwo le tsitre ɖe egbɔ dometɔ aɖewo see la, wogblɔ be: “Kpɔ ɖa! Ele Eliya yɔm.” 36  Ke ame aɖe ƒu du tsɔ ƒumekutsa de wain tsitsi me, etsɔe ɖo aɖa nu, eye wòtsɔe nɛ be wòano+ hegblɔ be: “Miɖe asi le eŋu! Mina míakpɔe ɖa be Eliya ava ɖee le atia ŋu hã.” 37  Ke Yesu do ɣli sesĩe, eye wòku.*+ 38  Eye gbedoxɔmetsovɔ+ la dze ɖe eve tso etame va se ɖe egɔme.+ 39  Ke esi asrafomegã si le tsitre dze ŋgɔe la kpɔ nu siwo dzɔ hafi wòku la, egblɔ be: “Mawu ƒe Vie ame sia nye vavã.”+ 40  Nyɔnu aɖewo hã le adzɔge le nu kpɔm, wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ kple Maria, si nye Yakobo Suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome;+ 41  ame siawoe kplɔnɛ ɖo hesubɔnɛ+ esime wònɔ Galilea, eye nyɔnu bubu geɖe siwo kplɔe ɖo va Yerusalem hã kpe ɖe wo ŋu. 42  Ke le fiẽ me, esi wònye Dzadzraɖoŋkeke si nye ŋkeke si doa ŋgɔ na Sabat la ta la, 43  Yosef si tso Arimatia, ame si nye Adaŋudeha la me tɔ xɔŋkɔ aɖe la va, ame si ŋutɔ hã le Mawu Fiaɖuƒe la lalam. Edo dzi yi Pilato gbɔ ɖabia Yesu ƒe kukua.+ 44  Ke Pilato di be yeanya ne eku xoxo, eya ta eyɔ asrafomegãa hebiae se be ɖe Yesu ku xoxo mahã. 45  Eye esi asrafomegã la ɖo kpe edzi nɛ la, eɖe mɔ na Yosef be wòaxɔ ame kukua. 46  Eya ta eƒle aklala biɖibiɖi, eye wòɖe Yesu le atia ŋu, exatsa aklala biɖibiɖi la ɖe eŋu, eye wòtsɔe mlɔ yɔdo*+ si woɖe ɖe agakpe me la me; eye wòmli kpe xe yɔdoa nu.+ 47  Ke Maria Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, kpɔtɔ nɔ afi si wotsɔe mlɔ kpɔm.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, ŋdi ga 9 lɔƒo.
Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.
Alo, “eƒe gbɔgbɔ nu tso.”
Alo, “ŋkuɖodziyɔdo.”